Ta 2
Fia Mavɔmavɔtɔ La
1. Nukata wòle be míaka ɖe Mawu dzi be enye Fofo ŋutɔŋutɔ?
YESU dze “Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa” la gɔme heyɔ Mawu be enye “mía Fofo.” Ao, menye Yesu Kristo Fofo ko wònye o, ke boŋ ava zu Fofo na ameƒomea me tɔ siwo dea ta agu na ‘Gbedodoɖasela’ lɔlɔ̃tɔ sia le toɖoɖo me hã. (Psalmo 65:3) Esi wònye “Fia mavɔmavɔtɔ” ta la, eɖea ɖetsɔleme vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa fiaa eƒe nuwɔwɔwo, abe alesi vifofo nyui si nye amegbetɔ wɔna na viawo ene. (Timoteo I, 1:17) Ele be míaka ɖe “mía Fofo” la dzi be enye Ame ŋutɔŋutɔ si tsɔa ɖe le eme na mí. Eɖanye gbe ka míedona o, ŋutilã ƒe amadede alo ɖoƒe kae le mía si le agbe me o, ele be míate ɖe eŋu faa elabena “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
2, 3. Aleke mía Fofo la ɖee fia be yenye Agbenala kple Nunala Wɔnuku? (Mose I, 1:1, 2, 31)
2 “Mía Fofo, si le dziƒowo” lae nye Wɔla, Amesi na agbe ameƒomea. (Mateo 6:9; Psalmo 36:10) Gake menye míaƒe Agbenala ko wònye o; enye míaƒe Nunala Wɔnuku hã. Míakpɔ mɔ be amegbetɔ si nye vifofo nyui ana aƒe kple nunyiame viawo, ne ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hã. Míaƒe Dziƒofofoa wɔ esia kple nu bubu geɖe dɔmenyotɔe.
3 Bu alesi “Fia mavɔmavɔtɔ” sia wɔ anyigba la lɔlɔ̃tɔe be wòanye míaƒe aƒe la ŋu kpɔ. Etsɔe ɖo afisi sɔ nɛ tututu le dziƒolilia me, eye eto eƒe ŋusẽ triakɔ me wɔ nusianu si hiã be amegbetɔ nanɔ agbe akpɔ dzidzɔ le anyigba dzi. Emegbe ewɔ ŋutsu kple nyɔnu heda wo ɖe aƒe nyui sia me—nusi nye nunana wɔnuku vavã na “amegbetɔviwo”!—Psalmo 115:16; 19:2, 3.
4. (a) Nukae mía Fofo la kpɔ do ŋgɔ dɔmenyotɔe esime wònɔ míaƒe aƒea wɔm? (b) Nukae na kakaɖedzi mí be edi be míakpɔ dzidzɔ?
4 Aƒe nyui kae nye si míaƒe Dziƒofofo tsɔ na via siwo le anyigba dzi afisia! Ewɔe ɖe ɖoɖo nu ale be zã si me xexeame fana eye woate ŋu agbɔ ɖe eme nyuie le la nava ɖe ŋkeke me dɔwɔnawo yome. Eɖoe be azãgbewo nakplɔ wo nɔewo ɖo be wòaɖe vi na mí ahanye dzidzɔ na mí. (Mose I, 8:22) Ena tsi si hiã vevie la mí le agbɔsɔsɔ me eye wòmãe ɖe anyigba la katã dzi ale be míate ŋu ahe ɖe ayi afisiafi si wòhiã le. Ena numiemie siwo kpɔkpɔ hea dzidzeme vɛ la le afisiafi—wokeke kilometa miliɔn geɖe togodo—le anyigba si nye míaƒe aƒe la dzi. Etsɔ seƒoƒo dzeani siwo le amadede vovovowo me ɖo atsyɔ̃ nɛ. Etsɔ ave, ta, kple to dzeaniwo dzra edzi ɖo wònya kpɔ. Edzra aka si le tome, mɔ̃memi, kple ŋusẽnu bubuwo ɖo ɖe anyigba ƒe “tu me” le agbɔsɔsɔ me. Ena nukuwo, atikutsetsewo, amagbewo, kple nuɖuɖu vivi bubu gbogbo aɖewo nɔa anyigba ƒe “nuɖuɖudzraɖoƒe.” Nunala si bua ame ŋu ka gbegbee nye si míaƒe Dziƒofofoa nye! Biblia yɔe be enye ‘Mawu dzidzɔtɔ.’ Edze ƒã be edi be míawo hã míakpɔ dzidzɔ.—Timoteo I, 1:11; Yesaya 25:6-8.
MÍA FOFO LA ƑE “ŊKƆ”
5. Nukae wòle be wòanye míaƒe dzimedidi ne míetsɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nya gbãtɔwo le gbe dom ɖa?
5 “Ŋkɔ nyui” le míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔa si si ɖee fia be enye Nunala Wɔnuku. Ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le esi abe alesi wòle vifofo si nye amegbetɔ ɖesiaɖe sii ene. Ne ŋutilãmefofo ŋutɔŋutɔ le mía si la, míadi be míase be wole vlo dom eƒe ŋkɔ o. Ele be míadi be míakpɔ be wole bubu dem eƒe ŋkɔ ŋu. Ele be wòanye míaƒe didi wu ema gɔ̃ hã be míakpɔ be wole bubu dem míaƒe Dziƒofofoa ƒe ŋkɔ ŋu. Eyata ele be míatsɔ Yesu ƒe nya siwo wògblɔ gbã le Kpɔɖeŋugbedodoɖa la me ado gbe ɖa tso míaƒe dzi blibo me be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!”—Mateo 6:9; Lododowo 22:1, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ.
6. Nukae nàdi be yeakpɔ le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu?
6 Le nyateƒe me la, ele be wòanye míaƒe gbedodoɖa vevie be woado dziƒo kple anyigba Wɔla gã la ƒe ŋkɔ ɖe dzi, woado kɔkɔ eƒe ŋkɔa wòaƒo ɖesiaɖe ta eye woaɖee afia be enye ŋkɔ xɔasi si ɖe dzesi eye wònyo wu ɖesiaɖe le xexeame. Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋuti kɔkɔ sia le vevie ŋutɔ wu mía ŋutɔ míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Ele be woade bubu eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ kple eƒe ŋkɔ nyui la ŋu—woakɔ eŋu tso vlo siwo nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo li kɔe ɖe edzi me.
7. Nukae Biblia ɖe fia be enye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ?
7 Míaƒe Dziƒofofoa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖe? Wona esia dze le nya siwo ɖee fia be futɔwo le ŋkɔ wɔnuku sia Tɔ ŋu me. Eʋegbe Biblia ƒo nu tso esia ŋu le Psalmo 83 kpukpui 18 kple 19 hegblɔ be: “Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃, ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Kpɔ Psalmo 100:3 hã.
8. Nukae Mawu ƒe futɔwo te kpɔ be yewoawɔ eƒe ŋkɔ la, eye nukae do tso eme?
8 Eyata Mawu ƒe ŋkɔe nye YEHOWA. Gake amesiwo gblɔ be yewole ta dem agu na Mawu la dometɔ geɖe medea bubu ŋkɔ ma ŋu kura o. Ame aɖewo ɖe eƒe ŋkɔa ɖa le woƒe Biblia me gɔ̃ hã hetsɔ dzesideŋkɔ siwo nye “AƑETƆ” kple “MAWU” siwo wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔ la ɖo eteƒe. Menye ɖeko nuwɔna sia tsyɔa nu Mawu ƒe ŋkɔ gã la dzi o, ke boŋ etɔtɔa ame le Aƒetɔ Yehowa kple Aƒetɔ Yesu Kristo kpakple “aƒetɔ” kple “mawu” bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu. (Psalmo 110:1; Mose V, 10:17; Romatɔwo 1:4; Korintotɔwo I, 8:5, 6) Aleke amewo ate ŋu ado gbe ɖa le anukware me be Fofo la ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ esime wodi be yewoaɣla ŋkɔ ma?
9. (a) Aleke woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Hebrigbe kple gbe bubuwo mee? (b) Ame nenie Biblia gblɔ be Mawu nye?
9 Le Hebrigbe si nye gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, wozã ŋɔŋlɔdzesi siwo nye יהוה si ame aɖewo yɔna be Yahʹweh la tsɔ tsi tre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kpli o la. Eyɔyɔ si wonya nyuie le Eʋegbe mee nye “Yehowa” eye woyɔ ŋkɔa le gbegbɔgblɔ bubuwo me wòɖi esia. Ne míezã ŋkɔ “Yehowa” la, míate ŋu aɖe amesi míewɔnɛ la afia wòadze ƒã. “Yehowa ɖeka koe” wònye. Menye Yesu Kristoe wònye o, elabena Yesue nye Mawu ƒe Vi nuteƒewɔla si nye “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.”—Kolosetɔwo 1:15; Marko 12:29; Mose V, 6:4.
10. Mawu ƒe ŋkɔ gɔme ɖe, eye aleke wòɖe esia fiae?
10 Gɔmesese vevi aɖe le ŋkɔ “Yehowa” ŋu. Egɔmee nye: “Amesi Na Wòvaa Eme (alo, Amesi Na Wòdzɔna).” Eya ŋutɔ Ðokui ŋue esia ku ɖo, menye Eƒe nuwɔwɔwo ŋue o. Eyata esi wòsusɔ vie wòazu Ðela wɔnuku si aɖe eƒe dukɔ Israel tso Egipte-fia Farao si me la, egblɔ be “Yehowa” enye yeƒe ŋkɔ “tegbee.” (Mose II, 3:13-15) Emegbe esime nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be Fiagã Aƒetɔ Yehowae nye dziƒo kple anyigba Wɔla ‘to eƒe ŋusẽ gã kple eƒe alɔ si de dzi’ me eye be enye “amesi ƒe aɖaŋudede kpe, eye eƒe nuwɔwɔ sɔ gbɔ” la, Yehowa na kakaɖedzi eƒe nyagblɔɖila la be le Ye ŋutɔ yeƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi la, Yeawɔ nusi dze abe ɖe mate ŋu ava eme o ene to alesi Yeava zu Yeƒe ame siwo le aboyo me le Babilon Fiaɖuƒea me la Gbugbɔxɔla me. Eye ewɔe hã!—Yeremya 32:17-19, 27, 44; Kronika II, 36:15-23.
11. Aleke woate ŋu atsɔ Mawu ƒe ŋkɔ awɔ ɖeka kple eƒe Fiaɖuƒea egbea?
11 Egbea hã Yehowa ganye Mawu gã si ‘nana wòvaa eme.’ Ete ŋu zua nusianu si hiã be wòakpɔ hiahiã ɖesiaɖe gbɔ, ale be wòato eƒe Fiaɖuƒea dzi awɔ nukunuwo le eƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me eye be wòaɖe vi na eƒe amewo. Ewɔa nusianu si wòɖo tame be yeawɔ la wòdzea edzi pɛpɛpɛ.—Yesaya 48:17; 55:11.
WOKƆ MAWU ƑE ŊKƆ ŊUTIA?
12. Aleke ameƒomea bua Mawui?
12 Ðe ameƒomea ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ, bubu, kple lɔlɔ̃ fia Mawu gã dzɔdzɔetɔ sia si wɔ nukunu geɖe na eƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi laa? Lé ŋku ɖe anyigba sia katã dzi eye àkpɔ ŋuɖoɖoa. Aleke gbegbe wòwɔ nublanui be subɔsubɔha siwo le dukɔ siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo me la wɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋudɔ madzemadzee nye si! Dukɔ siawo dometɔ geɖe susu be enye Mawu si dea akpa aɖe dzi eye wodo gbe ɖa bia eƒe kpekpeɖeŋu le aʋawɔwɔ kple wo havi amegbetɔwo me. Ame bubuwo hã bui be enye Mawu ŋutasẽla gã aɖe si dea “ame kukuwo ƒe luʋɔ” dzo me eye wòwɔa fu mavɔ wo. Ame bubuwo hã gado vloe to etsɔtsɔ sɔ kple legba siwo nye ati alo kpe siwo me agbe mele o me. Ame geɖe ɖoe koŋ da le eƒe se dzɔdzɔewo dzi hegblɔ be Mawu megaléa ŋku ɖe mía ŋu alo tsɔa ɖe le eme na mí o.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Yeremya 7:31; Yesaya 42:8 kple Petro I, 5:7.
13. Ne woɖe asi le amesiwo tra mɔ ŋu be woayi woƒe amemalɔ̃malɔ̃ nuwɔnawo dzi la, nukae ado tso eme mlɔeba?
13 Gake ne amesiwo wokplɔ trae melɔ̃a Mawu hekɔa eƒe ŋkɔ ŋuti o la, aleke woawɔ alɔ̃ wo havi amegbetɔwo? (Yohanes I, 4:20, 21; 5:3) Eye ne lɔlɔ̃ mele ameƒomea dome o la, xexeame ava zu afisi ɖekamawɔmawɔ, ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple tsitretsitsi ɖe dziɖuɖu ŋu axɔ aƒe ɖo. Nɔnɔmewo le nenema le teƒe aɖewo xoxo. Esi nuklia-ʋawɔnuwo le dzidzim ɖe edzi le dukɔwo dome ta la, amesiwo aʋawɔwɔ dzɔa dzi na ate ŋu awɔ vodada atsrɔ̃ ameƒome bliboa katã gbeɖeka. Gake ema nye nusi mía Fofo lɔlɔ̃tɔ la malɔ̃ wòadzɔ gbeɖe o!—Psalmo 104:5; 119:90; Yesaya 45:18.
ALESI MAWU KƆA EƑE ŊKƆ ŊUTII
14, 15. Amekae xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me, eye alekee?
14 Amekae xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me? Yehowa ŋutɔe! Ewɔa esia to eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ta ʋiʋli me. Adrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã doa vlo eƒe lɔlɔ̃nu kɔkɔe la kple amesiwo tea wo haviwo ɖe anyi kpakple amesiwo fiaa alakpanuwo tso Mawu ŋuti. (Psalmo 140:13, 14; Yeremya 25:29-31) Yehowa mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o. Eyae nye Mawu vavã si dze na eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe tadedeagu bliboe. Eyae nye Xexeame Katã Dziɖula Gã si wòle be nuwɔwɔwo katã naɖo toe.—Romatɔwo 3:4; Mose II, 34:14; Psalmo 86:9.
15 Le Fiagã Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me la, aɖe amesiwo katã gblẽa nuwo dome wònye nusi tsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la ɖa le anyigba sia dzi. Elabena eléa fu vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye eye wòlɔ̃a dzɔdzɔenyenye. (Psalmo 11:5-7) Eya ŋutɔ gblɔ be: “Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.” (Xezekiel 38:23) Eyata edze ƒã be ne míedi be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míawo hã míakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti, míabui be enye nu kɔkɔe si dze be woade bubu eŋu bliboe ahanɔ agbe wòasɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu.
16. Akpa kae míaƒe agbenɔnɔ wɔna le Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me?
16 Amesiwo katã dea ta agu na Yehowa ƒe nuwɔna dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu alo doa vloe. Mina mí katã míawɔ nusi ana ame bubuwo naƒo nu nyuie le Mawu gã si subɔm míele la ŋu eye wòado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ ƒe dzi. (Petro I, 2:12; Lododowo 27:11) Esi míenye vi ɖotowo ta la, ele be wòanye míaƒe didi be míada akpe na mía Fofo la ɖe nusiwo katã wòna mí si me míaƒe aƒe dzeani—si nye anyigba la—si ŋu woava kɔ geɖe wu le Via ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te hã le la ta.—Yesaya 6:3; 29:22, 23.
17. Nɔnɔme ka mee míado ɖe “Fia mavɔmavɔtɔ” la ŋkume le gbedodoɖa me le?
17 Aleke wòdzroa amee nye si be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple “Fia mavɔmavɔtɔ” sia dome! Gake menye míaƒe dzedze tae míate ŋu awɔ esia o, elabena dzila wɔnuvɔ̃woe fɔ míaƒe fu hedzi mí ɖe blibomademade me. Gake míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu abe alesi Fia Dawid wɔe ene be: “Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodada wo katã ɖa! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:7-12) Esi míele nusi “mía Fofo si le dziƒowo” di tso mía si srɔ̃m la, míate ŋu ado gbe ɖa abiae be wòana yayra siwo eƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ la nasu mía si. Ẽ, míate ŋu ado gbe ɖa kakaɖedzitɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava. Eye nukae Fiaɖuƒe ma afia na ameƒomea le anyigba dzi afii? Na míakpɔe ɖa.