INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/1 axa 9-14
  • Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuxexlẽ Nyuie Sɔsrɔ̃
  • Nuŋɔŋlɔ Nyuie Sɔsrɔ̃
  • Tsitsi le Susu, Agbenyuinɔnɔ, Kple Gbɔgbɔ Me
  • Hehexɔxɔ Nyuie le Gbesiagbegbenɔnɔ Me
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Alesi Yehowa Ðasefowo Bua Sukudede
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Wòle Be Vinye Nade Sukua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/1 axa 9-14

Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae

“Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu; ke amesi le amesi dɔe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ.”—YOHANES 7:18.

1. Ɣekaɣie hehexɔxɔ dze egɔme, eye alekee?

HEHEXƆXƆ dze egɔme tso gbaɖegbe ke. Esime Yehowa Mawu, Nufiala kple Hehenala Gãtɔ, wɔ eƒe Ŋgɔgbevi megbe kpuie ye hehexɔxɔ dze egɔme. (Yesaya 30:20; Kolosetɔwo 1:15) Amesia te ŋu srɔ̃ nu tso Nufiala Gãtɔ ŋutɔ gbɔ tẽ! Esi Vi ma—si wova yɔ emegbe be Yesu Kristo—de ha kple Fofoa kplikplikpli ƒe akpe geɖe siwo míenya o la, exɔ hehe manyagblɔ aɖe le Yehowa Mawu ƒe nɔnɔmewo, dɔwɔwɔwo, kple tameɖoɖowo ŋuti. Emegbe esi Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ete ŋu gblɔ be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiam ene la, nu mawo ke megblɔna.”—Yohanes 8:28.

2-4. (a) Le Yohanes ta 7 ƒe nya nu la, nukawoe yi edzi esime Yesu de Agbadɔŋkekenyuiea ɖuƒe le ƒe 32 M.Ŋ. me? (b) Nukata Yesu ƒe nufiafia ƒe ŋutete wɔ mo yaa na Yudatɔwo?

2 Aleke Yesu wɔ hehe si wòxɔ ŋudɔe? Le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔwɔwɔ ƒe etɔ̃ kple afã katã me la, egblɔ nusiwo wòsrɔ̃ na amewo ɖeɖimateameŋutɔe. Gake tameɖoɖo vevi aɖe tae wòwɔe ɖo. Eye eyae nye ka? Mina míadzro Yesu ƒe nya siwo le Yohanes ta 7 me, afisi wòƒo nu tso eƒe nufiafia ƒe dzɔtsoƒe kple tameɖoɖo si le eŋu ŋuti le.

3 De ŋugble le alesi wòdzɔe ŋu kpɔ. Ƒe 32 M.Ŋ. ƒe kelemee, eye esusɔ vie wòade ƒe etɔ̃ le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe. Yudatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem ɖe Agbadɔŋkekenyui ɖuɖu ŋu. Ame geɖe nɔ Yesu ŋuti nya gblɔm le azãɖuɖua ƒe ŋkeke ʋee gbãtɔwo me. Esi azãɖuŋkekeawo ƒe afã va yi vɔ la, Yesu yi gbedoxɔa me hete nufiafia. (Yohanes 7:2, 10-14) Eɖee fia be Nufialagãe yenye abe alesi wòwɔnɛ ɣesiaɣii ene.—Mateo 13:54; Luka 4:22.

4 Yohanes ta 7 kpukpui 15 gblɔ be: “Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wɔ amesia nya agbalẽ, esi mesrɔ̃ nu [le suku, NW] kpɔ o mahã!” Èkpɔ nusita wotsi yaa ɖoa? Yesu mede rabiwo ƒe suku aɖeke o, eyata menya agbalẽ o—nenemae wosusui! Gake Yesu te ŋu ʋu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa vovovowo xlẽ bɔbɔe. (Luka 4:16-21) Ẽ, Galileatɔ atikpala sia fia nu wo gɔ̃ hã le Mose ƒe Sea me! (Yohanes 7:19-23) Nukae na wòte ŋu wɔe?

5, 6. (a) Aleke Yesu ɖe afisi eƒe nufiafia dzɔ tso mee? (b) Mɔ ka nue Yesu wɔ eƒe hehexɔxɔ ŋudɔ le?

5 Yesu ɖe eme abe alesi míexlẽe le kpukpui 16 kple 17 ene be: “Nye nufiafia la menye [tɔnye] o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe. Ne ame aɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.” Wodi be yewoanya amesi fia nu Yesu, eye egblɔe na wo eme kɔ be Mawue fia nu ye!—Yohanes 12:49; 14:10.

6 Aleke Yesu wɔ eƒe hehexɔxɔ ŋudɔe? Abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 7:18 ene la, Yesu gblɔ be: “Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu; ke amesi le amesi dɔe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.” Aleke wòhesɔ enye si be Yesu wɔ eƒe hehexɔxɔ ŋudɔ tsɔ he ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa, “Amesi ƒe nunyanya de blibo” la!—Hiob 37:16, NW.

7, 8. (a) Aleke wòle be míawɔ sukudede ŋudɔe? (b) Nukae nye sukudede si da sɔ ƒe taɖodzinu vevi eneawo?

7 Esia na míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso Yesu gbɔ—mele be míazã sukudede atsɔ adi mía ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe o, ke be wòanye kafukafu na Yehowa boŋ. Sukudede ŋudɔwɔwɔ ƒe mɔnu bubu aɖeke meli si nyo wu esia o. Ekema aleke míawɔ sukudede ŋudɔ be wòanye kafukafu na Yehowae?

8 Be woafia nu ame fia be “woahe ame to nufiame xɔxɔ le ame aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te eye vevietɔ le aɖaŋudɔ, asinudɔ, alo dɔ tɔxɛ aɖe sɔsrɔ̃ me.” Azɔ mina míade ŋugble le sukudede si da sɔ ƒe taɖodzinu vevi ene kple alesi míate ŋu awɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ akafu Yehowae la ŋu. Ele be sukudede si da sɔ nakpe ɖe mía ŋu (1) be míaxlẽ nu nyuie, (2) míaŋlɔ nu nyuie, (3) míatsi le susu kple agbenyuinɔnɔ me, eye (4) míaxɔ hehe si hiã le gbesiagbegbenɔnɔ me.

Nuxexlẽ Nyuie Sɔsrɔ̃

9. Nukata wòle vevie be woanye nuxlẽla nyui?

9 Esi míeyɔ gbãe nye nuxexlẽ nyuie sɔsrɔ̃. Nukata wòhiã vevie be woanye nuxlẽla nyui? (The World Book Encyclopedia) ɖe eme be: “Nuxexlẽe . . . nye nusɔsrɔ̃ ƒe gɔmeɖoanyi eye wòganye dɔwɔnu vevitɔwo dometɔ ɖeka le gbesiagbegbenɔnɔ me. . . . Nuxlẽla bibiwo na du tsina hekpɔa dzidzedze. Azɔ hã woa ŋutɔwo kpɔa dzidzedze le agbe me wu.”

10. Aleke Mawu ƒe Nya la xexlẽ kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzedze le agbe me nyuie wu?

10 Ne nuxexlẽ gbadza ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ “dzidzedze le agbe me” nyuie wu la, ke aleke gbegbe Mawu ƒe Nya la xexlẽ aɖe vi na mí wu enye si! Nuxexlẽ sia ʋua míaƒe susu kple dzi ɖe Yehowa ƒe tamesusuwo kple tameɖoɖowo ŋu, eye nusiawo gɔmesese nyuie na gɔmesese nɔa míaƒe agbe ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” Ne míexlẽa Mawu ƒe Nya la hedea ŋugble le eŋu la, etea mí ɖe Eŋlɔla ŋu eye wòʋãa mí be míawɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me be míaƒe nu nadze eŋu geɖe wu. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 4:22-24) Eʋãa mí hã be míagblɔ nyateƒe xɔasi siwo míexlẽna la na ame bubuwo. Nusiawo katã nyea kafukafu na Nufiala Gãtɔ Yehowa Mawu. Kakaɖedzitɔe la, mɔ bubu aɖeke meli si nu míawɔ míaƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete ŋudɔ le nyuie wu esia o!

11. Nukawoe wòle be woatsɔ ade ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi si da sɔ me?

11 Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, wodea dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ nuxexlẽ nyuie, elabena nuxexlẽ wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me. Hekpe ɖe Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi ŋu la, Mawunyakpukpui me dzodzro le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xexlẽ, kple dzadzraɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu anɔ ɖokuisinusrɔ̃ɖoɖo si da sɔ me. Ke Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ya ɖe? Edze ƒã be gaglãgbegbeƒãɖeɖe, tɔtrɔyi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ, kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ katã bia nuxexlẽ nyuie ƒe ŋutete.

Nuŋɔŋlɔ Nyuie Sɔsrɔ̃

12. (a) Nukata wòle vevie be woasrɔ̃ nuŋɔŋlɔ nyuie? (b) Agbalẽ kae nye vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ?

12 Taɖodzinu eveliae nye be ele be sukudede si da sɔ nakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nuŋɔŋlɔ nyuie. Menye míaƒe nyawo kple tamesusuwo koe nuŋɔŋlɔ gblɔna na ame bubuwo o, ke ekpɔa wo ta hã. Ƒe alafa geɖe enye sia la, Yuda-ŋutsu siwo ade 40 ŋlɔ nya siwo ƒo ƒu va zu Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe aƒlagbalẽ alo lãgbalẽ dzi. (Timoteo II, 3:16) Kakaɖedzitɔe la, esiae nye agbalẽ vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ! Ðikeke mele eme o be Yehowae kpɔ nya kɔkɔe mawo ŋɔŋlɔ kple wo gbugbɔgaŋlɔ ta le ƒe alafaawo me ale be wova ɖo mía gbɔ dedie. Ðe míedaa akpe be Yehowa na woŋlɔ eƒe nyawo ɖi tsɔ wu be míanɔ te ɖe numenyawo ko dzi oa?—Tsɔe sɔ kple Mose II, 34:27, 28.

13. Nukae fia be Israel-viwo nya nuŋɔŋlɔ?

13 Le blema la, ame ʋee aɖewo, abe agbalẽŋlɔla siwo nɔ Mesopotamia kple Egipte ene, si koe mɔnukpɔkpɔ su be wonya agbalẽ. Gake wode dzi ƒo na amesiame le Israel be wòasrɔ̃ agbalẽ, si na woto vovo tso dukɔwo gbɔ sã. Togbɔ be edze ƒã be kpɔɖeŋugɔmesesee le se si wode le Mose V, 6:8, 9 be Israel-viwo naŋlɔ nu ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋuti ŋu hã la, efia be wonya nuŋɔŋlɔ. Wofiaa nuŋɔŋlɔ ɖeviwo tso ɖevime ke. Agbalẽnyala aɖewo susui be Gezer Ɣletigbalẽ si nye blema Hebrigbe me nuŋɔŋlɔ xoxotɔwo dometɔ ɖeka lae nye nusiwo woŋlɔ na sukuvi aɖe be wòatsɔ asrɔ̃ nyaléle ɖe susu me.

14, 15. Nukawoe nye mɔ nyuitɔ siwo ŋu viɖe le siwo nu míawɔ nuŋɔŋlɔ ƒe ŋutete ŋudɔ le dometɔ aɖewo?

14 Gake aleke míate ŋu azã nuŋɔŋlɔ ƒe ŋutete le mɔ nyuitɔ nu be wòaɖe vi? Edze ƒã be to nuŋlɔɖiwo wɔwɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãawo me dzie. Ne “nya ʋee aɖewo” koe míeŋlɔ ɖe lɛta me hã la, ate ŋu ade dzi ƒo na amesi dze dɔ, alo agblɔ akpedanya na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si wɔ dɔmenyo na mí alo ve mía nu. (Petro I, 5:12) Ne hamea me tɔ aɖe ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la, lɛta kpui aɖe alo akɔfanamegbalẽvi aɖe ate ŋu ‘afa akɔ’ nɛ ɖe mía nu. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Kristotɔ nɔvinyɔnu aɖe si dada dɔdzẽ wu la gblɔ be: “Xɔ̃nye aɖe ŋlɔ lɛta nyui aɖe nam. Ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ elabena mete ŋu xlẽe gaxlẽe zi geɖe.”

15 Mɔ nyui aɖe si dzi míawɔ nuŋɔŋlɔ ƒe ŋutete ŋudɔ atsɔ akafu Yehowa le enye be míaŋlɔ lɛta atsɔ aɖi ɖase le Fiaɖuƒea ŋu. Ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be kadodo nanɔ mía kple ɖetsɔlemetɔ yeye siwo sa ɖe aga la dome. Dɔléle ate ŋu awɔe be màte ŋu awɔ aƒeme yi aƒeme dɔa o hena ɣeyiɣi aɖe. Ðewohĩ lɛta ate ŋu agblɔ nya si tututu wò ŋutɔ nàgblɔ la ɖe nuwò.

16, 17. (a) Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe lɛta ŋɔŋlɔ atsɔ ɖi ɖase le Fiaɖuƒea ŋu ƒe asixɔxɔ fia? (b) Ate ŋu agblɔ nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbea?

16 Bu nuteƒekpɔkpɔ sia ŋu kpɔ. Ƒe geɖe enye sia la, Ðasefo aɖe ŋlɔ lɛta tsɔ ɖi ɖase le Fiaɖuƒea ŋuti na ahosi aɖe si srɔ̃ ƒe ku woɖe gbeƒãe ɖe afima nyadzɔdzɔgbalẽ me. Ame aɖeke meɖo eŋu o. Ke le November 1994 me, ƒe 21 sɔŋ megbe la, Ðasefoa xɔ lɛta tso nyɔnua vinyɔnu gbɔ. Nyɔnuvia ŋlɔ be:

17 “Èŋlɔ lɛta na danye le April 1973 me tsɔ fa akɔ nɛ esime fofonye ku. Mexɔ ƒe asieke ɣemaɣi. Danye srɔ̃ Biblia baa gake vaseɖe fifia la, mezu Yehowa subɔla kpɔ o. Ke hã la, eƒe nusɔsrɔ̃a na meva ke ɖe nyateƒea ŋu mlɔeba. Medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le ƒe 1988 me—esi míexɔ wò lɛtaa ƒe 15 megbe. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le March 9, 1990 dzi. Meda akpe ɖe lɛta si nèŋlɔ ƒe geɖe enye sia la ta ŋutɔ eye enye nye dzidzɔ be magblɔ na wò be nuku mawo siwo nèƒã la va mie le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Danye tsɔ wò lɛtaa nam be madzra ɖo, eye medi be manya wò. Mele mɔ kpɔm be lɛta sia aka asiwò.” Nyɔnuvia ƒe lɛta si me eƒe adrɛs kple telefon-xexlẽdzesi le la va ka Ðasefo si ŋlɔ agbalẽa ƒe gbogbo aɖewoe nye ma la si nyateƒe. Kpɔ alesi wòawɔ nukui na ɖetugbia esi Ðasefoa—si gaŋlɔa lɛta tsɔ gblɔa Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ ŋu nya na ame bubuwo—ƒo ka nɛ ɖa!

Tsitsi le Susu, Agbenyuinɔnɔ, Kple Gbɔgbɔ Me

18. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, aleke dzilawo kpɔ wo viwo ƒe hehexɔxɔ le susu kple agbenyuinɔnɔ me gbɔe?

18 Taɖodzinu etɔ̃liae nye be ele be sukudede si da sɔ nakpe ɖe mía ŋu míatsi le susu kple agbenyuinɔnɔ me. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wobu hehenana ɖeviwo le susu kple agbenyuinɔnɔ me be enye dzilawo ƒe dɔ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Menye nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ koe wofia ɖeviwo o, ke vevietɔ wu la, wofia Mawu ƒe Se si ku ɖe woƒe agbemedɔwɔnawo katã ŋu la wo. Eyata subɔsubɔ ƒe agbanɔamedziwo ŋuti nufiame, srɔ̃ɖeɖe ŋuti gɔmeɖosewo, ƒomekadodowo, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ, kpakple agba siwo le wo dzi ɖe wo haviwo ŋu la nɔ hehexɔxɔa me. Menye susu kple agbenyuinɔnɔ me koe hehexɔxɔ sia kpe ɖe wo ŋu wotsi le o, ke wotsi le gbɔgbɔ me hã.—Mose V, 6:4-9, 20, 21; 11:18-21.

19. Afikae míate ŋu akpɔ sukudede si afia agbenɔnɔ ƒe dzidzenu nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo wòakpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me le?

19 Egbea ya ɖe? Ŋutilãmesukudede nyuie le vevie. Ekpena ɖe mía ŋu míetsina le susu me. Gake afikae míate ŋu akpɔ sukudede si afia agbenɔnɔ ƒe dzidzenu nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo, si akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me la le? Teokrasi-hehenaɖoɖo le mía si le Kristo-hamea me si tɔgbe màgakpɔ le anyigba ƒe teƒe aɖeke o. To míaƒe ɖokuisi Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃, kpakple nufiame siwo míexɔna le hame ƒe kpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me dzi la, míate ŋu axɔ hehe sia si ɖeke mesɔ kple o si nam wole la—hehe si tso Mawu gbɔ—femaxee. Nukae wòfiana?

20. Nukae Mawu ƒe nufiafia fiana mí, eye nukawoe dona tsoa eme?

20 Ne míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, míesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo me nufiafia vevi siwo nye ‘gɔmedzenufiafiawo.’ (Hebritɔwo 6:1) Ne míeyi esɔsrɔ̃ dzi la, míeva ɖua “nuɖuɖu sesẽ”—si nye nyateƒe detowo. (Hebritɔwo 5:14) Gake esi wu ema la, míesrɔ̃a mawumegɔmeɖose siwo fiaa alesi míanɔ agbee abe alesi Mawu dii ene la mí. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃a alesi míatsri nɔnɔme kple nuwɔna siwo ‘ƒoa ɖi ŋutilã’ la kple alesi míade bubu ŋusẽ kple amewo kpakple woƒe nunɔamesiwo ŋui. (Korintotɔwo II, 7:1; Tito 3:1, 2; Hebritɔwo 13:4) Hekpe ɖe eŋu la, míeva kpɔa anukwareɖiɖi le míaƒe dɔwɔwɔ me kple dɔsesẽwɔwɔ ƒe vevienyenye kple asixɔxɔ si le Biblia ƒe sedede le gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti dzi wɔwɔ ŋu la dzea sii. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Efesotɔwo 4:28) Ne míele ŋgɔ yim le gɔmeɖose siawo dzi wɔwɔ me le míaƒe agbenɔnɔ me la, míetsina le gbɔgbɔ me eye míaƒe ƒomedodo kple Mawu dea to ɖe edzi. Hekpe ɖe eŋu la, míaƒe agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me wɔa mí dumevi nyuiwoe, eɖanye afikae míele o. Eye esia ate ŋu aʋã ame bubuwo be woakafu Mawu me hehenana sia ƒe Dzɔtsoƒe—Yehowa Mawu.—Petro I, 2:12.

Hehexɔxɔ Nyuie le Gbesiagbegbenɔnɔ Me

21. Hehe nyui kawoe wona ɖeviwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me?

21 Sukudede si da sɔ ƒe taɖodzinu eneliae nye be wòakpe ɖe ame ŋu wòaxɔ hehe si hiã le gbesiagbegbenɔnɔ me. Hehe si dzilawo na wo viwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe akpa ɖee nye dɔwɔwɔ fiafia wo. Wofiaa aƒemedɔwɔwɔ nyɔnuviwo. Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta mamlea ɖee fia be dɔ siawo anya sɔ gbɔ eye wonɔ vovovo. Eyata nyɔnuviwo va bi ɖe ɖetitetre, avɔlɔlɔ̃, kple nuɖaɖa, kpakple aƒedzikpɔkpɔ, asitsatsa, kple anyigba alo aƒe ƒeƒle me. Zi geɖe la, vifofo fiaa dɔ si wɔm wòle la viaŋutsuwo, agbledede loo alo asinudɔ alo aɖaŋudɔ aɖe. Yesu srɔ̃ atikpakpa le fofoa Yosef si xɔe nyi la gbɔ; esia ta menye “atikpala ƒe vi” koe woyɔe o ke wogayɔe hã be “atikpala.”—Mateo 13:55; Marko 6:3.

22, 23. (a) Nuka ŋue wòle be sukudede nadzra ɖeviwo ɖo? (b) Nukae le be wòaʋã mí ne míetiae be míade suku akpee nenye be ɖewohĩ ema va hiã?

22 Egbea hã sukudede si da sɔ ƒe akpa aɖee nye dzadzraɖo be woava kpɔ ƒome ƒe nuhiahiãwo gbɔ gbaɖegbe. Apostolo Paulo ƒe nya siwo le Timoteo I, 5:8 fia be ame ƒe ƒome dzi kpɔkpɔ nye agbanɔamedzi kɔkɔe. Eŋlɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” Eyata ele be sukudede nadzra ɖeviwo ɖo ɖe agbanɔamedzi siwo woava tsɔ le agbe me ŋu eye wòagadzra wo ɖo be woava zu dɔsesẽwɔlawo le amewo dome.

23 Ŋutilã me suku nenie wòle be míade? Esia ate ŋu anye dukɔ ɖesiaɖe kple etɔ. Gake ne dɔwɔnyawo bia be woagade suku kpe esi se bia be woade la, ke ekpo ɖe dzilawo gbɔ be woafia mɔ wo viwo le sukudede alo hehexɔxɔ kpee ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ me, eye woada sukudede kpee sia ƒe viɖewo kple kplamatsedonuwo kpɔ nyuie. Gake susu kae ame atsɔ atiae be yeagade suku kpee ne ɖewohĩ ema va hiã? Kakaɖedzitɔe la, manye kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, alo kafukafu didi na ame ɖokui o. (Lododowo 15:25; Timoteo I, 6:17) Miɖo ŋku nufiame si míesrɔ̃ le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me dzi—ele be woawɔ sukudede ŋudɔ atsɔ akafu Yehowae. Ne míeɖoe be míagade suku akpee la, ele be susua nanye be míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie bene míate ŋu asubɔ Yehowa bliboe alesi míate ŋui le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.—Kolosetɔwo 3:23, 24.

24. Nukae míesrɔ̃ tso Yesu gbɔ si mele be míaŋlɔ be gbeɖe o?

24 Eyata mina míadze agbagba vevie be míade ŋutilãmesuku wòada asɔ. Mina míawɔ Mawu ƒe hehenaɖoɖo si le edzi yim le Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋudɔ bliboe. Eye migana míaŋlɔ nufiame nyui si míesrɔ̃ tso Yesu Kristo, amesi xɔ hehe nyuitɔ wu amesiame si nɔ anyigba sia dzi kpɔ gbɔ la be o—mele be míawɔ sukudede ŋudɔ na mia ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe o ke be wòanye kafukafu na Nufiala Gãtɔ kekeake, Yehowa Mawu!

Nukae Nye Wò Ŋuɖoɖo?

◻ Aleke Yesu wɔ eƒe hehexɔxɔ ŋudɔe?

◻ Nukata wòle vevie be woasrɔ̃ nuxexlẽ nyuie?

◻ Aleke míate ŋu awɔ nuŋɔŋlɔ ƒe ŋutete ŋudɔ atsɔ ahe kafukafu vɛ na Yehowae?

◻ Aleke Mawu ƒe hehenana kpena ɖe mía ŋu míetsina le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me siaae?

◻ Hehexɔxɔ nyui kawo hãe le be wòanɔ sukudede si da sɔ me?

[Aɖaka si le axa 13]

Kpekpeɖeŋu Nyui na Nufialawo

Le ƒe 1995/96 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpewo me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe agbalẽ gbadza yeye si ƒe tanyae nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede ɖe go. Nufialawo koŋ tae wota axa 32-gbalẽ gbadza sia si le amadede dzeani me ɖo. Vaseɖe fifia la, woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ 58 me.

Nukata wota agbalẽ gbadza sia na nufialawo? Be wòakpe ɖe wo ŋu woase sukuvi siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ƒe dzixɔsewo gɔme nyuie wu. Nya kawoe le agbalẽ gbadza la me? Wogblɔ nyawo tẽ wo me kɔ eye woɖe míaƒe nukpɔsusu le nyawo abe sukudede kpee, dzigbezãwo kple Kristmas, kple gbedodo na aflaga ene ŋu me. Agbalẽa gana kakaɖedzi nufialawo be míedi be mía viwo nawɔ sukudede ŋudɔ bliboe eye be míedi vevie be míakpe asi ɖe nufialawo ŋu, eye míatsɔ ɖe le mía viwo ƒe sukudede me vevie.

Aleke míate ŋu azã Sukudede ƒe agbalẽ gbadza siae? Esi wònye nufialawoe wotae na ta la, mina míatsɔe na nufialawo, sukutatɔwo, kple sukudɔwɔla bubuwo. Agbalẽ gbadza yeye sia nekpe ɖe nufialawo ŋu be woase míaƒe nukpɔsusuwo kple dzixɔsewo kpakple nusita míetɔa afɔ anyi sesĩe be míato vovo ɣeaɖewoɣi la gɔme na mí. Míede dzi ƒo na dzilawo be woanɔ te ɖe agbalẽ gbadza la dzi ne woa ŋutɔwo le nu me dzrom kple wo viwo ƒe nufialawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wobu hehexɔxɔ nu vevi ŋutɔe le blema Israel

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe