INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • le axa 22-31
  • Nukae wòle be nàwɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae wòle be nàwɔ?
  • Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nɔa Anyi Ðaa
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ðe Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo akea?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
  • Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
le axa 22-31

Nukae wòle be nàwɔ?

50 Èdi be yeanɔ agbe tegbee le paradiso nyui ma mea?

Ekema srɔ̃ nu geɖe tso nusi Mawu gblɔ ŋuti. Dze agbagba nàsrɔ̃ Biblia xexlẽ.—Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 1:3

51 Srɔ̃ nu geɖe tso Yesu ŋu.—Mose V, 18:18, 19; Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 3:19-23

52 Dze agbagba nànɔ nu nyui ɖeɖeko wɔm eye nàɖo to Yehowa.—Romatɔwo 6:17, 18, 22

53 Ðo ŋku edzi be Yehowa gblɔ be mígawu ame o.—Mose II, 20:13; Yohanes I, 3:11, 12

54 Mele be míatsɔ ame bubuwo ƒe nu o.—Mose II, 20:15; Efesotɔwo 4:28

55 Mele be ŋutsu nade nyɔnu gbɔ alo wòadɔ kplii o, negbe ye ŋutɔ srɔ̃a ko.—Mose II, 20:14, 17; Tesalonikatɔwo I, 4:3

56 Èɖo ŋku nyɔnu neni si ŋu Mawu ɖe mɔ le be wòanɔ ŋutsu si la dzia? Halase ɣekaɣie wòle be ŋutsu nanɔ srɔ̃a gbɔ?—Mose I, 2:22, 24; Mateo 19:5, 6; Korintotɔwo I, 7:2, 10, 11

57 Ðo ŋku edzi hã be, Yehowa ɖeka koe wòle be míasubɔ.—Mateo 4:10; Korintotɔwo I, 8:6

58 Legbawo kple aklama kpakpɛwo mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o. Nukatae?—Korintotɔwo I, 8:4

Ðe wònyo be legbawo nanɔ mía sia?—Mose V, 27:15; Yohanes I, 5:21

59 Nukatae menyo be míazã atiblɛwo alo asa dzo o?—Mose V, 18:10-13; Nyaɖeɖefia 21:8

60 Mawudɔla vɔ̃ɖiawo alo gbɔgbɔ vɔ̃wo dze aglã ɖe Mawu ŋu. Wotoa nukalawo dzi blea amegbetɔwo.—Dɔwɔwɔwo 16:16

61 Ele be míado gbe ɖa na Mawu. Gbedodoɖa nye nuƒoƒo na Mawu ahagblɔ nɛ be míedi be míasubɔe, eyata wòakpe ɖe mía ŋu.—Filipitɔwo 4:6, 7

62 Ele be míaɖo to Yesu ahaxɔ edzi ase.—Hebritɔwo 5:9; Yohanes 3:16

63 Ðo ŋku edzi be eku be yeaɖe mí.—Romatɔwo 5:8

64 Ðo ŋku edzi be Yesue nye míaƒe Fia makpɔmakpɔ.—Filipitɔwo 2:9-11; Nyaɖeɖefia 19:16

65 Yesu gblɔ be nàgblɔ nu nyui siwo srɔ̃m nèle la na ame bubuwo, eye be ele be amesiwo di be yewoasubɔ Mawu la naxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me.—Mateo 28:19, 20, NW; Yohanes 4:7-15

66 Fifia àte ŋu aɖo dze na xɔwòwo tso nu nyui siawo ŋu.—Mateo 10:32

67 Ne èsrɔ̃ nuxexlẽ nyuie la, àte ŋu agasrɔ̃ nu bubu geɖe, eye àte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋuti geɖe wu.—Timoteo II, 2:15

68 Yesu fia nu ɖeviwo hã be woaɖo to Mawu. Megblɔ be yemekpɔ vovo ne yeaƒo nu na wo o.—Mateo 19:13-15

69 Ele be dzilawo nafia nu wo viwo ɣesiaɣi be woaɖo to Mawu ahalɔ̃e.—Mose V, 6:6, 7; Lododowo 6:20-22; Efesotɔwo 6:4

70 Subɔsubɔha vovovowo li. Woƒe nufiafia geɖe metso Biblia me o. Yehowa be mído go le subɔsubɔha siwo mefiana nyateƒea o la me.—Nyaɖeɖefia 18:4; Yohanes 4:23, 24

71 Amewo le Yehowa si le anyigba dzi, siwo ate ŋu afia nu geɖe wò tso eyama ŋu. Ènya woa?—Dɔwɔwɔwo 15:14; Romatɔwo 10:14, 15

72 Woawoe nye Yehowa Ðasefowo. Ŋutifafa le wo dome. Ènya nusitaea? Elabena wolɔ̃a wo nɔewo.—Yesaya 43:10-12; Yohanes 13:34, 35

73 Esi wònye wolɔ̃a Yehowa hã ta, woxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Alea woɖenɛ fiana le gaglãgbe be yewoɖe asi le agbe baɖa nɔnɔ ŋuti, eye yewodi be yewoasubɔ Mawu le yewoƒe agbe me.—Dɔwɔwɔwo 2:41

74 Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le paradiso yeye nyui me.—Psalmo 37:9-11, 29

Nukae nàte ŋu awɔ be wò hã nànɔ afima kpli wo? Yakobo 1:22, 25; 2:20-26

75 Wɔ ɖeka kpli wo be nàsrɔ̃ Yehowa subɔsubɔ. Wolɔ̃ Yehowa kple Kristo Yesu heɖoa to wo. Wò hã èlɔ̃ woa? Èdi be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya nu tso Mawu ŋua?—Yohanes 6:45-47

76 Yehowa kple Kristo Yesu lɔ̃ wò, eye wodi be nànɔ agbe le paradiso me tegbetegbe.—Yohanes 3:16

Míeka ɖe edzi be nusiwo nèsrɔ̃ le nɔnɔmetatawo kple gbedasi si le agbalẽvi sia me ŋuti la na be agbenɔnɔ le anyigba dzi tegbee dzro wò. Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋu la, ekema míeɖo aɖaŋu na wò be nàgblɔe na Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la dometɔ ɖeka. Àte ŋu aŋlɔ agbalẽ hã, alo ame aɖe naŋlɔe na wò nàɖo ɖe míaƒe dɔwɔƒe si te ɖe ŋuwò abe alesi adrɛs siwo le agbalẽvi sia ƒe axa evelia dzi la fia ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe