INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 17 axa 132-138
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Woawɔ Ne Kuxiwo Do Mo Ða
  • Midi Mɔnu “Miakeke Mia Ðokui”
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 17 axa 132-138

Ta 17

“Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”

1, 2. (a) Zi geɖe la nukae dea dzi gbɔ na ame yeyewo le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me? (b) Nɔnɔme sia ƒe ɖaseɖiɖi bubu kae wokpɔna le míaƒe takpekpewo me?

NE AMEWO va Yehowa Ðasefowo ƒe hame ƒe kpekpewo zi gbãtɔ la, lɔlɔ̃ si woɖena fiana le afima la wɔa dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Wokpɔnɛ le hadede si me lɔlɔ̃ le kple alesi woxɔa woa ŋutɔwoe la me.

2 Le míaƒe takpekpewo me la, amedzrowo dea dzesie hã be ame akpa gãtɔ siwo vana la léa wo ɖokui nyuie ŋutɔ. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ ku ɖe takpekpe ma tɔgbe ŋu be: ‘Ame aɖeke memu atike alo aha o. Wowo ɖe ame ta kple ɣlidodo aɖeke meli o. Ame nɔvi tutu meli o. Wometu asi ame o. Ame aɖeke menɔ nu tam o eye ɖiŋudodo meli o. Atsaƒoƒo alo nya ƒaƒã gbɔgblɔ aɖeke meli o. Dzudzɔ mele yaa me o. Fififi meli o. Ame aɖeke menɔ ganugoewo ƒum gbe ɖe gbeawo dzi o. Le nyateƒe me la, enye nusi mebɔ o.’ Esiawo katã nye lɔlɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi, lɔlɔ̃ si ‘mewɔa nusi medze o, eye media ye ŋutɔ tɔ o.’—Kor. I, 13:4-8.

3. (a) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nukae wòle be wòanɔ dzedzem le mía ŋu le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia gome? (b) Le Kristo sɔsrɔ̃ me la, lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòle be míatu ɖo?

3 Lɔlɔ̃ nye nɔnɔme si nye dzesi le Kristotɔ vavã ɖesiaɖe ŋu. (Yoh. 13:35) Esime míele tsitsim le gbɔgbɔ me la, ele be míanɔ eɖem fia geɖe wu. Apostolo Paulo do gbe ɖa bena ye nɔviwo ƒe lɔlɔ̃ la “nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu.” (Fil. 1:9; Tes. I, 3:12) Petro hã de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woaɖe mɔ be woƒe lɔlɔ̃ la nalɔ ‘nɔviawo ƒe ha bliboa’ ɖe eme. (Pet. I, 2:17) Ele be míaƒe lɔlɔ̃ naʋã mí be míawɔ geɖe wu kpekpewo dede dzro ko kple amesiwo míedzea agbagba gobi aɖeke be míadze si nyuie o la. Ele be wòalɔ nu geɖe ɖe eme wu dɔmenyo ƒe “Èfɔa?” si míagblɔ ɣeaɖewoɣi. Apostolo Yohanes ɖee fia be ele be wòanye ɖokuitsɔtsɔsavɔ tɔ. Eŋlɔe bena: “Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena [Mawu ƒe Vi la] tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.” (Yoh. I, 3:16; Yoh. 15:12, 13) Míewɔ ema haɖe o. Gake ɖe míatsɔ míaƒe agbe ana ŋutɔŋutɔ ɖe mía nɔviwo ta? Vaseɖe afikae míedzea agbagba le mía ɖokui si be míakpe ɖe wo ŋu fifia, ne aɖe fu na mí gɔ̃ hã?

4. (a) Mɔ bubu ka nue míakpɔe le be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ geɖe wu afia? (b) Nukatae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔewo geɖe wu?

4 Hekpe ɖe dɔwɔna siwo ɖena ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana ŋuti la, ele vevie hã be seselelãme vavã si me dzo le la nanɔ mía si ɖe mía nɔviwo ŋuti. Mawu ƒe Nya ƒoe ɖe mía nu be: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃.” (Rom. 12:10) Mí katã míesenɛ le mía ɖokui me nenema ɖe ame aɖewo ŋuti. Ðe míate ŋu atsɔ ame geɖewo akpe ɖe amesiwo míelɔ̃na nenema la ŋua? Esi nuɖoanyi xoxoa ƒe nuwuwu le aƒe tum la, ele vevie na mí be míate ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu kplikplikpli wu tsã. Biblia la gblɔe be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusia ŋuti, esime wògblɔ be: “Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”—Pet. I, 4:7, 8.

5. Nukatae wòanye vodada be míakpɔ mɔ be kuxiwo mado mo ɖa le hamea me tɔwo dome o?

5 Zi alesi míenye ame madeblibowo la, míawɔ nanewo ɣeaɖewoɣi esiwo anye agɔdzedze le ame bubuwo dzi. Le mɔ geɖewo nu la woawo hã ada vo ɖe mía ŋu. (Yoh. I, 1:8) Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme ma me la, nukae wòle be nawɔ?

Nusi Woawɔ Ne Kuxiwo Do Mo Ða

6. (a) Nukatae Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo masɔ ɖe nusi míadi be míawɔ la dzi ɣesiaɣi o? (b) Gake nukae ado tso eme ne míewɔ eŋudɔ?

6 Ŋɔŋlɔawo na mɔfiafia si hiã la mí. Gake aɖaŋu si woɖo la masɔ kple nusi mí amegbetɔ madeblibowo míadi be míawɔ la o. (Rom. 7:21-23) Gake míaƒe agbagbadzedze be míawɔ dɔ tso eŋuti la aɖo kpe míaƒe didi vevie be míadze Yehowa ŋu dzi, eye agadzi míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo ƒe nɔnɔme ɖe edzi.

7. (a) Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí la, nukatae mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o? (b) Nukatae mele be míaƒo asa na nɔvi si da vo ɖe mía ŋu la o?

7 Ɣeaɖewoɣi la ne wowɔ nu wòve amewo la, wodia mɔ siwo dzi woato aɖo eteƒe na vodala la. Gake ɖeko ema gagblẽa nɔnɔmea ɖe edzi. Ne teƒeɖoɖo hiã la, ele be míagblẽ ema ɖe Mawu si me. (Lod. 24:29; Rom. 12:17-21) Ame bubuwo adze agbagba be woaɖe amea ɖa le woƒe agbenɔnɔ me ahadze agbagba be yewomagado goe le go aɖeke me o. Gake míate ŋu awɔ nu ma na haxɔsetɔwo o. Míaƒe tadedeagu dzi si woada asi ɖo la ƒe akpa aɖe nɔ te ɖe mía nɔviwo lɔlɔ̃ dzi. (Yoh. I, 4:20) Ðe míate ŋu agblɔe nyateƒetɔe be míelɔ̃ ame aɖe si míeƒoa nu na o, alo eƒe afia ɖe nɔnɔ kpli mí ɖea fu na mía? Ele be míatso ɖe kuxia ŋu ahakpɔ egbɔ. Alekee?

8, 9. (a) Ne nya aɖe le mía si ɖe mía nɔvi aɖe ŋuti la, nukae nye nu nyuitɔ si míawɔ? (b) Ke ne ewɔ vodada ɖe mía ŋu enuenu ɖe? (d) Nukatae wòle be míakpɔ nyaa gbɔ le mɔ sia nu, eye nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ema?

8 Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe nya sia ŋuti bena: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kol. 3:13) Àte ŋu awɔe nenema? Ke ne amea yia edzi daa vo ɖe ŋuwò enuenu le mɔ vovovowo nu ya ɖe?

9 Nyabiabia sia nɔ apostolo Petro hã si, eye wòdo susua ɖa be ɖewohi̇̃ anyo be yeatsɔe ake ye nɔvi vaseɖe zi adre. Yesu ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò bena vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi blaadre vɔ adre.” Nukata? Yesu ɖe eme kple lododo si ɖe alesi gbegbe fe si míenyi le Mawu si la lolo wu fe ɖesiaɖe si amegbetɔ aɖe anyi le mía si la fia. (Mat. 18:21-35, NW) Míedaa vo ɖe Mawu ŋuti le mɔ geɖe nu gbesiagbe—ɣeaɖewoɣi la anye ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔna, alo enuenu la, nusi míegblɔna alo buna, kpakple kpododo nusi wòle be míawɔ la wɔwɔ. Le manyamanya me la, míanya gɔ̃ hã be nanewo siwo míewɔ la nye vodada o, alo le agbe me hloloetsotso ta la míabu tame tso nya la ŋu vevie o. Mawu ate ŋu abia míaƒe agbe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta. (Rom. 6:23) Gake eyi edzi le nublanui kpɔm na mí. (Ps. 103:10-14) Eyata menye nusi me nunya mele kura o be wòadi tso mía si be míawɔ nu kple mía nɔewo nenema ke o. (Mat. 6:14, 15; Ef. 4:1-3) Ne míewɔe nenema le esi teƒe be míalé ame ɖe fu me la, anye ɖaseɖiɖi be míetsi ɖo lɔlɔ̃ si ƒomevi “mebua naneke vɔ̃ o” la gbɔ.—Kor. I, 13:4, 5; Pet. I, 3:8, 9.

10. Nukae wòle be míawɔ ne nya aɖe le nɔvi aɖe si ɖe mía ŋuti?

10 Ɣeaɖewoɣi la míade dzesii be togbɔ be míelé mía nɔvi aɖe ɖe dɔme o hã la, eya lé mí ɖe dɔme. Nukae wòle be míawɔ? Ele be míawɔ kaba aƒo nu kplii, eye míadze agbagba be míadzra mía dome ɖo. Biblia ƒoe ɖe mía nu be míawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ. (Mat. 5:23, 24) Ema wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Ehiã na lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ. Ðe nɔnɔme mawo sesẽ nyuie le mewò be àwɔ nusi Biblia ɖo aɖaŋu be woawɔa? Esia nye taɖodzinu vevi aɖe si wòle be míaminyã.

11. Ne nɔvi aɖe ƒe nuwɔna doa dɔmedzoe na mí la, nukae wòle be míawɔ tso eŋu?

11 Le go bubu me la, ate ŋu anye be ame aɖe le nanewo siwo ɖea fu na wò—kple ɖewohi̇̃ ame bubuwo—la wɔm. Ðe manyo be ame aɖe naƒo nu nɛ oa? Ðewohi̇̃ anyo. Ne wò ŋutɔ aɖe kuxia me nɛ le dɔmefafa me la, esia ate ŋu ahe emetsonu nyuiwo vɛ. Gake gbã la bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nusiwo wɔm wòle la menyo o le ŋɔŋlɔwo nu ŋutɔŋutɔa? Alo kuxia koe nye be nye nuteƒekpɔkpɔ kple hehe to vovo tso etɔ gbɔa?’ Ne nenemae la, kpɔ nyuie be nagaɖo dzidzenu na ɖokuiwò eye nadrɔ̃ ʋɔnu ɖe esiawo nu o. (Yak. 4:11, 12) Yehowa xɔa amesiame ƒomevi ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe eye wògbɔa dzi ɖi na wo esime wole tsitsim le gbɔgbɔ me.

12. (a) Ne nuvɔ̃ gã aɖe do mo ɖa le hamea me la, amekawoe kpɔa ema gbɔ? (b) Gake le nɔnɔme kawo mee wònye agbanɔamedzi na amesi ŋu woda voa ɖo la be wòawɔ nane tso eŋuti gbã? Kple taɖodzinu ka?

12 Gake ne hamea me tɔ aɖe ge ɖe nuvɔ̃ gã wɔwɔ me la, esia hiã na egbɔ kpɔkpɔ kaba. Gake amekawoe akpɔ egbɔ? Zi geɖe la, hamemegãwoe. Ke ne elɔ nɔviwo dome dɔwɔnya ɖe eme, alo aɖe la zazã ɖe mɔ aɖe si gblẽ nu le ame aɖe ŋu nu la, ekema amesi ŋu wowɔ vodada ɖo la nadze agbagba gbã be yeakpe ɖe vodala la ŋuti le woa kplii dome. Ema adze nu sesẽ na ame aɖewo. Gake eyae nye aɖaŋu si Yesu ɖo le Mateo 18:15-17. Lɔlɔ̃ na ame nɔvi kple agbagba dzedze vevie be wòayi edzi anye ye nɔvi la akpe ɖe ame ŋu be wòawɔ esia le mɔ aɖe si ne anyo la ade vodala la ƒe dzi gbɔ la nu.—Lod. 16:23.

13. Ne kuxi aɖe do mo ɖa le mía kple nɔvi bubu aɖe dome la, nukae akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ nukpɔsusu nyuitɔ akpɔ nya lae?

13 Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, eɖanye elolo alo ele sue o, ne míedze agbagba be míase alesi Yehowa kpɔnɛ gɔme la, akpe ɖe mía ŋu. Medaa asi ɖe nuvɔ̃ aɖeke dzi o, evɔ la ekpɔnɛ le mí katã me. Le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woɖea nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo le eƒe habɔbɔa me. Gake mí ame mamleawo ya ɖe? Mí katã míekpɔa viɖe tso eƒe dzigbɔgbɔ blewu kple nublanuikpɔkpɔ me. Eɖo kpɔɖeŋu ɖi be míasrɔ̃. Ne míewɔe nenema la, ekema míele eƒe lɔlɔ̃ ɖem fia.—Ef. 5:1, 2.

Midi Mɔnu “Miakeke Mia Ðokui”

14. (a) Nukatae Paulo de dzi ƒo na Korintotɔwo be ‘woakeke wo ɖokui’? (b) Aleke ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe afisia la ɖee fiae be anyo be mí katã míabu tame tso nusia ŋuti?

14 Apostolo Paulo zã ɣleti geɖewo ɖe hame si nɔ Korinto le Hela la tutu ɖo ŋuti. Ewɔ dɔ sesi̇̃e le kpekpeɖeŋu nana nɔviawo me le afima, eye wòlɔ̃ wo. Gake dzonɔameme ƒe seselelãme menɔ wo dometɔ aɖewo me ɖe eyama ŋu o. Wonɔ vodada dim le eŋu vevie ŋutɔ. Ede dzi ƒo na wo be ‘woakeke wo ɖokui’ le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia me. (Kor. II, 6:11-13; 12:15) Anyo ne mí katã míebu afisi míeɖea lɔlɔ̃ fiana ame bubuwo sena ɖo ŋu eye míedi mɔ siwo dzi míato ‘akeke mía ɖokui.’—Yoh. 3:14; Kor. I, 13:3.

15. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi siwo ŋu míete ŋu tena ɖo o la nadzi ɖe edzi?

15 Ðe ame aɖewo le hamea me, amesiwo ŋu wòsesẽna na mí be míate ɖoa? Ne míedze agbagba etɔxɛ be míatsyɔ nu woƒe vodada suesuewo dzi, abe alesi míadi be woawo hã nawɔ na mí ene la, esia akpe ɖe mía ŋu be kadodo nyui nanɔ mía dome. (Lod. 17:9; 19:11) Míaƒe seselelãme ɖe wo ŋu hã anyo ɖe edzi ne míedi nɔnɔme nyuitɔwo le wo ŋuti helé ŋku ɖe emawo ŋu. Ðe míede dzesi mɔ siwo nu Yehowa le nɔvi siawo zãm le la ŋutɔŋutɔa? Kakaɖedzitɔe la esia ana míaƒe lɔlɔ̃ na wo nadzi ɖe edzi.—Luka 6:32, 33, 36.

16. Le nuwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ la, aleke míate ŋu ‘akeke mía ɖokui’ le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amesiwo le míaƒe hamea me la mee?

16 Nyateƒee be seɖoƒewo li na nusiwo míate ŋu awɔ na ame bubuwo. Anɔ eme be míate ŋu ado gbe na amewo katã le kpekpe ɖesiaɖe me o. Ðewohi̇̃ míate ŋu ade amesiame eme ne míekpe xɔlɔ̃wo hena nuɖuɖu o. Xɔlɔ̃ siwo tsi metoa mía kpli wo dome o la le mí katã si, amesiwo ŋuti míezãna ɣeyiɣi geɖe ɖo wu ɖe ame bubuwo ŋu. Gake ɖe míate ŋu ‘akeke mía ɖokuia’? Ðe míate ŋu azã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo kwasiɖa ɖesiaɖe atsɔ adze si hamea me tɔ aɖe si menye mía xɔlɔ̃ kplikplikpli o la nyuie wua? Ðe míamia asi nenem me siawo dometɔ ɖeka ɣeaɖewoɣi be wòawɔ dɔ kpli mí le gbeadzia? Ne lɔlɔ̃ deto le mía si na mía nɔewo vavã la, míadi mɔnu aɖe esia afia kokoko.

17. Ne míele nɔvi siwo mía kpli wo míedo go kpɔ o dome la, nukae aɖee afia be lɔlɔ̃ deto le mía si na woawo hã?

17 Kristotɔwo ƒe takpekpewo nana mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be ‘míakeke mía ɖokui’ le míaƒe lɔlɔ̃ me. Ame akpeakpewo ava. Míate ŋu ado go wo katã o. Gake míate ŋu aɖee afia le alesi míawɔ nui me be woƒe nyonyo le vevie na mí wu míaƒe dzidzemekpɔkpɔ, ne míedo go wo kpɔ o gɔ̃ hã. Eye míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia ne wokpã kpekpea, to agbagbadzedze be míadze si amesiwo ƒo xlã mí la dometɔ aɖewo dzi. Gbaɖegbe la, amesiwo katã le anyigba dzi la anye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔ ɖeka le mí katã mía Mawu kple Fofo la subɔsubɔ me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye be míadze si wo katã kple woƒe nɔnɔme gbogbo vovovoawo! Lɔlɔ̃ deto na wo aʋã mí be míadi be míawɔ ema. Nukatae míadze egɔme fifia o?

Numetoto

● Ne kuxiwo do mo ɖa le nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dome la, aleke wòle be woakpɔ wo gbɔe? Nukatae?

● Esi míele tsitsim le gbɔgbɔ me la, mɔ kawo nue wòle be míaƒe lɔlɔ̃ hã natsi le?

● Aleke wòanya wɔe be míaɖe lɔlɔ̃ deto afia ame geɖe wu mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ko?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe