INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 11/1 axa 6-7
  • Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afikae Ame Kukuwo Le?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Afi Kae Míeyina Ne Míeku?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • “Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?
    Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 11/1 axa 6-7

Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?

ŊUTSUVI dzaa koe Roman nye esi exɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe ku le ʋufɔku me. Egblɔ be: “Xɔ̃nyea ƒe ku ɖe fu nam vevie ŋutɔ. Ƒe geɖee nye esi va yi, ke hã megadea ŋugble le nu si dzɔna ɖe ame dzi le ku megbe ŋu.”

Nu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?

Amegbetɔ ƒe ku dzena abe nu si mele dzɔdzɔme nu o ene. Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, zi geɖe la, míedina be míaku o. Ame geɖewo vɔ̃na na nu si adzɔ le ku megbe.

Aleke ame aɖewo ɖoa eŋui?

Ame geɖe xɔe se be ne ame ku la, eƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe. Ame siawo xɔe se be ame dzɔdzɔewo axɔ woƒe fetu le dziƒo, ke woahe to na ame vɔ̃ɖiwo ya ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta tegbee. Ame bubuwo hã xɔe se be ne ame ku la, megali o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke megali nɛ o.

Nu kae ŋuɖoɖo mawo fia?

Ŋuɖoɖo gbãtɔ fia be ne ame ku la, meku ŋutɔŋutɔ o. Evelia le fiafiam be taɖodzinu aɖeke mele agbea ŋu o. Ame siwo ƒe susu wɔ ɖeka kple ŋuɖoɖo evelia la ƒe nuwɔna sɔna kple esi ŋu Biblia ƒo nu tsoe be: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.”—1 Korintotɔwo 15:32.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia?

Biblia mefia nu be ne ame ku la, eƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòŋlɔ bena: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Esi ame kukuwo “menya naneke o” ta la, womenya naneke tso nu siwo le edzi yim la ŋu o. Seselelãme alo wɔna aɖeke mele wo ŋu o. Eya ta kukuawo mate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nu vevi wo o.

To vovo na nu si ame geɖe xɔ se la, Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku hafi o. Esi wòwɔ ame gbãtɔ Adam la, eɖoe be wòanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Esime Mawu nɔ nu ƒom tso tomaɖomaɖo me tsonu ŋu na Adam la koe wòƒo nu tso ku ŋu. Ede se na Adam be wòagaɖu ati aɖe ƒe tsetse o, eye wòxlɔ̃ nui be ne eɖui la, ‘ku ke wòaku.’ (1 Mose 2:17) Ne ɖe Adam kple Xawa yi edzi ɖo to la, anye ne wo kple woƒe dzidzimevi siwo katã awɔ nuteƒe na Mawu la anɔ anyigba dzi tegbee.

Adam tiae be yeado toku Mawu ƒe nuxlɔ̃amea. Ewɔ nu vɔ̃ esi wògbe toɖoɖo Mawu, eye esia na wòku. (Romatɔwo 6:23) Adam ƒe akpa aɖeke meyi edzi nɔ agbe le eƒe ku megbe o. Esi Adam ku ko la, megali o. Mawu gblɔ na Adam be: “Fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (1 Mose 3:19) Esi wònye ameƒomea katã dzɔ tso Adam me ta la, míenyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome tso egbɔ.—Romatɔwo 5:12.

Togbɔ be Adam gbe toɖoɖo Mawu hã la, Mawu ana Eƒe tameɖoɖo si nye be Adam ƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba dzi la nava eme. (1 Mose 1:28; Yesaya 55:11) Eteƒe madidi o, Mawu afɔ ame siwo ku la dometɔ akpa gãtɔ ɖe tsitre. Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi ma ŋu la, egblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Roman, ame si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, srɔ̃ Biblia, eye wòva nya nu si Biblia fia tso ku kpakple Yehowa Mawu ŋu. Nu si wòva srɔ̃ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le magazine sia ƒe axa 11 lia.

Ðe manyo be nàxlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 6 lia be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku ŋu oa? Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

Nu Kae Yesu Gblɔ Tso Ku Ŋu?

Yesu meda asi ɖe subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la ƒe nufiafia si nye be womafɔ kukuawo ɖe tsitre o la dzi o. (Luka 20:27) Eye mefia nu hã be ne ame ku la, eƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe o. Ke boŋ nu siwo gbɔna la ŋue wòfia nu tsoe.

Ku le abe alɔ̃dɔdɔ ene. Esi Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, egblɔ be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le ɖiɖim ɖe eme, gake meyina afi ma, be maɖanyɔe tso alɔ̃ me.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese eƒe nyawo gɔme o. Wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖiɖimee wòle ɖe eme la, ekema eƒe lãme asẽe.” Biblia ɖe nu me be: “Ke hã, eƒe ku ŋue Yesu ƒo nu tsoe. Gake woawo [ya] wosusui be enɔ nu ƒom tso ale si woadɔ alɔ̃ aɖi ɖe emee ŋu. Eya ta Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ azɔ be: ‘Lazaro ku.’”—Yohanes 11:11-14.

Woafɔ kukuawo ɖe tsitre. Esi Yesu va ɖo du si me Lazaro nɔ me la, egblɔ nya siawo tsɔ fa akɔ na Lazaro nɔvinyɔnu Marta be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Eyome Yesu do ŋugbe wɔdɔɖeamedzi sia be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, togbɔ be aku hã la, agagbɔ agbe.” Menye ŋugbedodo ƒuƒlu aɖe koe Yesu ƒe nya mawo nye o. Le nuteƒekpɔla geɖewo ŋkume la, Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre, togbɔ be eku ŋkeke enee nye ema hã.—Yohanes 11:23, 25, 38-45.

Le nu siwo ava dzɔ ŋuti ɖeɖefia aɖe si Yesu na apostolo Yohanes kpɔ me la, Yesu gado ŋugbe ake be woafɔ kukuawo ɖe tsitre. Eƒo nu tso ale si ku aɖe ga ame siwo katã wòɖe aboyoe, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, le etsɔme la ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe