Ðe Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo akea?
22 Egbea hã la, amewo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Nu vɔ̃ɖi kawo wɔm wole le afisia?
23 Ame aɖewo wua ame bubuwo. Mawu be mègawu ame o.—Mose II, 20:13; Yohanes I, 3:11, 12
24 Ame aɖewo fia fi. Mawu be mègafi fi o.—Mose II, 20:15; Efesotɔwo 4:28
25 Ame aɖewo ɖea srɔ̃ geɖe. Ame aɖewo dea nyɔnu eve alo esi wu nenema gbɔ le aƒe vovovo me. Ŋutsu kple nyɔnu aɖewo hã dena wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee. Esiawo katã tsi tre ɖe nusi Biblia gblɔ ŋu.—Mateo 19:4-6; Korintotɔwo I, 7:1-4; Timoteo I, 3:1, 2
26 Èɖo ŋku edzi be nyɔnu ɖeka koe Mawu wɔ na Adam mahã?—Mose I, 2:22, 24
27 Ame aɖewo subɔa legbawo. Mawu be mègazã legbawo alo aklama kpakpɛwo le tadedeagu me o.—Mose II, 20:4, 5; Yesaya 44:9-17; Yohanes I, 5:21
28 Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo gbe tɔtrɔ la.—Psalmo 37:9, 10 Luka 13:5; Korintotɔwo I, 6:9, 10