Nɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi
Mawu do agbe mavɔ ŋugbe na amesiwo dea bubu eyama ŋu. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.
Gake be woabu wò ɖe “ame dzɔdzɔewo” dome la, ele be nawɔ nusi yi ŋgɔ wu alesi nanya nusi ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la ko ŋu. Ele be nayi ŋgɔ le sidzedze Mawu me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò, ne mèle kpekpeɖeŋu ma xɔm haɖe o. Wò ya ŋlɔ agbalẽ na Jehovah’s Witnesses to adrɛs si sɔ si dze le ete la zazã dzi eye nabia nufiame bubuwo alo nabia be Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka nava aƒewò me eye woasrɔ̃ Biblia kpli wò edziedzi femaxee.