INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 18 axa 139-145
  • Ehiã be Míaɖe Mawusosroɖa Afia le Aƒe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ehiã be Míaɖe Mawusosroɖa Afia le Aƒe Me
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Didi Kae Srɔ̃ɖeɖea Anɔ Anyi?
  • Amesiame Nawɔ Etɔ Gome
  • Afisi Woakpɔ Ŋuɖoɖowo Le
  • Ðe Mawusosroɖa Fia le Aƒeme
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Nà Wò Srɔ̃ɖeɖe Nakpɔtɔ Anye “Ka Ŋukplaba Etɔ̃”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 18 axa 139-145

Ta 18

Ehiã be Míaɖe Mawusosroɖa Afia le Aƒe Me

1. (a) Le Yehowa ƒe dzidzenuwo hena srɔ̃ɖeɖe sɔsrɔ̃ megbe la, tɔtrɔ kawoe ame geɖe wɔ? (b) Gake nuka hãe Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ lɔ ɖe eme?

LE MÍAƑE Biblia sɔsrɔ̃ ƒe gɔmedzedze me la nyateƒe lédziname siwo míesrɔ̃ la ƒe ɖewoe nye esiwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ ŋuti. Míeva dze si Yehowa abe srɔ̃ɖeɖe ƒe Gɔmeɖola ene eye míekpɔe le Biblia me be ena mɔfiafia nyuitɔ kekeake ƒomewo. Abe mɔfiafia ma ƒe emetsonu ene la, ame geɖewo ɖe asi le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋuti, esi dze na kafukafu, eye wode woƒe srɔ̃ɖeɖewo agbalẽ me ɖe ɖoɖo nu. Gake Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu ema. Elɔ míaƒe nɔnɔme ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖekawɔwɔa ƒe anyinɔnɔ ɖaa ŋuti, míaƒe agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ le ƒomea me kple alesi míewɔa nui kple ƒomea me tɔ bubuwoe la hã ɖe eme.—Ef. 5:33–6:4.

2. (a) Ðe amesiame zãna nusi wòsrɔ̃ le Biblia me la le aƒe mea? (b) Aleke Yesu kple Paulo te gbe ɖe ema wɔwɔ ƒe vevienyenye dzie?

2 Ame miliɔn geɖe nya nusi Biblia gblɔ tso nya siawo ŋuti. Gake ne wodo go kuxiwo le woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me la, womezãnɛ o. Ke míawo ya ɖe? Kakaɖedzitɔe la, mía dometɔ aɖeke madi be yeanɔ abe amesiwo Yesu bu fɔe esi woƒo asa na Mawu ƒe sedede si bia tso ɖeviwo si be woabu wo dzilawo la to ebubu be nu wɔwɔ abe ɖe mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le yewo si ene ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ dzi la ene o. (Mat. 15:4-9) Míedi be míanye amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le gake wogbe eŋudɔ wɔwɔ “le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me” o. Ke boŋ míadi be míaɖe mawusosroɖa vavãtɔ afia, esi nye “viɖenu gã.”—Tim. I, 5:4; 6:6; Tim. II, 3:5.

Ɣeyiɣi Didi Kae Srɔ̃ɖeɖea Anɔ Anyi?

3. (a) Nukae le dzɔdzɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖewo dzi, gake ele be míawo ya míaɖoe kplikpaa be míawɔ nuka? (b) Wɔ wò Biblia ŋudɔ naɖo nyabiabia siwo le etame, esiwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe anyinɔnɔ ɖaa ŋu la ŋuti.

3 Wova le srɔ̃ɖeɖe ƒe nubablawo tum bɔbɔe le agbɔsɔsɔ si le dzidzim ɖe edzi me. Srɔ̃tɔ aɖewo siwo nɔ wo nɔewo gbɔ ƒe 20, 30, alo 40 la le nya me tsom be yewoadze “agbe yeye” nɔnɔ gɔme kple ame bubu. Gakpe ɖe eŋu la, meganye nusi mebɔ o be woase be sɔhɛ srɔ̃tɔwo dome klã le woƒe srɔ̃ɖeɖea megbe ɣleti ʋee aɖewo ko o. Abe Yehowa-subɔlawo ene la, nuka kee ame bubuwo ɖale wɔwɔm o, ele be wòanye míaƒe didi be míadze Mawu ŋu. Nukae eƒe Nya gblɔ tso esia ŋu?

Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, ɣeyiɣi didi kae wòle be woakpɔ mɔ be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ? (Rom. 7:2, 3; Mar. 10:6-9)

Nuka ko dzie woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ eye wòasɔ le Mawu ŋku me? (Mat. 19:3-9; 5:31, 32)

Seselelãme sesẽ kae le Yehowa si ɖe srɔ̃gbegbe siwo ŋu eƒe Nya meɖe mɔ le o la ŋuti? (Mal. 2:13-16)

Ðe Biblia da asi ɖe kaklã dzi abe ƒomekuxiwo gbɔkpɔnu enea? (Kor. I, 7:10-13)

4. Togbɔ be egbegbe nɔnɔmeawo li hã la, nukatae srɔ̃ɖeɖe aɖewo nɔa anyi ɣeyiɣi didi?

4 Nukatae srɔ̃ɖeɖe aɖewo nɔa anyi esime bubuwo—le amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye dome kura gɔ̃ hã—le gbagbãm? Dzi gbɔgbɔ ɖi be ame evea siaa natsi hafi woaɖe wo nɔewo la nye nu vevi ɖeka. Kpeɖeŋutɔ si ƒe didiwo sɔ kple ame ŋutɔ tɔ, amesi woate ŋu adzro nyawo me kplii faa hã le vevie. Gake vevietɔ wue nye be amea nanye amesi ɖea mawusosroɖa vavãtɔ fiana. Ne ame aɖe lɔ̃ Yehowa vavã, eye wòka ɖe edzi be Eƒe mɔwo dzɔ la, ekema gɔmeɖoanyi nyui aɖe li hena kuxi siwo ado mo ɖa la gbɔ kpɔkpɔ. (Ps. 119:97, 104; Lod. 22:19) Nɔnɔme sia be ne medze edzi o la yewoate ŋu aklã mɔ alo agbe yewo nɔewo la maɖe ke le nenem me sia ƒomevi ƒe srɔ̃ɖeɖe te o. Mazã eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe vodadawo atsɔ awɔ taflatsedodo be wòaƒo asa na eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo o. Ke boŋ asrɔ̃ alesi wòanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu ahadi egbɔkpɔnu siwo wɔa dɔ nyuie la.

5. (a) Aleke nya la lɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa ɖe emee? (b) Ne kuxi sesẽwo do mo ɖa hã la, viɖe kawoe ate ŋu ado go tso Yehowa ƒe dzidzenuwo yome nɔnɔ vevie me?

5 Míenyae nyuie be Abosam tɔ asi akɔ bena ne míedo go fukpekpewo la, míagblẽ Yehowa ƒe mɔwo ɖi eye míaƒo nya ta be anyo na mí wu ne míetso nya me na mía ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Gake amesiwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa ya mele nenema o. (Hiob 2:4, 5; Lod. 27:11) Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ siwo kpɔ yometiti tso kpeɖeŋutɔ maxɔsewo gbɔ la megbe woƒe srɔ̃ɖeŋugbedodowo o. (Mat. 5:37) Le ƒe aɖewo megbe la edo dzidzɔ na wo dometɔ aɖewo be woƒe kpeɖeŋutɔwo va wɔ ɖeka kpli wo le Yehowa subɔsubɔ me. (Kor. I, 7:16; Pet. I, 3:1, 2) Ke bubu siwo srɔ̃wo meɖe tɔtrɔ ƒe dzesiwo fia o alo esiwo ƒe kpeɖeŋutɔwo gblẽ wo ɖi le esi wolé woƒe xɔse me ɖe asi ta la hã nyae be yewokpɔ yayra geɖe to wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi la dzi. Le mɔ ka nu? Woƒe nɔnɔmeawo fia wo be woate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Wosrɔ̃ alesi woaɖe mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo afia le nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã. Wonye amesiwo ƒe agbenɔnɔ nye ɖaseɖiɖi le ŋusẽ si le mawusosroɖa ŋu la ŋuti.—Ps. 55:23; Yak. 1:2-4; Pet. II, 1:5, 6.

Amesiame Nawɔ Etɔ Gome

6. Be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la, ɖoɖo ka ŋue wòle be woade bubui?

6 Nyateƒee, be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi nyuie ŋutɔŋutɔ la lɔ nu geɖe ɖe eme wu ame nɔewo gbɔ nɔnɔ ko. Nuhiahiã vevi aɖe ye nye be bubu nanɔ ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si na Yehowa ƒe ɖoɖo si nye tanyenye la. Esia kpea asi ɖe nuwo ƒe ɖoɖo nu nɔnɔ ŋuti eye wònana dedienɔnɔ ƒe seselelãme nɔa aƒea me.—Kor. I, 11:3, Tito 2:4, 5; Lod. 1:8, 9; 31:10, 28.

7. Aleke wòle be woawɔ tanyenye ŋudɔe le ƒomea me?

7 Aleke wòle be woawɔ tanyenye ma ŋudɔe? Le mɔ si aɖe Yesu Kristo ƒe nɔnɔmewo afia nu. Yesu nɔa Yehowa ƒe mɔwo yome vevie; elɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye wòlé fu sedzimawɔmawɔ. (Heb. 1:8, 9) Lɔlɔ̃ deto hã le esi na eƒe hamea, eye wònana mɔfiafia si hiã lae heléa be nɛ. Medana o, eye menye amesi mebua ame ŋu o, ke boŋ eƒe ‘dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me’ eye amesiwo le eƒe tanyenye te la ‘kpɔa dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ (Mat. 11:28, 29; Ef. 5:25-33) Ne srɔ̃ŋutsu kple vifofo wɔ nu kple eƒe aƒemetɔwo le nɔnɔme ma me la, eme kɔ ƒã be ele eɖokui bɔbɔm na Kristo, amesi ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le mawusosroɖa me. Ele be vidada Kristotɔwo hã naɖe nɔnɔme mawo ke afia le nuwɔwɔ kple wo viwo me.

8. (a) Le aƒe aɖewo me la, nukatae wòadze abe ɖe Kristotɔwo ƒe mɔwo dzi toto mele emetsonu siwo wokpɔ mɔ na la hem vɛ o ene? (b) Nukae wòle be míawɔ ne nɔnɔme ma ƒomevi dze ŋgɔ mí?

8 Gake le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la kuxiwo ado mo ɖa. Ðewohi̇̃ afɔkpotutu mɔfiafia si tso ame bubuwo gbɔ ƒe nɔnɔme aɖe anya xɔ aƒe ɖe ame aɖewo me xoxo hafi ƒomea me tɔwo dze Biblia ƒe gɔmeɖosewo zazã gɔme. Nuwo biabia kple dɔmenyo kpakple lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme adze abe ɖe womehea emetsonuwo vɛ o ene. Míenya be Biblia gblɔ be woaɖe “dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ” ɖa. (Ef. 4:31) Gake ne edze abe ɖe ame aɖewo mesea nu bubu aɖeke gɔme o ene la, nukae wòle be woawɔ? Enyo, aleke Yesu wɔ nui esime nuwo te ɖe edzi vevie? Mesrɔ̃ amesiwo do ŋɔdzi nɛ hedzui la o. Ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na Fofoa heɖo ŋu ɖe eyama ŋu. (Pet. I, 2:22, 23) Nenema kee ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa le aƒea me la, míeɖea mawusosroɖa fiana ne míetrɔ ɖe Yehowa ŋu hedo gbe ɖa na eƒe kpekpeɖeŋu tsɔ wu be míasrɔ̃ xexeame ƒe mɔwo.—Lod. 3:5-7.

9. Ðe vodada didi teƒe la, mɔ kawoe srɔ̃ŋutsu Kristotɔ geɖewo srɔ̃?

9 Tɔtrɔ mevana kaba ɣesiaɣi o, gake Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ. Srɔ̃ŋutsu geɖe siwo toa nyatoƒoe vevie tsã le wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe vodadawo ŋu la va kpɔ be nɔnɔmeawo dze nyonyo gɔme esime yewo ŋutɔwo yewova kpɔ ŋudzedze ɖe Kristo ƒe nuwɔwɔ kple eƒe hamea ŋu nyuie wu. Menye amegbetɔ deblibowoe le hame ma me o. Gake Yesu lɔ̃ hamea, eɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi nɛ, etsɔ eƒe agbe ɖo anyi nɛ kura gɔ̃ hã, eye wòzãna Ŋɔŋlɔawo tsɔna kpena ɖe eŋu be wòayi ŋgɔ ale be wòadze ye ŋu nyuie. (Ef. 5:25-27; Pet. I, 2:21) Eƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsu Kristotɔ geɖewo be woawo hã naɖo kpɔɖeŋu nyui, eye woadze agbagba ana lɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu hena ŋgɔyiyi. Nu nyui doa go tsoa esiawo me tsɔ wu vodadadidi alo gbegbe ko be yewomaƒo nu o me.

10. (a) Mɔ kawo nue srɔ̃ŋutsu si nye vifofo—amesi gblɔna be Kristotɔe yenye kura gɔ̃ hã—anɔ ewɔm be agbenɔnɔ nasesẽ na ame bubu siwo le eƒe me? (b) Nukae woate ŋu awɔ atsɔ ana nɔnɔmea nanyo wu?

10 Ate ŋu anye be srɔ̃ŋutsua si nye fofo la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe le kuxiawo hem va aƒea me. Ke ne metsɔ ɖeke le eme na eƒe ƒomea ƒe seselelãmewo o alo mexɔa ŋgɔ koŋ wɔa ɖoɖo na ƒomea ƒe Biblia me dzodzro kple nuwɔna bubuwo o ya ɖe? Aƒekɔ aɖewo kpɔ be esime yewodzro kuxia me tẽ le bubu ƒe nɔnɔme me vɔ la, emetsonua nyo. (Lod. 15:22; 16:23; 31:26) Gake ne emetsonuawo mede alesi wokpɔ mɔ na nu o hã la, amesiame ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si ana aƒea me ƒe nɔnɔme naka ɖe eme wu to gbɔgbɔ ƒe kuwo tsetse kple ƒomea me tɔ bubuawo ŋu bubu kple ɖetsɔleme na wo dzi. Ŋgɔyiyi ava, menye to ame kemea sinu kpɔkpɔ be wòawɔ nane la dzi o, ke boŋ to mía tɔ gome wɔwɔ nyuie dzi eye míato ema dzi afia be mía ŋutɔwo míeɖea mawusosroɖa fiana le aƒe me.—Kol. 3:18-20, 23, 24.

Afisi Woakpɔ Ŋuɖoɖowo Le

11, 12. (a) Ðoɖo kawoe Yehowa wɔ be wòatsɔ akpe ɖe mía ŋu le ƒomekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Be míakpɔ viɖe bliboe la, nukae wode dzi ƒo na mí be míawɔ?

11 Teƒe vovovowo li, afisi amewo trɔna ɖo hena aɖaŋuɖoɖo le woƒe ƒomenyawo ŋu. Gake míenyae be aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le Mawu ƒe Nya la me, eye míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu be to eƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi la ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ eŋudɔ. Ðe nele gome kpɔm bliboe tso kpekpeɖeŋu ma mea?—Ps. 119:129, 130; Mixa 4:2.

12 Hekpe ɖe hamea ƒe kpekpewo dede ŋuti la, ɖe mieɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ hena ƒomea ƒe Biblia sɔsrɔ̃ edziedzia? Ƒome siwo wɔa esia edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe la wɔa ɖeka le woƒe tadedeagu me. Woƒe ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi esime wole alesi woazã Mawu ƒe Nya la le woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔmewo me la me dzrom.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 11:18-21.

13. (a) Ne nyabiabia aɖewo le mía si ku ɖe srɔ̃ɖenya alo ƒomenya tɔxɛ aɖewo ŋu la, enuenu la afikae míakpɔ kpekpeɖeŋu si hiã la le? (b) Nukae le be wòadze le nyametsotso siwo katã míawɔ la me?

13 Ðewohi̇̃ biabia aɖewo li siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe alo ƒome ƒe nya tɔxɛ aɖewo ŋu, esiwo lɔ wò ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, ɖoɖo wɔwɔ ɖe vidzidzi ŋuti ɖe? Ðe amekóko be mate ŋu adzi vi o la nyo na Kristotɔwoa? Ðe wòanyo be woaɖe fu ne edze ƒã be ɖevi si woadzi la anye nuwɔametɔa? Ðe seɖoƒe li na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu le gbɔdɔdɔ ƒomevi si nyo le wo dome la ŋutia? Ne sɔhɛ si le eƒe ƒewuiwo me la metsɔ ɖe gobi aɖeke le gbɔgbɔmenyawo me o la, afikae woabia tso esi be wòakpɔ gome kple ƒomea le tadedeagu me ase ɖo? Nukpɔsusu aɖe le asiwò kokoko tso nya siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋuti. Gake ɖe nate ŋu aɖo wo ŋu kple Biblia ƒe gɔmeɖosewoa? Wodzro nya siawo dometɔ ɖesiaɖe me ɖe Gbetakpɔxɔ me. Srɔ̃ alesi nazã nyadigbalẽ siwo li la be nadi nya mawoe. Ne agbalẽ xoxo siwo nyadigbalẽa fia asie la mele asiwò o la, kpɔ agbalẽdzraɖoƒea le Fiaɖuƒe Akpata me. Megakpɔ mɔ na ŋuɖoɖo Ẽ alo Ao na nyabiabia ɖesiaɖe o. Ɣeaɖewoɣi la, ele be wò ŋutɔ natso nya me—wò ɖeka loo alo abe atsu kple asi ene. Gake srɔ̃ alesi nawɔ nyametsotso siwo aɖee afia be Yehowa-lɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃ na wò ƒomea le mewò. Wɔ nyametsotso siwo aɖe wò didi vevie be yeadze Mawu ŋu nyuie la afia. Ne ewɔ esia la, adzé na Yehowa kple ame bubu siwo nya wò nyuie la be menye ame dome koe neɖea mawusosroɖa fiana le o ke boŋ le wò ŋutɔ wò aƒe me hã.—Ef. 5:10; Rom. 14:19.

Numetoto

● Aleke nuteƒewɔwɔ na Yehowa lɔ anukwareɖiɖi le srɔ̃ɖeŋugbedodowo me ɖe emee?

● Ne ƒomekuxiwo te ɖe mía dzi la, nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nusi adze Mawu ŋu?

● Ne ame bubu siwo le ƒomea me do kpo nu gɔ̃ hã la, nukae míate ŋu awɔ atsɔ ana nɔnɔmea naka ɖe eme?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe