INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 20 axa 154-160
  • Agbe kple Ʋu—Èbua Wo Abe Nu Kɔkɔewo Enea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbe kple Ʋu—Èbua Wo Abe Nu Kɔkɔewo Enea?
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ke Ʋu Ŋudɔ Wɔwɔ Le Atikewɔwɔ Me Ya Ðe?
  • Aleke Gbegbe Nya La Nye Ŋkubiãnyae?
  • Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 20 axa 154-160

Ta 20

Agbe kple Ʋu—Èbua Wo Abe Nu Kɔkɔewo Enea?

1. (a) Aleke Mawu buna agbee? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si nye agbe la ŋuti?

MELE BE wòawɔ nuku na mí o be Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋuti la to vovo sãsãsã tso xexeame tɔ gbɔ. Amegbetɔ ƒe agbe nye nu kɔkɔe na Mawu. Ðe nekpɔnɛ le mɔ ma nua? Míaƒe agbe nɔ te ɖe Mawu, amesi “na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame” la dzi bliboe. (Dɔw. 17:25-28; Ps. 36:10) Ne Mawu ƒe nukpɔsusu le mía si la, míakpɔ míaƒe agbe ta. Gake míada le Mawu ƒe se dzi le agbagbadzedze be míakpɔ míaƒe agbe fifitɔ ta o. Míebua Mawu ƒe ŋugbedodo be yeana agbe mavɔ amesiwo ɖea Via dzi xɔxɔ se fiana vavã la nu xɔasie.—Mat. 16:25, 26; Yoh. 6:40; Yuda 21.

2. Ameka ƒe nɔnɔme ɖe agbe ŋue xexeame ɖena fiana, eye susu ka gbɔe esia kplɔa ame yinae ɣeaɖewoɣi?

2 Nusi to vovo na esia enye be Yesu gblɔ be Satana Abosam, amesi nye xexeme sia ƒe dziɖula la, “amewula wònye tso gɔmedzedzea me.” (Yoh. 8:44; 12:31) Tso eƒe aglãdzedze ƒe gɔmedzedze kee wòhe ku vɛ na ameƒomea. Xexeame ƒe ŋutinya si yɔ fũ kple nuvlowɔwɔ la ɖe eƒe gbɔgbɔ fia. Gake Satana ate ŋu aɖe nɔnɔme bubu si dze abe ɖe wòto vovo ene hã afia. Eyata amesiwo eƒe tamesusu tɔtɔ susu na la gblɔna be togbɔ be enyo be woasubɔ Mawu hã la, ne agbe ɖo afɔku me la, ne èɖo to yewoƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “ame bibiwo tɔ” la aɖe vi na wò wu be nanɔ Biblia me nyawo yɔm. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 11:14, 15.) Ne edze ƒã be agbe kple ku ƒe nya dze ŋgɔ wò la, afikae wò dzi atrɔ ɖo? Ele be wòanye míaƒe didi be míadze Yehowa ŋu.

3. (a) Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nusi Biblia gblɔ tso ʋu ŋu la me vevie? (b) Xlẽ Mose I, 9:3-6 kple Dɔwɔwɔwo 15:28, 29, eye natsɔ ŋɔŋlɔ siawo aɖo biabia siwo le etame la ŋu.

3 Mawu ƒe Nya la ɖe kadodo kplikplikpli si le agbe kple ʋu dome la fia, be: “Elabena agbe le ʋu la me.” Alesi agbe nye nu kɔkɔe la, nenema kee Mawu wɔ ʋu la hã nu kɔkɔee. Etɔe wònye, be woazã ɖe mɔ si wòdi la nu. (Mose III, 17:3, 4, 11; Mose V, 12:23) Eyata anyo be míabu nusi wòdi tso mía si le ʋu ƒe nya gome la ŋu nyuie.

Xlẽ Mose I, 9:3-6

Nuwɔna kawoe yia edzi le wò nutoa me si bia tso asiwò be nanɔ ŋudzɔ be magaɖu lãʋu o?

Le nusi wogblɔ le kpukpui 4 me ku ɖe lãwo ƒe ʋu ŋuti ta la, aleke nawɔ nue ɖe ameʋu nono (esi wowɔ le Romatɔwo ƒe avuwɔmodzakaɖeƒewo) ŋuti?

Abe alesi woɖee fia ɖe kpukpui 5 kple 6 me ene la, ameka koŋ ye abia akɔnta tso amesi kɔ ameʋu ɖi la si?

Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:28, 29

Ðe esia fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe nudidiawo awɔ dɔa? Ðe woku ɖe mía ŋua?

Le nyagbe siwo wozã le afisia nu la, ɖe woɖe amegbetɔ ƒe ʋu le emea?

Ðe mawunyakpukpuia ɖee fia be woate ŋu azãe le nɔnɔme kpatawo mea?

4. Abe alesi wodzro emee le afisia ene la, nukae Ŋɔŋlɔawo fia be ahiã be ame nawɔ be magaɖi ʋufɔ o?

4 Le amegbetɔ ƒe ʋu gome la, míate ŋu asusu be ne míewu ame o ko la ekema míeɖi fɔ o. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ne míele habɔbɔ aɖe si ɖi ʋufɔ le Mawu gbɔ me la, ele be míadzudzɔ kadodo kplii ne míedi be míakpɔ gome le eƒe nuvɔ̃wo me o. (Nyaɖ. 18:4, 24; Mixa 4:3) Ele be woawɔ afɔɖeɖe ma kpata.

5. Aleke wotsɔ veviedodo le gbeadzisubɔsubɔ me la ku ɖe ʋufɔmaɖimaɖi ŋue?

5 Mawu ƒe subɔla siwo wòdɔ be woaxlɔ̃ nu tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna le xaxa gã me ŋu ya la, woƒe vovo tso ʋufɔɖiɖi me bia tso wo si be woaɖe gbe ƒã gbedasia anukwaretɔe. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 3:17-21.) Apostolo Paulo kpɔ eɖokui abe amewo katã ƒe fenyila ene, le subɔsubɔ si wode asi nɛ la ta. Eɖi ɖase tsitotsito na wo tso Mawu ƒe ɖoɖo hena ɖeɖe ŋuti vɔ hafi see le eɖokui me be yevo tso woƒe ʋu me. (Rom. 1:14, 15; Dɔw. 18:5, 6; 20:26, 27) Ðe wò veviedodo le gbeadzisubɔsubɔ me la ɖee fia nenema ke be ènya be agbanɔamedzi le Yehowa Ðasefowo katã dzia?

6. Kadodo kae le mɔ xexe ɖe afɔku nu kple bubu dede agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu dome?

6 Ele be afɔku siwo wua ame la hã nanɔ susu me na mí vevie. Le Mose ƒe Sea te la, womebu amesiwo he wo havi amegbetɔ ƒe ku vɛ evɔ menye ɖe woɖoe wɔ hafi o la fɔmaɖilawoe o. Wohe to na wo. (Mose II, 21:29, 30; Mose V, 22:8; Mose IV, 35:22-25) Ne míewɔ ɖe gɔmeɖose si le eme la dzi la míakpɔ nyuie be míaƒe asi maganɔ afɔku wuame aɖeke me to alesi míekua ʋue alo ate nane akpɔ movitɔe alo ana afɔku ƒe nɔnɔme nanɔ míaƒe aƒe me alo dɔwɔƒe dzi o. Ðe wò nɔnɔme ɖe nusiawo ŋu ɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ blibo ɖe agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu la fia?

Ke Ʋu Ŋudɔ Wɔwɔ Le Atikewɔwɔ Me Ya Ðe?

7. (a) Ðe ame aɖe ƒe ʋu dodo na ame bubu la le ɖekawɔwɔ me kple ʋu ƒe kɔkɔenyenyea? (b) Nukatae susu mele eme o be woagblɔ be sedede be ‘woatsri ʋu’ la ku ɖe ƒe alafa gbãtɔ me nuwɔnawo ko ŋu?

7 Togbɔ be nuwɔna sia menye nu yeye o hã la, vevietɔ le ƒe alafa 20 lia me la wozã ʋu geɖe ŋutɔ le ʋudodo me kple susu be woatsɔ alé agbe ɖe te. Wozãna ʋu ŋutɔŋutɔ kple nu vevi siwo le eme la le mɔ sia nu. Ele eme ya be kakaɖedzi mele atikewo ƒe mɔnu mawo ŋu be dɔnɔ la maku o. Ɣeaɖewoɣi la, ʋu ŋudɔ wɔwɔ le mɔ ma nue hea ku vɛ. Gake nusi le vevie wue nye be—Ðe Biblia ƒe sedede be ‘míatsri ʋu’ la lɔ atikewɔmɔnu sia ɖe emea? Ẽ! Ʋu xɔxɔ ɖe ame ƒe ŋutilã me, eɖanye lã alo amegbetɔ tɔ o la nye Mawu ƒe se dzi dada. Efia bubu mademade ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu. (Dɔw. 15:19, 20) Kpeɖodzi aɖeke meli be sedede be ‘woatsri ʋu’ la ku ɖe nuwɔna siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ko ŋu eye be egbegbe ƒe atikewɔɖaŋuwo ya mele eme o. Bu nya la ŋuti kpɔ. Amekae agblɔ be Biblia ƒe se si tsi tre ɖe amewuwu ŋu la meku ɖe tu dada ame wòaku ŋu o le esi wònye be ƒe alafa 10 lia me hafi wowɔ ɖu ta? Eye ɖe susu le eme be woagblɔ be se si tsi tre ɖe ahamumu ŋu la ku ɖe aha siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ko ŋuti, ke menye egbegbe aha sesẽ siwo li la oa? Gbedasi si le sedede be ‘woatsri ʋu’ me la me kɔ na amesiwo di vavã be yewoadze Mawu ŋu la.

8. (a) Aleke nawɔ anya be atikewɔmɔnu aɖe nyo na Kristotɔ? (b) Ne ɖɔkta di be yeaɖe wò ŋutɔ wò ʋu ada ɖi ahado na wò emegbe ne yewɔ dɔ na wò la, Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nawɔ nyametsotso nyuitɔ? (d) Aleke ame aɖe abu dɔdada si abia be ʋu nato mɔ̃ me tso ŋutilã me agage ɖe eme la ŋutie?

8 Gake alesi atikewɔmɔnu aɖewo me mekɔe o la afɔ nyabiabiawo ɖe te. Aleke woakpɔ esiawo gbɔe? Gbã la, bia wò ɖɔkta la ne wòaɖe mɔ si dzi wòdi be yeato ada dɔa la me na wò. Emegbe nabu nya la ŋu gbedodoɖatɔe le Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Ðewohi̇̃ ɖɔkta la agblɔ be yeaɖe wò ŋutɔ wò ʋu ada ɖi be ne ehiã la woazãe na wò emegbe ne wowɔ dɔ na wò. Àlɔ̃ ɖe edzia? Ðo ŋku edzi be le Mawu ƒe Se si wòna to Mose dzi nu la, ele be woakɔ ʋu si woɖe le nuwɔwɔ aɖe me la ɖe anyigba. (Mose V, 12:24) Míawo míele Mose ƒe Sea te egbea o, gake gbedasi vevi lae nye be ʋu nye nu kɔkɔe, eyata ne woɖee le nuwɔwɔ aɖe me la, ele be woagbugbɔe na Mawu to ekɔkɔ ɖe anyigba si nye eƒe afɔɖodzinu la dzi. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:34, 35.) Eyata aleke wòate ŋu asɔe be woaɖe wò ʋu ada ɖi (hena ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã) eye emegbe woagagbugbɔ adoe na wò? Ke ne ɖɔkta la gblɔ be ne wole dɔ wɔm na wò alo le atikewɔwɔ bubu aɖe me la woana wò ʋu nado to mɔ̃ aɖe si le ŋutilã la godo me agage ɖe mewò enumake ya ɖe? Àda asi ɖe edzia? Ame aɖewo susu be yewoate ŋu atsɔ dzitsinya nyui aɖe mɔ woawɔ esia ya ne ʋu aɖeke mele mɔ̃a me hafi o ko. Wobu mɔ̃ si le ŋutilã godo la abe woa ŋutɔwo ƒe ʋuka bubuwo ene. Nɔnɔmeawo toa vovo, eye wòe atso nya me. Gake ele be wò nyametsotso la nawɔe be dzitsinya nyui nanɔ asiwò le Mawu gbɔ.—Pet. I, 3:16; Tim. I, 1:19.

9. (a) Be naka ɖe edzi be woawɔ ɖe yeƒe nyametsotso be ‘yeatsri ʋu’ dzi la, aleke nadze aye do ŋgɔe? (b) Le nudzɔdzɔ kpata me gɔ̃ hã la, aleke woate ŋu aƒo asa na nyaʋiʋli masɔmasɔe? (d) Ne ɖɔkta alo ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe dze agbagba be woazi ʋudodo ɖe dziwò la, nukae nawɔ?

9 Be naka ɖe edzi be wò ɖɔkta la awɔ ɖe wò nyametsotso be ‘natsri ʋu’ dzi la, ƒo nu nɛ hafi dɔdada ƒe nɔnɔme kpata aɖe nado mo ɖa. Ne ehiã be nayi kɔdzi hena dɔyɔyɔ la, dze aye do ŋgɔ naŋlɔe ɖi abia be woagazã ʋu o, azɔ wò ŋutɔ ƒo nu na ɖɔkta si le gbɔwò kpɔ ge la. Ke ne nu kpata aɖe dzɔ ya ɖe? Míaƒo asa na nyaʋiʋli masɔmasɔ ne míedzro nu me bubutɔe kple ɖɔkta la heƒoe ɖe enu be wòazã eƒe dɔwɔɖaŋu atsɔ akpe ɖe mía ŋue, gake wòade bubu míaƒe Kristotɔ ƒe dzitsinya ŋuti. (Lod. 15:1; 16:21, 23) Gake ne atikewɔla nyuidinamelawo te tɔ ɖe edzi be ʋumaxɔmaxɔ ade míaƒe agbe afɔku me eye woadze agbagba be woaƒoe ɖe mía nu be míalɔ̃ ɖe edzi la, nukae míawɔ? Ele be xɔse be Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe la nana míanɔ te sesi̇̃e. Ele be nuteƒe wɔwɔ na Yehowa nana míaɖoe kplikpaa axe mɔ na wo, elabena míetiae be míaɖo to Mawu wu amewo.—Dɔw. 5:29; tsɔe sɔ kple Hiob 2:4; Lododowo 27:11.

Aleke Gbegbe Nya La Nye Ŋkubiãnyae?

10. Nukatae gbɔgblɔ be ʋudodo hiã be woatsɔ axɔ ame ɖe agbe la metrɔ míaƒe nukpɔsusu le nya la ŋu o?

10 Le amesiwo menya Yehowa haɖe o gome la, nya siwo de ʋudodo dzi adze ɣeaɖewoɣi abe bubu deto dede agbe ƒe kɔkɔenyenye ŋu ene. Gake míeŋlɔna be o be ame geɖe siwo gblɔa nya sia la kee da asi ɖe agbe ɖeɖeɖa to fuɖeɖe dzi la dzi. Yehowa nya nu tso agbe kple ʋu ŋuti wu atikeŋutinunyala “bibi” ɖesiaɖe. Eƒe sewo katã ɖe vi na mí, eye wokpɔa míaƒe agbe fifitɔ ta heléa míaƒe etsɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖe te. (Yes. 48:17; Tim. I, 4:8) Ðe sedede be ‘woatsri ʋu’ la to vovoa?

11. (a) Mɔ ɖeka kolia ka nue Yehowa ɖe mɔ na Israel-viwo be woazã ʋu le? (b) Nukatae esia le vevie na mí abe Kristotɔwo ene?

11 Nusi Yehowa gblɔ ku ɖe mɔ ɖeka kolia si nu woazã ʋu ɖo ŋu la te gbe ɖe ʋu ƒe kɔkɔenyenye si menye fefenya o la dzi. “Agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme. Eyata megblɔ na Israel-viwo be: Mia dometɔ aɖeke megaɖu ʋu o.” (Mose III, 17:11, 12) Lãʋu siwo katã wokɔ ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi le ɖekawɔwɔ me kple nudidi ma la nye vɔvɔli na Yesu Kristo ƒe ʋu xɔasi la. (Heb. 9:11, 12; Pet. I, 1:18, 19) Eyata Mawu ƒe se si tsi tre ɖe ʋu ŋudɔ wɔwɔ le mɔ bubu nu ŋuti la te gbe ɖe Yesu ŋutɔ ƒe ʋu ƒe nu xɔasi si wònye dzi. Woate ŋu akpɔe le esia me be ʋu ŋudɔ wɔwɔ le mɔ madzemadze nu la nye bubu mademade Yehowa ƒe ɖoɖo hena ɖeɖe to Via dzi la ŋu.

12. Nukatae ne Kristotɔ vavã dze ŋgɔ ku la, matrɔ ɖe ʋu ŋudɔ wɔwɔ le mɔ madzemadze nu ŋu be yeatsi agbe o?

12 Ne ku kple agbe ƒe nɔnɔme dze ŋgɔ ame la, aleke wòahanye nu ŋu mabumabu nyuie ƒe nuwɔnae nye si be woatrɔ megbe ade Mawu! Togbɔ be míekpɔa ŋudzedze ɖe ɖɔkta nyuidinamelawo ƒe dɔwɔnawo ŋu hã la, míedzea agbagba gbeɖe mɔkpɔkpɔmanɔsitɔe be míaxɔ mía ŋutɔwo alo míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ɖe agbe hena ŋkeke alo ƒe ʋee aɖewo to Mawu ƒe se dzi dada dzi abe agbea katã koe nye sia ene o. Míexɔ Yesu ƒe ʋu xɔasi si wòkɔ ɖi kple agbe mavɔ si wòhe ɖe asi la dzi se. Míexɔ edzi se kple míaƒe dzi blibo be Mawu-subɔla nuteƒewɔlawo—esiwo aku kura gɔ̃ hã—akpɔ agbe mavɔ ƒe fetu.—Yoh. 11:25; Tim. I, 4:10.

Numetoto

● Nukae na agbe kple ʋu nye nu kɔkɔe? Nukatae xexeame dana asi ɖe nukpɔsusu bubu dzi?

● Aleke míaɖe lãwo ƒe ʋu ƒe kɔkɔenyenye afiae?

● Mɔ vovovo kawo nue wòle be mí katã míaɖee afia be míedea bubu amegbetɔ ƒe agbe ŋu abe nu kɔkɔe ene? Aleke esia wɔwɔ le vevie?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe