Ta 5
Ðuƒe La—Nukata Eƒe ‘Vava’ Teƒe Didi Alea?
1. Le nya siwo le Romatɔwo 8:22 ta la, biabia kawoe fɔ ɖe te?
APOSTOLO Paulo ŋlɔ bena: “Míenya bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Nukata esia le alea? Nukata Mawu ɖe mɔ aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, dɔléle kple nublanuinyawo li le ƒe 6,000 ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖi me? Nukae dzɔ hafi sedzimawɔmawɔ va le fu ɖem na ameƒome si wowɔ be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu la? Nukata mía Dziƒofofo meɖɔ nɔnɔme sia ɖo o? Ne Fiaɖuƒe lae akpɔ egbɔ la, nukata eƒe ‘vava’ teƒe didi alea? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ nyateƒe be Mawu aɖɔ nɔnɔme sesẽ siawo ɖoa?
2. Aleke wòle be anyigba nanɔ le Mawu ƒe fianyenye te hafi?
2 Le “Fia mavɔmavɔtɔ la” ƒe dziɖulanyenye alo fianyenye gã te la, ele be nɔnɔme deblibowo nanɔ anyigba dzi tso keke nuwo wɔɣi le Eden-bɔa me ke hafi. Esi ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ dzi viwo eye ameƒomea dzi ɖe edzi va zu ƒome suesue miliɔn akpe geɖe la, ele be anyigba bliboa nazu paradiso dzeani si yɔ fuu kple dzidzɔ ƒe nukoko kple ameƒomea me tɔ vovovowo ƒe havilɔlɔ̃ si me ŋutifafa le hafi.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 2:24.
3. (a) Nɔnɔme ka nue wowɔ ame ɖo? (b) Dɔ kae wode asi na ame eve gbãtɔwo be woawɔ? (d) Nya kawoe wòle be míabia fifia?
3 Emae nye tame si Wɔla lɔlɔ̃tɔ la ɖo na anyigba sia esime wòwɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu eye wòwɔ nyɔnu tso ŋutsu me. Elabena Biblia me nuŋlɔɖi le nuwɔwɔ ŋu gblɔ na mí be:
“Ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi! . . . Eye Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:26-31)
Ekema nukata Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi egbea la ‘menyo ŋutɔ’ o?
WOTƆ GBE MAWU ƑE FIANYENYE
4. (a) Mawu ƒe se kae ƒo ɖesiaɖe ta, eye nukatae? (b) Amekae di be yeawɔ se bubuwo, eye aleke wòwɔ esiae?
4 Mawu ƒe sewo dzie nuwɔwɔwo nɔ te ɖo. Eye lɔlɔ̃se lae ƒo wo ta. Mawu ŋutɔ ‘nye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:8) Gake fifia ame aɖe va do si di be yeawɔ se bubuwo na ameƒomea. “Ame” ma nye mawudɔla siwo nye “Mawu ƒe viwo” dometɔ ɖeka, amesi ɖikeke mele eme o be eya hã ‘tso aseye’ esime Yehowa wɔ anyigba kple nusianu si le edzi. (Hiob 38:7) Mawudɔla sia va wɔ eɖokui Satana, Mawu ƒe futɔ. Edi be yeanɔ ye ɖokui si, woade ta agu na ye, eye wòƒã aglãdzedze ɖe amewo me. (Efesotɔwo 2:1, 2; tsɔe sɔ kple Luka 4:5-7.) Etsɔ aɖaŋudzedze zã mía dzila amegbetɔ gbãtɔwo tsɔ di eya ŋutɔ ɖokui tɔ. Aleke wòwɔ esiae?
5, 6. (a) Se si me kɔ kae Mawu de na Adam? (b) Nya kae Satana va gblɔ, eye nukatae woyɔe be “Abosam” wòsɔ?
5 Le paradiso me le Eden la, Adam kple Xawa nɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu si me yayra geɖe le te. Mawu na nusianu si hiã la wo tsɔ lé wo ɖe te le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa. Le woa ŋutɔwo ƒe nyonyo mavɔ ta la, ebia hã be woaɖo to ye si nye woƒe Aƒetɔ Fiagã la. Le esia ta ede se bɔbɔe aɖe na Adam be megaɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la” ƒe tsetse o. Esi wowɔ Xawa megbe la, sea va bla eya hã. Menye ɖe Mawu nɔ nu tem wo o, elabena ati bubu siwo le abɔa me tsea ku nyui hamehame. Gake ne womeɖo to Mawu o eye woɖu ati sia ƒe kutsetse la, ‘ku ke woaku.’ Satana, aglãdzela la, to da aɖe dzi ayetɔe te ɖe Xawa ŋu gbã eye wògblɔ nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu [atia ƒe kutsetse ƒe] ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—Mose I, 2:17; 3:1-5.
6 Nya sia do alakpatɔ Mawu. Gake Satana boŋue nye alakpatɔ. Wova yɔ “aʋatsokafofo” sia hã be Abosam si gɔmee nye ‘Amegɔmezɔla’ wòsɔ hã. (Yohanes 8:44) Esia nye gbe tɔtɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple eƒe Fianyenye ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi tẽ. Efia be Mawu te sidzedze si wòle be wòasu wo si hafi la wo, be womate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu o, anyo wu be woa ŋutɔwo nalé woƒe mɔ atsɔ eye woaɖo “nyui kple vɔ̃” ƒe dzidzenuwo na wo ɖokui.
7. Mɔ ka nue ame eveawo do kpo nu le dodokpɔ te le?
7 Aleke nyɔnua wɔ nu ɖe amegɔmezɔnya sia ŋui? Mete ŋu dzɔ eƒe dzi ŋu o eye wòna dzodzro vɔ̃ ge ɖe eme. Dzodzro sia tsi ɖe eme eye wòna woblee wòɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu hewɔ nuvɔ̃. Eto esia me do vlo srɔ̃a si wòle be wòagblɔ nya sia na gbã hafi la ƒe tanyenye. Eye aleke ŋutsua wɔ nui? “Womeble Adam o,” gake etiae be yeade Xawa dzi eye wòwɔ ɖeka kplii le eƒe aglãdzedze la me. Ŋkeke wɔnublanui kae nye si ema nye na mía dzila gbãtɔwo kple ameƒome bliboa katã!—Mose I, 3:6, 7; Timoteo I, 2:14; tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15.
8. (a) Afia dzɔdzɔe kae Mawu tso na Adam kple Xawa? (b) Ðe luʋɔ si ayi dziƒo alo ayi dzomavɔ ƒe fuwɔame me ne woku la nɔ wo sia? (d) Fia kae va ɖu mía dzi, eye nukatae?
8 Adam kple Xawa mede bubu Mawu ƒe fianyenye ŋu kura o. Eyata Mawu tso kufia na wo abe alesi wòde see ene, eye wògblɔ na Adam be:
“Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19)
Mawu mele gbɔgblɔm le afisia be Adam ƒe ŋutilã koe aku eye “luʋɔ” alo “gbɔgbɔ” aɖe si le eme nado le ŋutilãa me ayi ava nɔ agbe le dziƒo alo dzomavɔ me o. Ao, elabena Adam ŋutɔ nye “luʋɔ.” Nuwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi gblɔ le Mose I, 2:7 be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wogbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Adam kple Xawa va ku mlɔeba—abe luʋɔwo ene. Eye esi ameƒome bliboa nye Adam si ŋu nuvɔ̃ le ƒe dzidzimeviwo ta la, mí katã míenyi nuvɔ̃ kple ku dome. “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4, 20) Ẽ, mí amegbetɔ luʋɔwo katã míekuna. Ku va ɖu fia ɖe mía dzi.—Romatɔwo 5:12, 14; 6:12; Nyagblɔla 3:19, 20; 9:5, 10; Psalmo 6:6; 115:17.
AMEGBETƆ ƑE NUTEƑEWƆWƆ ƑE NYA LA
9. Nya bubu kae fɔ ɖe te le Eden?
9 Gake menye Mawu ƒe fianyenye koe aglãdzedzea tɔ gbee le Eden-bɔa me o. Nya bubu aɖe hã fɔ ɖe te. Esi wònye amegbetɔ gbãtɔ siwo Mawu da ɖe anyigba dzi lae va zu nuteƒemawɔlawo le dodokpɔ me ta la, ɖe nane anya gblẽ le Mawu ƒe nuwɔwɔ ŋua? Ðe woate ŋu agblɔ be eƒe dɔwɔwɔwo katã ‘de blibo’ vavã?
10. (a) Ðe nane gblẽ le Mawu ƒe nuwɔwɔ ŋua, eye nukata nèɖo eŋu nenema? (b) Aleke amegbetɔwo aɖee afiae be yewole ‘Mawu ƒe nɔnɔme’ me?
10 Mawu ate ŋu atsrɔ̃ Adam kple Xawa enumake eye wòagawɔ atsu kple asi bubuwo hafi. Gake ɖe ema mafia be eƒe nuwɔwɔ gbãtɔawo menyo oa? Naneke megblẽ le eŋu o. Ðeko mía dzila gbãtɔwo tiae be yewoawɔ yewoƒe agbenyuinɔnɔ ƒe ablɔɖea ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. Ne ɖe wole abe mɔ̃ siwo wòle na be woawɔ nu nyui le nɔnɔme ɖesiaɖe me kokoko la, anye ne agbenyuinɔnɔ ŋuti susu aɖeke manɔ wo si o. Anye ne womanɔ ‘Mawu ƒe nɔnɔme nu’ o. Yehowa wɔa nu wòdea blibo ɣesiaɣi le mɔ nyuitɔ nu, elabena enye lɔlɔ̃. Edi be lɔlɔ̃ naʋã eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le ne woawɔ nu nyui.—Mose I, 1:26, 27; Yohanes I, 5:3.
11. Aleke Mose V, 32:4, 5 kɔ alesi nɔnɔmea nɔ ɣemaɣi mee?
11 Woŋlɔ le Yehowa ŋu be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” Eƒe nuwɔwɔ si nye ameƒomea hã ate ŋu anye nuteƒewɔlawo, dzɔdzɔetɔwo, kple nyateƒetɔwo. Eyata eɖe mɔ Adam kple Xawa dzi viwo. Togbɔ be wo vi siawo nyi nuvɔ̃ dome tso wo dzilawo gbɔ hã la, wo dometɔ aɖewo aɖe lɔlɔ̃ si li ke afia wo Wɔla kokoko eye woaɖe woƒe nuteƒewɔwɔ afiae le dodokpɔ kple yometiti sesẽ siwo ava wo dzi me togbɔ be wonye ŋutilã madeblibowo gɔ̃ hã. Gake ameƒomea me tɔ bubuwo ‘awɔ nu baɖa’ eye woaɖee afia be yewomenye Mawu ƒe viwo o. Ema anye tiatia si woa ŋutɔ woawɔ eye woƒe fɔbubua ƒe agba anɔ wo dzi, ke menye Mawu dzi o.—Mose V, 32:4, 5.
12, 13. (a) Aleke Satana ɖe alɔme le Mawu ŋu le Hiob ƒe nya la mee? (b) Nyaŋuɖoɖo kae Hiob na, eye nukae do tso eme nɛ?
12 Biblia-gbalẽ si nye Hiob ɖee fia be Satana Abosam ʋli nya le amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ŋu vevie. Hiob si nɔ agbe abe ƒe 2,500 ene le Adam ƒe nuvɔ̃wɔwɔ megbe la nye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” Satana ɖe alɔme le Mawu ŋu be Hiob ƒe ame dzɔdzɔe nyenye menye vavãtɔ o, eye be esubɔa Mawu le viɖekpɔkpɔ ta. Eyata Mawu ɖe mɔ Satana te Hiob kpɔ. Hiob ƒe nunɔamesi gbogbo aɖewo katã bu; via ewo ku le afɔku aɖe me; emegbe eya ŋutɔ dze dɔ nyɔŋu aɖe, eya ŋutɔ srɔ̃ ɖu fewu le eŋu mlɔeba gblɔ be: “Ègalé wò blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku!” Emegbe ehiã be Hiob nado dzi le alakpaxɔlɔ̃ etɔ̃ ƒe vlodoame fewuɖutɔe me.—Hiob 1:6–2:13.
13 Hiob lé eƒe tameɖoɖo kplikpaa me ɖe asi le dodokpɔ siawo katã me:
“Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”
Ewɔ nuteƒe na Mawu tsɔ ɖo Satana ƒe nutsotsowo ŋu ŋusẽtɔe. Eyata Yehowa ɖo eteƒe na Hiob eye wòna wògakpɔ nusiwo nɔ esi tsã la teƒe eve. Woyrae hã wògadzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃—nyɔnuvi siawoe dze tugbe wu le anyigba bliboa katã dzi.—Hiob 27:5; 42:10-15.
14. Aleke ame bubuwo hã ɖo Satana ƒe asiƒuakɔa ŋui, eye ameka ƒe kpɔɖeŋue nye nyuitɔ kekeake?
14 Gake Mawu subɔla anukwareɖila akpe alafa geɖe siwo do dzidzɔ na Eƒe dzi esi wona ŋuɖoɖo Satana ƒe asiƒuakɔnya si nye be Yehowa lɔ̃lawo ɖoa toe hesubɔnɛ le ɖokuitɔdidi ta ko la dometɔ ɖeka koe Hiob nye. Esia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeakee nye Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, amesi ‘do dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o’ le dzidzɔ si wòkpɔ le dɔ si Mawu de esi la wɔwɔ bliboe le anyigba dzi me ta.—Hebritɔwo 12:2.
WOÐO ALƆMEÐELA LA ƑE GBETƆAMEA ŊU
15. Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa ɖo gbetɔamea ƒe akpa si ku ɖe eŋu la ŋu?
15 Fifia esusɔ vie ko ne ɣeyiɣi si wonae la nade. Yehowa yi edzi ɖo gbetɔamea ŋu le ƒe 6,000 kple edzivɔ siwo va yi me. Eɖee fia be yeate ŋu akpɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo alé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le anyigba dzi na ye eɖanye yometiti alo dodokpɔ vɔ̃ɖi kae Satana ahe va wo dzi o, eye wole ye si hã. Abosam zã aɖaŋu vɔ̃ ɖesiaɖe alesi wòate ŋui ɖe wo ŋu, gake dzodzroe. Mawu subɔla anukwaretɔwo do dzidzɔ na wo Fofo ƒe dzi elabena wona wòkpɔ ŋuɖoɖo na futɔ gã Satana, amesi “le alɔme ɖem” le Mawu ŋu la.—Lododowo 27:11.
16. (a) Aʋadziɖuɖu ka mee Mawu ƒe nuteƒewɔla aɖewo kpɔ gome le xoxo? (b) Nukata Fiaɖuƒea teviwo aka ɖe wo dzi ɖulawo dzi?
16 Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa tia amewo tso nuteƒewɔla siawo dome siwo aɖu fia kple Kristo le dziƒofiaɖuƒea me le eƒe ɖoɖo nu. Togbɔ be Satana tsoa wo nu “le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli” hã la, woɖu edzi to “woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.” Wolɔ̃ faa be yewoaɖo kpe alesi gbegbe yewoƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple wo haviwo de toe la dzi to woƒe agbe tsɔtsɔ de ku me gɔ̃ hã me abe woƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo ke ene. Aleke gbegbe ameƒomea ate ŋu aka ɖe Dziƒofiaɖuƒe si me Kristo kple eƒe hatidziɖula 144,000 aɖu dzi le la dzie nye si—amesiwo katã wodo kpɔ eye woɖee fia be yewonye nuteƒewɔlawo!—Nyaɖeɖefia 12:10, 11; 14:1-5; 20:4; Yohanes 15:13.
17. Amekawoe anyi Fiaɖuƒea dome le anyigba dzi?
17 Wona kakaɖedzi ame bubu siwo ɖi anukware vaseɖe ku me do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, abe Hiob ene, be woakpɔ “tsitretsitsi si nyo wu” ava “anyigba yeye” dzi. (Hebritɔwo 11:35; Petro II, 3:13) Woava zu “alẽkplɔla nyui” Yesu Kristo ƒe “alẽ bubuwo” me tɔ siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoakpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. Woakpe amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo siwo wɔ dɔmenyo na Kristo ‘nɔvi’ amesiaminawo le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’ la hã be woanyi Fiaɖuƒea dome le anyigba sia dzi. (Yohanes 10:11, 16; Mateo 24:3; 25:31-46) Woakpɔ wo ta ne mawudɔlawo ɖe asi le “xaxa gã” la ƒe ya ŋu ɖe anyigba dzi. Ðe nèdi be yeanɔ agbetsilawo ƒe “ameha gã” la dome ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘va’ tsrɔ̃ dukɔ vɔ̃ɖiwoa? Àte ŋu anɔ wo dome! Elabena ne èwɔ nuteƒe la, wò hã aɖee afia be Mawu ƒe mɔ koe ate ŋu akplɔ ame ayi agbemevivisese si nɔa anyi ɖaa me.—Nyaɖeɖefia 7:1-3, 9, 13, 14.
18. (a) Nukata mahiã be woagaʋli Yehowa ƒe fianyenye ta akpɔ o? (b) Amekawo sie mɔkpɔkpɔ nyui le fifia? (Psalmo 37:11, 29)
18 Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒe nya tsrɔ̃ Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa ko la, magahiã be woaʋli Mawu ƒe fianyenye ta akpɔ o. Woaɖo nya si Satana, aglãdzela la, fɔ ɖe te la ŋu zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. (Naxum 1:9) Woaɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye si nɔ te ɖe lɔlɔ̃sea dzi la ƒe dzedze, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe blibodede afia le anyigba dzi afisia eye Fiaɖuƒea ‘ava’ kɔ Fiagã Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Mɔkpɔkpɔ nyui kae nye si Mawu ƒe Fiaɖuƒea na amesiwo nye ‘nuwɔwɔ si le ŋeŋem’ siwo le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe fifia! Ðe nèle gbe dom ɖa vevie le eƒe ‘vava’ biamaa?—Romatɔwo 8:22-25.
NUKATA MAWU ÐE MƆ ÐE VƆ̃ÐINYENYE ŊU ƔEYIƔI DIDI ALEA?
● Be woaɖo Yehowa ƒe xexeame katã ƒe fianyenye dzɔdzɔe si anɔ anyi ɖaa le dzɔdzɔenyenye kple blibodede me la anyi
● Be wòatsɔ aɖee afia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be amegbetɔdziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe si me Mawu ƒe kpekpeɖeŋu mele o hea nuxaxa kple afɔku vɛ
● Be woana Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodowo nadze emevava gɔme, eye be woatia Fiaɖuƒea domenyilawo ahado wo kpɔ
● Be wòana ɣeyiɣiawo naɖo kpe edzi be Mawu subɔlawo ate ŋu awɔ nuteƒe le Satana ƒe tetekpɔ ɖesiaɖe gɔ̃ hã me, abe alesi wowɔnɛ le ʋɔnudrɔ̃ƒee ene
● Be wòatsɔ aɖee afia be toɖoɖo si tso lɔlɔ̃ na Mawu ƒe se me koe nye nusi ate ŋu ana woase vivi le agbe me ɖaa
● Be woatsɔ aɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu nyuie eye be woatsɔ aɖo dziɖuɖu si le se nu si mana be wòagahiã be woaʋli Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe fianyenye ta gbeɖe akpɔ o la anyi.