INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 15 axa 82-86
  • Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ale Si Yesu Fiaa Nui
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Havi Nyui Abe “Samariatɔ Havilɔ̃la” Ene?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Samariatɔ Aɖe Nye Havi Nyui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 15 axa 82-86

TA 15

Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe

Nyɔnuvi eve

ÈNYA nusi nye nazãbubua?— Nazãbubu enye be womalɔ̃ ame aɖe ƒe nya o le esi amea ƒe ŋutigbalẽ to vovo alo le esi wòdoa gbe bubu ta. Eyata be woabu nazã fia be woabu susu vɔ̃ ɖe ame aɖe ŋu do ŋgɔ hafi ava nya amea ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ.

Èbu be enyo be woagbe ame aɖe lɔlɔ̃ do ŋgɔ hafi ava dze si amesi ƒomevi amea nye, alo be woagbe amea lɔlɔ̃ le esi wòto vovo dzaa ko ta?— Kura o, nazãbubu menyo o, eye mefia dɔmenyonyo hã o. Mele be míagbe dɔmekɔkɔ ɖe ame ŋu le esi amea to vovo na mí ta o.

Bu nya sia ŋu kpɔ. Ènya ame aɖe si ƒe ŋutigbalẽ to vovo na tɔwò alo amesi doa gbe bubu si menye mia degbe oa?— Ðewohĩ èdze si ame aɖewo gɔ̃ hã siwo ƒe nɔnɔme to vovo le esi nuvevi aɖe wɔ wo alo le esi wole dɔ lém ta. Ènyoa dɔme na amesiwo to vovo na wò eye nèɖea lɔlɔ̃ fiaa woa?—

Ŋutsuvi eve siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo na wo nɔewo la le fefem ɖekae

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo na mía tɔ ŋui?

Ne míeɖoa to Nufiala Gã Yesu Kristo la, ke míanyo dɔme na amesiame. Eye metsɔ le eme dukɔ si me amea tso alo ŋutigbalẽ ƒe amadede si le amea ŋu o. Ele be míanyo dɔme nɛ. Togbɔ be menye amesiamee xɔe se alea o hã la, enye nusi Yesu fia mí be míawɔ. Na míaƒo nu tso eƒe nufiamea ŋu.

Yudatɔ aɖe si bua nazã ɖe ame bubuwo ŋu la va Yesu gbɔ va biae bena, ‘Nukae wòdze be mawɔ bene manɔ agbe tegbee mahã?’ Yesu nya be ɖewohĩ ɖe ŋutsua nɔ didim be wòaɖo eŋu na ye be ele be míanyo dɔme na amesiwo nye mía detɔwo alo nye míaƒe dukɔmeviwo ko. Eyata le esi teƒe be Yesu ŋutɔ naɖo nyaa ŋu nɛ tẽ la, etrɔ bia ŋutsua be: ‘Nukae Mawu ƒe Sea gblɔ be edze be míawɔ?’

Ŋutsua ɖo eŋu be: ‘Nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu la kple wò dzi blibo eye nàlɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Èɖo ŋu nyuie. Yi esia wɔwɔ dzi, eye àkpɔ agbe mavɔ.’

Gake ŋutsua medi be yeanyo dɔme na amesiwo to vovo na ye alo be yealɔ̃ wo o. Eyata edze agbagba di nya aɖe be yeatsɔ aɖe ye ɖokui nui. Ebia Yesu be: ‘Ameka koŋ enye hanyevi ŋutɔŋutɔ mahã?’ Anya nɔ didim be Yesu nagblɔ be: “Hawòviwoe nye xɔ̃wòwo” alo, “Woawoe nye amesiwo ƒe ŋutigbalẽ le abe tɔwò ene.” Gake Yesu gblɔ ŋutinya aɖe si ku ɖe Yudatɔ aɖe kple Samariatɔ aɖe ŋu tsɔ ɖo biabiaa ŋu nɛ. Ŋutinyaa enye si.

Gbeɖeka ŋutsu aɖe le mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yerixo. Yudatɔe ŋutsua nye. Esi wòle azɔli dzi yina la, adzodalawo va dze edzi. Woƒoe ƒu anyi, eye woxɔ eƒe ga kple awuwo le esi. Adzodalaawo ƒoe eye wogblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nunɔla aɖe va to mɔ ma. Ekpɔ ŋutsu si ŋu wode abii vevie la. Ne wòe ɖe, nukae nàwɔ?— Ðeko nunɔla la dze to akpa bubu dzo. Metɔ te kura gɔ̃ hã o. Mewɔ naneke kura be yeatsɔ akpe ɖe ŋutsua ŋu o.

Nunɔla aɖe kple Lewi vi aɖe dze to ŋutsu aɖe si le mɔ dzi eye wòku afã kple afã ŋu; Samariatɔ aɖe gbɔna

Eyome ŋutsu bubu si doa vevie mawusubɔsubɔ hã va to mɔ ma. Enye Lewitɔ, amesi subɔna le gbedoxɔa me le Yerusalem. Ðe wòtɔ te kpe ɖe eŋutia?— Ao. Eya hã wɔ pɛpɛpɛ abe nunɔla la ene.

Mlɔeba la, Samariatɔ aɖe va to mɔ ma. Àte ŋu akpɔe le mɔa ƒe gɔglɔ̃eƒe wògbɔnaa?— Ekpɔ Yudatɔ si xɔ abi vevie wòmlɔ afima. Gake Samariatɔwo kple Yudatɔwo dometɔ akpa gãtɔ melɔ̃a wo nɔewo ƒe nya kura o. (Yohanes 4:9) Eyata ɖe Samariatɔ sia agblẽ ŋutsua ɖi agbe kpekpeɖeŋu nanaea? Ðe wòagblɔ le eɖokui me be: ‘Nukata wòle be makpe ɖe Yudatɔ sia ŋuti? Ne nyee xɔ abi la, anye ne makpe ɖe ŋunye o ɖe’?

Samariatɔ la ɖi le eƒe tedzi dzi eye wokpe ɖe ŋutsu si le mɔa dzi la ŋu

Nukata Samariatɔ lae nye havi nyui?

Samariatɔ sia kpɔ ŋutsua wòmlɔ mɔa to, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu wòse veve ɖe enu. Mate ŋu agblẽe ɖe afima wòaku o. Eyata eɖi le eƒe lã si dom wòle la dzi yi ŋutsua gbɔ, eye wòtrɔ asi le eƒe abiawo ŋu nɛ. Etsɔ ami kple wein kɔ ɖe wo me. Esia ana abiawo naku kaba. Emegbe etsɔ avɔ bla abiawo nɛ.

Samariatɔa kɔ ŋutsu si xɔ abi la ɖɔɖɔɖɔ ɖo eƒe lã la dzi. Emegbe wozɔ mɔa ɖɔɖɔɖɔ vaseɖe esime woɖo amedzrodzeƒe aɖe. Samariatɔa kpɔ teƒe aɖe le afisia na ŋutsua be wòanɔ, eye wòlé be nɛ nyuie.

Azɔ Yesu bia ŋutsu si wòle nu ƒom na la be: ‘Le ame etɔ̃ siawo dome la, kae nèsusu be enye havi nyui?’ Aleke nàɖo eŋui? Nunɔla yea, Lewitɔa yea, alo Samariatɔ lae?—

Ŋutsua ɖo eŋu bena: ‘Amesi tɔ eye wòkpɔ ŋutsu si dze afɔkua gbɔ lae nye havi nyui.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Èɖo eŋu nyuie. Yi, eye wò hã nàwɔ nenema.’—Luka 10:25-37.

Ðe menye ŋutinya nyui aɖee nye ma oa? Ena amesi mía haviwo nye la me kɔ ƒã. Menye mía xɔlɔ̃ veviwo koe nye mía haviwo o. Eye menye amesiwo ƒe ŋutigbalẽ le abe mía tɔ ene alo amesiwo doa mía degbe koe nye mía haviwo o. Yesu fia mí be míanyo dɔme na amewo afika ke woɖatso o, aleke ke woɖale o, alo gbe kae woɖadona o.

Aleae Yehowa Mawu le. Mebua nazã ɖe amewo ŋu alo dea vovototo wo me o. Yesu gblɔ be: ‘Mia Fofo si le dziƒo la nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa. Eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.’ Eyata ele be míawo hã míanyo dɔme na amewo katã, abe alesi Mawu nyoa dɔme na wo ene.—Mateo 5:44-48.

Nyɔnuvi aɖe le kpekpem ɖe nyɔnuvi bubu aɖe si ƒe ŋutigbalẽ to vovo na etɔ ŋu le eƒe klo blam nɛ

Aleke nàwɔ anye havi nyui na amewo?

Eyata nenye be èkpɔ ame aɖe nuvevi wɔe la, nukae nàwɔ?— Ke ne amea tso dukɔ bubu me alo eƒe ŋutigbalẽ to vovo na tɔwò ɖe? Ekpɔtɔ nye hawòvi, eyata ele be nàkpe ɖe eŋu. Ne èkpɔe be yemetsi akpe ɖe eŋu o la, ekema àte ŋu abia ame tsitsi aɖe wòakpe ɖe eŋu. Alo àte ŋu ayɔ polis alo ayɔ miaƒe nufiala. Esia anye dɔmenyowɔwɔ, abe Samariatɔa ene.

Nufiala Gã la di be míanye dɔmenyotɔwo. Edi be míakpe ɖe amewo ŋu, metsɔ le eme amesi ƒomevi wònye o. Esia tae wògblɔ Samariatɔ havilɔ̃la ƒe ŋutinya la ɖo.

Ku ɖe nusɔsrɔ̃ sia si fia be míanyo dɔme na amewo, ameƒomevi ka ke me tɔwoe woɖanye alo dukɔ ka ke mee woɖatso o, ŋu la, xlẽ Lododowo 19:22; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; kple 17:26.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe