INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 114
  • Vɔ̃ɖinyenye Ðe Sia Ðe Ƒe Nuwuwu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vɔ̃ɖinyenye Ðe Sia Ðe Ƒe Nuwuwu
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Paradiso Yeye Le Anyigba Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Aʋa Si Mawu Awɔ Atsɔ Atsi Aʋawɔwɔwo Katã Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nu Si Biblia Gblɔ Ði La Vana Eme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 114
Yesu kple eƒe dziƒoʋakɔwo le sɔ ɣiwo dzi

ŊUTINYA 114

Vɔ̃ɖinyenye Ðe Sia Ðe Ƒe Nuwuwu

NUKA kpɔm nèle le afisia? Aʋakɔ, si le sɔ ɣiwo dzi. Gake kpɔ afisi wodo tso gbɔna la ɖa. Sɔawo le du dzi le alilikpowo dzi tso dziƒo! Ðe sɔwo le dziƒo vavãa?

Ao, menye sɔ ŋutɔŋutɔwoe nye esia o. Míenya, elabena sɔwo mate ŋu aƒu du le alilikpowo dzi o. Gake Biblia la gblɔ be sɔwo le dziƒo. Ènya nusitaea?

Elabena ɣeaɖeɣi, si va yi la, wozã sɔwo zi geɖe le aʋawɔwɔ me. Eyata Biblia la gblɔ be amewo le sɔ dom tso dziƒo be wòatsɔ afia be Mawu le aʋa wɔ ge kple amewo le anyigba dzi. Ènya alesi woyɔna na teƒe, si woawɔ aʋa sia lea? Harmagedon. Aʋa ma atsrɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi.

Yesue anɔ ŋgɔ le Harmagedon-ʋa sia wɔwɔ me. Ðo ŋku edzi be Yesue nye Amesi Yehowa tia be wòanye Yeƒe dziɖuɖu la ƒe Fia. Ema tae Yesu ɖɔ fiakuku ɖo. Eye yi la fia be atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã. Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã?

Trɔ yi megbe nàkpɔ Ŋutinya 10 lia ɖa. Nukae nèkpɔ le afima? Tsiɖɔɖɔ gã, si tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo lae. Amekae he Tsiɖɔɖɔa vɛ? Yehowa Mawue. Azɔ kpɔ Ŋutinya 15 lia ɖa. Nukae le dzɔdzɔm le afima? Dzo, si tso Yehowa gbɔ la le Sodom kple Gomora tsrɔ̃m.

Trɔ yi Ŋutinya 33. Kpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖe Egiptetɔwo ƒe sɔwo kple aʋatasiaɖamwo dzi la ɖa. Amekae na tsi la nyẽ tsyɔ wo dzi? Yehowae. Ewɔ esia be wòatsɔ akpɔ eƒe amewo tae. Kpɔ Ŋutinya 76 lia ɖa. Àkpɔ be Yehowa na wotsrɔ̃ eƒe dukɔ, Israel-viwo kura gɔ̃ hã le woƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta.

Eyata mele be wòawɔ nuku na mí o be Yehowa adɔ eƒe dziƒoʋakɔwo be woahe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ava nuwuwui le anyigba dzi. Gake bu tame le nusi ema anye ŋuti kpɔ! Ʋu axa, si kplɔe ɖo la ne míakpɔe ɖa.

Nyaɖeɖefia 16:16; 19:11-16.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe