Agbalẽ Si Nuxlẽlaa Ate Ŋu Adɔ
Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ‘ava’ la anye nu gã aɖe na ameƒomea wu nudzɔdzɔ bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Esia tae wòhiã be woagblɔ Fiaɖuƒea ŋuti nya na mí katã nyuie ɖo.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woadzro nyati vevi sia me kpli mia kple wò ƒomea alo ame ɖekaɖekawo femaxee. Zã adrɛs si sɔ le axa si kplɔ esia ɖo dzi le agbalẽ sia me nàŋlɔ agbalẽ na Watch Tower nàbia be woawɔ Biblia me numedzodzro sia kple ye. Woawɔ ɖoɖo be Ðasefo bibi aɖe nasrã wò kpɔ eye wòakpe ɖe ŋuwò nàse Fiaɖuƒea gɔme nyuie.
Ame miliɔn geɖe kpɔ viɖe le subɔsubɔdɔ femaxee sia me xoxo le anyigba ƒe akpa sia akpa. Wò hã àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàtu xɔse ɖo ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.