Sukuxɔ Me Nufiafia
Nu bubu si me Yehowa Ðasefowo ƒe nukpɔsusuwo awɔ dɔ ɖe woƒe sukudede dzi le la lɔ nufiafia ƒe ɖoɖoa ɖe eme. Eyata míeɖoe be nusi míegblɔ le afisia la nadzi nugɔmesese kple nu wɔwɔ aduadu si le nufialawo kple dzila Ðasefowo dome la ɖe edzi, le esi míexɔe se be dzilawo koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be woatia nusi woafia wo viwo la ta.
Mawusubɔsubɔ kple Gbedodoɖa: Suku aɖewo fiana mawusubɔsubɔ le sukuxɔ me. Ɣeaɖeɣi la wobia tso dzilawo si le United States be woagblɔe ne wodi be woafia Katoliko ƒe mawusubɔsubɔ, Protestant tɔ alo Yudatɔwo tɔ yewo viwo. Ele be ɖevi si ƒe ŋkɔ womeŋlɔ hena mawusubɔsubɔ ƒe nufiafia o la nado go le sukuxɔa me ahayi nusɔsrɔ̃ dzi le teƒe bubu. Gake le ƒe 1948 me la dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gblɔ be:
“[Sea ƒe] Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ la nɔ te ɖe susu si wobu be mawusubɔsubɔ kple dziɖuɖu ate ŋu awɔ dɔ aɖo woƒe taɖodzinu deŋgɔawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu ne wona wo dometɔ ɖesiaɖe le eɖokui si le eƒe dɔ me la dzi. . . . Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ la ɖo gli si wòle be woana wòakɔkɔ eye womate ŋu agbãe o la ɖe Sɔlemeha la kple Dukɔ la dome.”—McCollum v. Board of Education (1948).
Emegbe le June 17, 1963 dzi la, U.S. ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la gatso nya me tsi tre ɖe Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa le dziɖuɖu ƒe sukuwo me la ŋu. Ʋɔnudrɔ̃la Brennan ɖe eme le eƒe nukpɔsusu la me be: “Tso gɔmedzedzea me la enye míaƒe dukɔa kple nutowo ƒe sewo ƒe nɔnɔme . . . be woagblẽ mawusubɔsubɔ ƒe hehenana ɖe dzilawo si me.”
Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woana mawusubɔsubɔ ƒe hehe wo viwo. Eyata le afisiwo wofiana mawusubɔsubɔ le sukuxɔ me la, dzila Ðasefowo abia be woaɖe yewoƒe viwo le eme. Ne mawusubɔsubɔ ƒe nufiafia la lɔ gome kpɔkpɔ le tadedeagu ƒomevi aɖe si míebu be mesɔ kple Biblia o la me ɖe eme, abe ta dede agu le legbawo ŋku me ene la, dzila Ðasefowo melɔ̃na ɖe esia dzi kura o.
Gake ne sukuxɔ me nusɔsrɔ̃a ku ɖe subɔsubɔha vovovowo alo Biblia ŋu dzro ko la, Yehowa Ðasefowo metsi tre ɖe eŋu o. Eyata ne sukua wɔ ɖoɖo be subɔsubɔha vovovowo ƒe teƒenɔlawo nava ƒo nu, menye be woatsɔ atrɔ amewo o, ke boŋ be woana sukuviawo nanya nu tso subɔsubɔha mawo ŋu dzro ko la, sukuvi Ðasefowo aɖo to amebubutɔe. Nenema kee ne womia asi Yehowa Ðasefowo la, edzɔa dzi na wo be woaƒo nu na suku ƒe ƒuƒoƒowo aɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔsewo me.
Le suku aɖewo me la, wogblɔa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, alo Mía Fofo si le Dziƒo la enuenu ɣesiaɣi. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe gbedodoɖa ma dzi hã la, míekpɔa gome le egbɔgblɔ edziedzi abe kɔnu ene la me o. Nusitae nye be le ɣeyiɣi tututu si me Yesu fia kpɔɖeŋu ƒe gbedodoɖa ma la eɖo aɖaŋu tsi tre ɖe ‘nya mawo ke gbɔgblɔ edziedzi’ le gbedodoɖa me la ŋu. (Mateo 6:7, 8) Susu bubu si ta míeƒoa mía ɖokui ɖe eme o enye be míekpɔa gome le xɔsetsakatsaka ƒe mawusubɔsubɔ ƒe nuwɔna aɖeke me o.
Atsu kple Asi ŋuti Nusɔsrɔ̃: Lãmesẽ kple dzadzɛnyenye nye nusiwo wole fiafiam le dziɖuɖu ƒe sukuwo me ɣeyiɣi didi aɖe. Míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu be nusɔsrɔ̃ siawo nye kpekpeɖeŋu ŋutɔ le asixɔxɔ si le dzadzɛnyenye, mɔ xexe na dɔléle, ɖeviwo dzi kpɔkpɔ, ƒome ƒe agbanɔamedzi kple bubuawo ŋu la fiafia me. Gake egbea la suku geɖewo va le nu fiam tsitotsito ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nya siwo ŋu mɔ xexe na fufɔfɔ, ɖokuigbɔdɔdɔ, vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ kple fúɖeɖe kpe ɖo la hã ŋu.
Zi geɖe la agbenyuinɔnɔ ƒe mɔfiafia menɔa atsu kple asi ŋuti nusɔsrɔ̃ sia ŋu o. Le nyateƒe me la, enye nusi bɔ be nufialawo ŋutɔwo ƒoa nu tsia tre ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu. Eyata dzila Ðasefowo tsia dzimaɖi le nusiwo wofiana le atsu kple asi ŋuti nusɔsrɔ̃ me la ŋuti vevie.
Agbalẽ aɖe si wozãna le suku aɖewo me, esi ƒe tanyae nye Dreng og pige, mand og kvinde (Ŋutsuvi kple Nyɔnuvi, Ŋutsu kple Nyɔnu) la gblɔ be, “Ele be wòanye amesiame ƒe gomekpɔkpɔ be wòaɖi kɔ na eƒe gbɔdɔdɔ ƒe nuhiahiãwo, eɖanye ƒe kae wòxɔ o, ŋutsue alo nyɔnue o, alo mɔ ka dzie wòto o—ne menya gblẽ nu le ame bubuwo ƒe gomekpɔkpɔ ŋu o ko.” Eyata le dɔdɔ kple lãwo gome la, agbalẽ sia gblɔ be: “Le dukɔ sia [Denmark] me la, . . . enye nusi le se nu be woatsi gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzro nu le mɔ sia nu.” Gake Se si Mawu de na Israel la gblɔ be: “Amesiame, si adɔ lã aɖe gbɔ la, woawui.”—Mose II, 22:18.
Abe alesi míete gbe ɖe edzi va yi ene la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo dzi eye yewoaƒã esiawo ɖe yewoƒe viwo me. Eyata womedi be yewoƒe viwo nasrɔ̃ atsu kple asi ŋuti nu tso amesiwo medea bubu gɔmeɖose siawo ŋu la gbɔ o. Eyata ne dzila Kristotɔwo susui be wole susu kple/alo nukpɔkpɔ siwo gblẽa gɔmeɖose siwo yewofiana le aƒeme la fiam yewoƒe viwo la, woabia be woaɖe ɖeviawo le atsu kple asi ŋuti nusɔsrɔ̃ me.
Dzɔdzɔmeŋutinunya kple Nɔnɔmetɔtrɔ: Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me vevie. Wodea bubu dzɔdzɔmeŋutinunyala ɖeadzɔgbe siwo na míaƒe nugɔmesese ku ɖe xexeme si ƒo xlã mí ŋu la dzi ɖe edzi ŋutɔ la ŋu. Míedea dzi ƒo na míaƒe sɔhɛwo be woasrɔ̃ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa vovovoawo, elabena esia akpe ɖe wo ŋu be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía Wɔla la ƒe nunya kple ŋusẽ ŋu la nadzi ɖe dzi.
Gake menye nusianu si woyɔna be dzɔdzɔmeŋutinunya lae nye nyateƒe o. Nufiafiawo, abe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ene la li, esiwo wogblɔna zi geɖe be wonye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyateƒenyawo. Nɔnɔmetɔtrɔ gblɔna be nane si me agbe mele o ye trɔ va zu nugbagbevi gbãtɔ. Azɔ esi nugbagbevi ma le dzidzim la, nusiwo wòdzi la trɔ hemã va zu nu gbagbewo katã siwo ŋu amesiwo katã nɔ anyigba dzi kpɔ la kpe ɖo.
Yehowa Ðasefowo mexɔ nufiafia sia dzi se be enye nyateƒe o. Eye le go kemea me la, míexɔe se hã be ŋkeke ɖekaɖeka adre ye wotsɔ wɔ nuwoe o. Míexɔe se be Mawue wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ la, abe alesi wòwɔ nu gbagbe bubuwo katã ene. Eyata ne wole nufiafia siwo ku ɖe nu gbagbewo ƒe dzɔtsoƒe ŋu la me dzrom le sukuxɔ me la, míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne nufialawo de bubu sɔhɛ Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la ŋu. Le nyateƒe me la, míexɔe se be dzixɔse siawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyateƒenyawo, eye adzɔ dzi na sɔhɛ Ðasefowo be woagblɔ esiawo na wò.
Hadzidzi kple Aɖaŋu Fiafia: Yehowa Ðasefowo mexɔe se be hadzidzi alo aɖaŋu fiafia nye nu gbegblẽ le eɖokui si o. Gake sɔhɛ Ðasefowo mekpɔa gome le hadzidzi kple aɖaŋu ŋuti nusɔsrɔ̃ si ku ɖe mawusubɔsubɔ alo dulɔlɔ̃ ƒe ŋkekenyuiewo ŋu la me o. Le gome kpɔkpɔ le suku ƒe hadzidzi ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me gome la, nanewo li siwo ŋu sɔhɛ Ðasefowo kple wo dzilawo ade ŋugble le.
Le kpɔɖeŋu me, woabu afisi woasrɔ̃ nua le, nɔnɔme siwo me woasrɔ̃e le kple ha si ƒomevi woaƒo la ŋu. Nenye be nusɔsrɔ̃ la lɔ hadziha si woakpɔ mɔ be wòadzi ha le dunyahehe alo mawusubɔsubɔ ƒe nuwo wɔƒe la me nɔnɔ ɖe eme la, Yehowa Ðasefo mate ŋu akpɔ gome le eme o. Le esrɔ̃ɣiwo kura gɔ̃ hã la, sukuvi Ðasefowo makpɔ gome le duhadzidziwo alo ha siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyuiewo alo dukɔa tɔwo ŋu la ƒoƒo me o. Nya bubu si ŋu woade ŋugble le ye nye ɣeyiɣi si wòaxɔ kple ne axɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi kple ƒomenuwɔnawo ƒe ɣeyiɣia.
Avuwɔwɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃: Le suku aɖewo me la wonana asrafowo ƒe hehe sukuviwo. Gake Yehowa Ðasefowo di be yewoanɔ amesiwo ŋuti Biblia gblɔ nya sia le la dome: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Eyata Yehowa Ðasefowo biana be woaɖe yewo le asrafodɔ sɔsrɔ̃ me le suku.
Biblia gagblɔ be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) Gɔmeɖose siawo ŋudɔ wɔwɔ le míaƒe agbe me la wɔa dɔ ɖe míaƒe nɔnɔme ɖe avuwɔwɔ ƒomevi bubuwo ŋu la hã dzi. Avuwɔɖaŋuwo abe judo, karate kple kendo ene, kpakple kɔdada kple kametete hã le esiawo dome. Togbɔ be woayɔ nusiawo be kamedefefewo hã la, míebua gome kpɔkpɔ le wo me be enye hehe xɔxɔ kple tameɖoɖo be woada kɔ kple ame bubuwo alo awɔ nuvevi wo. Eyata Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le avuwɔwɔ ƒe nuwɔna mawo me o. Togbɔ be sɔhɛ Ðasefowo biana be woaɖe yewo le eme hã la, wotsɔa dzidzɔ kpɔa gome le kamedede ƒe hehenana bubuwo me esime womekpã le suku o.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ʋɔnudrɔ̃ƒewo tso nya me be ele be woagblẽ mawusubɔsubɔ ƒe hehenana ɖe dzilawo si me
[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]
Míedea dzi ƒo na míaƒe sɔhɛwo be woasrɔ̃ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa vovovoawo