AKPA 8
Nu Si Biblia Gblɔ Ði La Vana Eme
Menye nusi dzɔ va yi la ŋuti nya vavã ɖeɖekoe Biblia la gblɔ o, ke egblɔ nusi ava dzɔ le ɣeyiɣi, si gbɔna me la hã ɖi. Amegbetɔwo mate ŋu agblɔ nusi ava dzɔ la ɖi o. Ema tae míenya be Biblia la tso Mawu gbɔ. Nukae Biblia la gblɔ le ɣeyiɣi, si gbɔna ŋu?
Eƒo nu tso Mawu ƒe aʋawɔwɔ gã aɖe ŋuti. Le aʋawɔwɔ sia me la, Mawu aɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi; gake akpɔ amesiwo subɔnɛ la ta. Mawu ƒe fia, Yesu Kristo, akpɔ egbɔ be Mawu subɔlawo nase vivi le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me; eye be womagalé dɔ alo aku akpɔ gbeɖe o.
Ðe mele be míakpɔ dzidzɔ be Mawu awɔ paradiso yeye ɖe anyigba dzi oa? Gake ne míedi be míanɔ paradiso sia me la, ele be míawɔ nane. Le agbalẽa ƒe ŋutinya mamlɛtɔ me la, míasrɔ̃ nusi wòle be míawɔ be míase vivi le nukunu, siwo Mawu dzra ɖo ɖi na amesiwo subɔnɛ me la. Eyata xlẽ Akpa ENYILIA be nànya nusi Biblia la gblɔ ɖi na ɣeyiɣi, si gbɔna la.