Ta 19
Nu Fiafia Samaria-Nyɔnu Aɖe
ESI Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo tso Yudea yina Galilea la, wozɔ to Samaria-nuto me. Le ɖeɖiteameŋu ta la, wotɔ ɖe vudo aɖe si te ɖe du si nye Sixar ŋu la gbɔ abe ŋdɔ me ene be yewoaɖi ɖe eme. Yakob ye ɖe vudo sia ƒe alafa geɖe va yi, eye eli vaseɖe egbea gɔ̃ hã le teƒe si gogo egbegbedu si nye Nablus la.
Esi Yesu nɔ ɖiɖim ɖe eme le afisia la, eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe dua me yi nuɖuɖu ƒle ge. Esi Samaria-nyɔnu aɖe va tsi du ge la, Yesu biae be: “Na ɖem mano.”
Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o le wo dome nazãbubu siwo xɔ aƒe ɖe wo me ta. Eyata nyɔnua ƒe mo wɔ yaa wòbia be: “Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Ðe nènya . . . amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ abiae, eye wòana agbetsi wò boŋ.”
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudoa me goglo; afika gɔ̃ nèkpɔ agbetsi la tsoe mahã? Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mí, eye eya ŋutɔ kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?”
Yesu gblɔ be: “Amesiame, si le tsi sia ƒe ɖe nom la, tsikɔ agawui; ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.”
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na tsi siam, bena tsikɔ nagawum alo mava afisia tsi du ge o.”
Azɔ Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.”
Eɖo eŋu be: “Srɔ̃ mele asinye o.”
Yesu ɖo kpe eƒe nya la ƒe nyateƒenyenye dzi. “Ègblɔe nyuie bena: Srɔ̃ mele asinye o; elabena ŋutsu atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye amesi le asiwò fifia la, menye srɔ̃wò wònye o.”
Ewɔ nuku na nyɔnua wògblɔ be: “Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.” Esi nyɔnua nɔ alesi wòtsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me ɖem fia la, egblɔ be Samariatɔwo ‘dea ta agu le to sia [Gerizim-to si nɔ afima] dzi, ke [mi Yudatɔwo] miegblɔna be Yerusalem ye nye teƒe si wòle be woade ta agu le.’
Gake Yesu ɖee fia be menye tadeaguƒe lae nye nu vevitɔ o. Egblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, . . . esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia gbedoɖala siawo tɔgbe. Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”
Esia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi vevie ŋutɔ, eye wògblɔ be: “Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.”
Yesu gblɔ be: “Nye, amesi le nu ƒom na wò la, nyee.” Bu eŋu kpɔ! Nyɔnu sia si va tsi ku ge le ɣeɖota, ɖewohĩ be yemagado go dua me nyɔnu aɖeke si ado vlo yeƒe agbenɔnɔ ta o la kpɔ amenuveve tso Yesu gbɔ le nukumɔ dzi. Egblɔ nusi meɖe gblɔ na ame aɖeke o la nɛ kã. Nukawoe do tso eme?
Samariatɔ Geɖe Xɔ Edzi Se
Esi nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ kple nuɖuɖu tso Sixar la, woke ɖe Yesu ŋu le Yakob ƒe vudoa to le afisi wodzo le egbɔ le, eye afisiae wòle nu ƒom na Samaria-nyɔnua le fifia. Esi eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo la, nyɔnua dzo eye wògblẽ eƒe tsizea ɖi heɖo ta dua me.
Esi nya si Yesu gblɔ nɛ la dzɔ dzi nɛ ŋutɔ ta la, egblɔ na duametɔwo be: “Miva kpɔ ame aɖe, si gblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la nam.” Ebia nya le mɔ si anyɔ ɖetsɔleme ɖe ame me nu be: “Ðe menye esia nye Kristo la oa?” Nyabiabia la ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ—ameawo ŋutɔ va kpɔe ɖa.
Le ɣeyiɣi sia me, nusrɔ̃lawo nɔ eƒom ɖe Yesu nu be wòava ɖu nusi yewotsɔ tso dua me vɛ. Gake eɖo eŋu be: “Nye la nuɖuɖu le asinye, be maɖu, si miawo mienya o.”
Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be: “Ðe ame aɖe na nanee wòɖu mahã?” Yesu ɖe eme na wo be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu. Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ eye nuŋeɣi la laɖo o mahã?” Gake le asi fiafia gbɔgbɔmenuŋeŋe la me la, Yesu gblɔ be: “Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe. Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.”
Ðewohĩ Yesu te ŋu kpɔ dɔ gã si eƒe go dodo Samaria-nyɔnua wɔ ɖe amewo dzi xoxo—be ame geɖe le edzi xɔm le sesem le eƒe ɖaseɖiɖi ta. Nyɔnua le ɖase ɖim na duametɔwo eye wògblɔ be: “Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiam.” Eyata esi Sixartɔwo va egbɔ le vudoa to la, wobia tso esi be wòatsi yewo gbɔ ahagblɔ nya bubuwo akpee na yewo. Yesu lɔ̃ ɖe woƒe biabia la dzi eye wòtsi afima ŋkeke eve.
Esi Samariatɔwo nɔ Yesu ƒe nyawo sem la, ame geɖe xɔe se. Eye wogblɔ na nyɔnua be: “Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti míexɔe se ɖo o, elabena mía ŋutɔwo míese, eye míenya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.” Kakaɖedzitɔe la, Samaria-nyɔnua ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le alesi míate ŋu aɖi ɖase tso Kristo ŋue me to ɖetsɔleme si míanyɔ ɖe amewo me bene woadi be yewoanya nu geɖe wu tso Kristo ŋu la dzi!
Ðo ŋku edzi be esusɔ ɣleti ene hafi nuŋeŋea nadze egɔme—edze ƒã be esiae nye lu si woŋena le Palestina le adame. Eyata fifia anye November alo December me. Esia fia be le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ Yudea abe ɣleti enyi ene eye wonɔ nu fiam henɔ nyɔnyrɔ̃ nam amewo. Fifia wodzo yi Galilea-nutoa si nye wo de la me. Nukae le wo lalam le afima? Yohanes 4:3-43.
▪ Nukatae wòwɔ nuku na Samaria-nyɔnua be Yesu ƒo nu na ye?
▪ Nukae Yesu fiae tso agbetsi kple afisi woade ta agu le ŋuti?
▪ Aleke Yesu ɖe amesi wònye la fiae, eye nukatae nya si wòɖe ɖe go la wɔ nuku nenema?
▪ Ðase kae Samaria-nyɔnua ɖi eye nukae nye emetsonu?
▪ Aleke Yesu ƒe nuɖuɖu do ƒome kple nuŋeŋe lae?
▪ Aleke míawɔ anya ɣeyiɣi didi si Yesu ƒe subɔsubɔdɔa xɔ le Yudea le ƒe 30 M.Ŋ. me megbe?