INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 10/15 axa 30-31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbe kple Ʋu—Èbua Wo Abe Nu Kɔkɔewo Enea?
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 10/15 axa 30-31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Biblia ƒe se siwo wòde ku ɖe ʋu zazã le mɔ si sɔ nu ŋu ta la, aleke Yehowa Ðasefowo bua atikewɔmɔnu siwo me wozãa amea ŋutɔ ƒe ʋu le?

Le esi teƒe be míanɔ te ɖe nusi ame ŋutɔ di alo atikewɔmɔnu aɖe si wokafu dzi koŋ atso nya me la, ele na Kristotɔ ɖesiaɖe be wòade ŋugble le nusi Biblia gblɔ ŋu vevie. Wo kple Yehowa dome nya ye.

Yehowa, amesi na agbe mí la, de se be mele be woaɖu ʋu o. (Mose I, 9:3, 4) Le Se si Mawu de na blema Israel me la, egblɔ alesi wòle be woazã ʋui elabena etsi tre ɖi na agbe. Ede se be: “Agbe [alo luʋɔ] le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui.” Ke ne ame aɖe da ade lã aɖe be yeaɖu ya ɖe? Mawu gblɔ be: “Ekema wòaɖuɖu eƒe ʋu ɖe anyigba, eye wòaxe ke ɖe dzi.”a (Mose III, 17:11, 13) Yehowa gagbugbɔ se sia gblɔ enuenu. (Mose V, 12:16, 24; 15:23) Yudatɔwo ƒe Soncino Chumash gblɔ be: “Mele be woadzra ʋu la ɖo o ke boŋ woabui be menyo woaɖu o ale be woakɔe ɖe anyigba.” Israel-vi aɖeke mekpɔ mɔ aɖe nuwɔwɔ bubu aɖe, si ƒe agbe nye Mawu tɔ, ƒe ʋu, adzrae ɖo ahazãe o.

Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ wu enu esime Mesia la ku. Ke hã Mawu ƒe nukpɔsusu le ʋu ƒe nukɔkɔenyenye ŋu ya kpɔtɔ li. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã apostoloawo wogblɔ na Kristotɔwo be ‘woatsri ʋu.’ Se ma menye esi wòle be woabu nu tsɛe o. Enɔ vevie le agbenyuinɔnɔ gome abe alesi gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ alo trɔ̃subɔsubɔ tsitsri hã nɔ vevie ene. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 21:25) Esi ʋu ɖeɖe kple edodo va bɔ le ƒe alafa 20 lia me la, Yehowa Ðasefowo nya be nuwɔna sia tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu.b

Ɣeaɖewoɣi la, ɖɔkta abia tso dɔnɔ si be wòana woaɖe eya ŋutɔ ƒe ʋu adzra ɖo kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na dɔwɔwɔ nɛ (si woyɔna le Eŋlisigbe me be preoperative autologous blood donation, alo PAD) ale be ne eva hiã la, woate ŋu ado dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋu si woɖe da ɖi la nɛ. Gake ʋu ɖeɖe adzra ɖo kple edodo na ame alea tsi tre ɖe nusi wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia kple Atɔ̃lia me ŋu tẽ. Mele be woaɖe ʋu adzra ɖo o; ele be woakɔe ɖe anyi—woatrɔe na Mawu le kpɔɖeŋumɔ nu. Ele eme baa be Mose ƒe Sea megale dɔ wɔm fifia o. Ke hã Yehowa Ðasefowo dea bubu gɔmeɖose siwo Mawu de eme ŋu, eye woɖoe kplikpaa be ‘yewoatsri ʋu.’ Eyata míeɖea ʋu nana o, eye míeɖea míaƒe ʋu si wòle be ‘woakɔ ɖe anyigba la’ dzrana ɖo be woagbugbɔ ado na mí o. Nuwɔna ma tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu.

Asitɔtrɔ alo dodokpɔ bubu siwo wowɔna le ame ƒe ʋu ŋu medze ƒã be etsi tre ɖe gɔmeɖose siwo Mawu na ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ geɖe ɖea mɔ woɖea woƒe ʋu ƒe ɖe va dona kpɔna alo woléa ŋku ɖe eme, eye emegbe wotsɔnɛ ƒua gbe. Wogate ŋu kafua mɔnu bubu siwo gɔme sese sesẽ be woato wo dzi atrɔ asi le ame ƒe ʋu ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, le amekoko ƒe mɔnu aɖewo me la, wotrɔa mɔ na ʋua ƒe akpa aɖe wòsina dona le amea me le mɔnu si woyɔna be ʋudzodzro me. Wotɔa tsi ʋu si susɔ ɖe dɔnɔa me. Emegbe woganana ʋu si do go la sina yia dɔnɔa ƒe lãme, ale be ʋumenugbagbevi si le eƒe ʋua me la ƒe agbɔsɔsɔ gogoa esi sɔ. Nenema ke woate ŋu axe ʋu si ɖuɖu le abi me ahatsrae ale be woate ŋu agbugbɔ ʋumenugbagbevi dzĩawo ado na dɔnɔa; woyɔa esia be ʋumenugbagbeviwo xexe. Le mɔnu bubu me la, woate ŋu aɖo ʋua ɖe mɔ̃ aɖe si xɔa ŋutinuwo (abe dzi, dzitodzito, alo ayikuwo ene) ƒe dɔwo wɔna hena ɣeyiɣi kpui aɖe la me. Emegbe woganana ʋua sina tsoa mɔ̃a me yina dɔnɔa ƒe lãme. Le mɔnu bubuwo me la, woɖoa ʋua ɖe ʋutsramɔ̃ aɖe (centrifuge) me ale be woate ŋu aɖe nusiwo le gbegblẽm alo gblẽ le ʋua me. Alo taɖodzinua ate ŋu anye be woaɖe ʋumenu aɖewo ade ametia ƒe akpa bubu. Dodokpɔ aɖewo hã li si me woɖea ʋu agbɔsɔsɔme aɖe be woade dzesii alo atsɔ atsaka atikee, eye emegbe woagbugbɔe ado na dɔnɔa.

Nu ɖekaɖeka siwo wowɔna la ate ŋu anɔ vovovo, eye woagate ŋu ato mɔnuwo, atikewɔmɔnuwo, kple dodokpɔ yeyewo vɛ godoo. Menye míaƒe dɔe wònye be míalé ŋku ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu ahatso nya me le wo ŋu o. Ele be Kristotɔ natso nya me na eɖokui le nusi woawɔ kple eƒe ʋu le ekoko, edodokpɔ le atikewɔwɔ nɛ me, alo le dɔyɔɖaŋu si le tsia dzi me ŋu. Ele be wòabia gbe ɖɔkta alo mɔ̃ɖaŋudɔwɔla la le alesi woazã eƒe ʋui le dɔdada me ŋu. Ekema wòatso nya me ɖe alesi eƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ nu. (Kpɔ aɖakaa.)

Ele be Kristotɔwo naɖo ŋku woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu kple agba si le wo dzi be ‘woalɔ̃e kple woƒe dzi blibo, luʋɔ̃ blibo, ŋusẽ blibo, kple tamesusu blibo’ la dzi. (Luka 10:27) To vovo na ame akpa gãtɔ siwo le xexeame la, Yehowa Ðasefowo dea bubu ƒomedodo nyui si le wo kple Mawu dome ŋu vevie. Agbenala la xlɔ̃ nu mí katã be míaxɔ Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi ase. Míexlẽ be: “[Yesu Kristo] amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke.”—Efesotɔwo 1:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nufialagã Frank H. Gorman ŋlɔ bena: “Woate ŋu ase ʋu la kɔkɔ ɖe anyigba gɔme nyuie wu be enye sisiɖa ƒe nuwɔna si me wodea bubu lãa ƒe agbe ŋu le, si ganye bubu dede Mawu, amesi wɔ agbea eye wòyia edzi kpɔa eta hã ŋu.”

b July 1, 1951, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖo biabia vevi siwo ku ɖe nya sia ŋu la ŋuti, eye wòɖe nusita ʋu siwo amewo ɖe dodo mesɔ o la me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

NYA SIWO NÀBIA ÐOKUIWÒ

Nenye be woatrɔ mɔ na nye ʋu be wòado le ŋunye ato teƒe bubu eye woatɔ te eƒe sisi hena ɣeyiɣi aɖe la, ɖe nye dzitsinya aɖe mɔ nam be mabu ʋu sia be egakpɔtɔ nye nye akpa aɖe, si ta mele be woatsɔe ‘akɔ ɖe anyigba’ oa?

Ðe nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee aɖe fu nam, nenye be le dɔa didi alo dɔyɔɖaŋu aɖe zazã me la, woɖe nye ʋu, trɔ asi le eŋu, eye wogana wòsi va (alo doe ɖe) lãme nam akea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe