INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 95
  • Ale Si Yesu Fiaa Nui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Yesu Fiaa Nui
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Havi Nyui Abe “Samariatɔ Havilɔ̃la” Ene?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Samariatɔ Havilɔ̃la Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 95
Samariatɔ havilɔ̃laa le abi blam na Yudatɔ si woƒo la

ŊUTINYA 95

Ale Si Yesu Fiaa Nui

GBEÐEKA la, Yesu gblɔ na ŋutsu aɖe be ele be wòalɔ̃ ehavi. Ŋutsu la bia Yesu be: ‘Amekae nye hanyevi?’ Yesu nya nusi le susu me na ŋutsu sia. Ŋutsu la bu be amesiwo nye yewo detɔwo alo subɔsubɔha me tɔwo koe nye ye haviwo. Eyata na míakpɔ nusi Yesu gblɔ nɛ la ɖa.

Ɣeaɖewoɣi la, Yesu gblɔa ŋutinya hetsɔna fiaa nui. Ŋutinyae wògblɔ fifia hã. Egblɔ Yudatɔ kple Samariatɔ aɖe ƒe ŋutinya. Míesrɔ̃e xoxo be Yudatɔ geɖe melɔ̃a Samariatɔwo ƒe nya o. Azɔ Yesu ƒe ŋutinya lae nye esi:

Gbeɖeka la, Yudatɔ aɖe zɔ mɔ to to aɖe dzi yina Yerixo. Gake adzodalawo va dze edzi. Woxɔ eƒe ga heƒoe vaseɖe esime wòku kloe.

Emegbe la, Yuda-nunɔla aɖe va to mɔa dzi yi. Ekpɔ ŋutsu si woƒo la. Nukae nèsusu be wòwɔ? Ðeko wòtso mɔa me yi mɔa ƒe akpa kemɛ hedzo. Mawu subɔla vevi aɖe hã va yi. Lewitɔe wònye. Ðe wòtɔa? Ao, eya hã metɔ be yeakpe ɖe amesi woƒo la ŋu o. Kpɔ nunɔla kple Lewitɔ lae ma le adzɔge yina ɖa.

Gake kpɔ amesi le amesi woƒo la gbɔ ɖa. Samariatɔ wònye. Ele kpekpem ɖe Yudatɔa ŋu. Ele atike ɖom abiawo dzi nɛ. Emegbe la, ekɔ Yudatɔ la yi afisi wòate ŋu aɖi ɖe eme ahahaya le.

Esi Yesu wu eƒe ŋutinya la nu vɔ la, egblɔ na amesi bia nya lae la be: ‘Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ nu abe amesi woƒo la havi ene? Nunɔla la, Lewitɔ la, alo Samariatɔ lae mahã?’

Ŋutsua ɖo eŋu be: ‘Samariatɔ lae. Enyo dɔme na amesi woƒo la.’

Yesu gblɔ be: ‘Èto nyateƒe. Eyata heyi, nàwɔ na ame bubuwo abe alesi wòwɔ ene.’

Alesi Yesu fiaa nui la menya se na wò oa? Ðe míate ŋu asrɔ̃ nu vevi geɖe ne míeɖo to nusi Yesu gblɔna tso Biblia me la oa?

Luka 10:25-37.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe