INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sh ta 6 axa 129-160
  • Buddha-subɔsubɔ—Blibodede Didi Mawu Manɔmee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Buddha-subɔsubɔ—Blibodede Didi Mawu Manɔmee
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzɔtsoƒe si Ŋu Kakaɖedzi Mele O ƒe Nya La
  • Buddha la ƒe Fu Fɔfɔ Kple Edzidzi
  • Blibodede la—Alesi Wòwɔ Kpɔe
  • Blibodede la—Nukae Wònye?
  • Buddha-subɔsubɔha la ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Keke Ðe Enu
  • Buddhatɔwo ƒe Mɔ Vovovowo
  • Kusi Etɔ̃a Kple Buddhatɔwo ƒe Ŋɔŋlɔ Bubuwo
  • Karma Kple Samsara ƒe Agbenɔnɔ Siwo Kplɔ Wo Nɔewo Ðo
  • Nirvana—Nusi Gbɔ Manya Aɖo O la Gbɔ Ðoɖoea?
  • Blibodede Yea alo Nutiamee?
  • Blibodede Mawu Manɔmeea?
  • Dzixɔsea Ðo Ɣedzeƒe Subɔsubɔhawo Me
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Mawunyadɔgbedelawo—Ameka ƒe Kpɔɖeŋue Woasrɔ̃?
    Nyɔ!—1994
  • Mɔfiafia Didi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui
    Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii
Kpɔ Bubuwo
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
sh ta 6 axa 129-160

Ta 6

Buddha-subɔsubɔ—Blibodede Didi Mawu Manɔmee

1. (a) Aleke Buddha-subɔsubɔha wɔ ge ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo dome? (b) Nukawoe na wòva le Ɣetoɖoƒetɔwo dome?

TEƑE ʋee aɖewo koe wonya le le Asia godo le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me be Buddha-subɔsubɔha nɔ anyi; gake eva zu xexemesubɔsubɔha gã egbea. Le nyateƒe me la, ewɔa nuku ŋutɔ na ame geɖe le Ɣetoɖoƒenyigbawo dzi be woakpɔ be Buddha-subɔsubɔha le ŋgɔ yim le woawo ŋutɔwo ƒe kɔ́ me pɛɛ. Nusi gbɔ nusia ƒe akpa gãtɔ tsoe nye sisila siwo tso dukɔ vovovowo me la ƒe ʋuʋu le wo de. Asiatɔ gbogbo aɖewo ʋu va tsi Ɣetoɖoƒe Europa, Anyiehe Amerika, Australia, kple teƒe bubuwo. Esi amedzro siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ʋuna va tsia afisi zu wo denyigba yeye dzi la, wovana kple subɔsubɔha si me wole hã. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Ɣetoɖoƒetɔ geɖe hã va le kekem ɖe Buddha-subɔsubɔha ŋu zi gbãtɔ. Nusia, hekpe ɖe sɔleme siwo li tsã xoxoxo ƒe mɔ ɖeɖe ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu kpakple woƒe gbɔgbɔmetoyiyi, na ame aɖewo va zu subɔsubɔha “yeye” la me tɔwo.—Timoteo II, 3:1, 5.

2. Afikawoe woakpɔ Buddhatɔwo le egbea?

2 Eyata 1989 Britannica Book of the Year gblɔ be Buddhatɔwo gblɔ be yewoƒe hameviwo ade miliɔn 300 le xexeame katã, woƒe xexlẽme ade ame 200,000 le Ɣetoɖoƒe Europa, 200,000 le Anyiehe Amerika, 500,000 le Latin Amerika, kpakple 300,000 le Soviet Union. Gake Buddhatɔwo ƒe akpa gãtɔ gakpɔtɔ le Asia-dukɔwo me abe le Sri Lanka, Myanmar (Burma), Thailand, Japan, Korea, kple China ene. Gake amekae nye Buddha la? Aleke subɔsubɔha sia dze egɔmee? Nukawoe nye Buddhatɔwo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo?

Dzɔtsoƒe si Ŋu Kakaɖedzi Mele O ƒe Nya La

3. Buddha la ƒe agbeŋutinya ƒe nuŋlɔɖi kae li?

3 Agbalẽ si nye World Religions—From Ancient History to the Present gblɔ be: “Wotu nusi míenya tso Buddha ƒe agbenɔnɔ ŋu ƒe akpa gãtɔ ɖe woƒe agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo, dometɔ siwo ƒo nu tso nu geɖe wu ŋu eye woɖe nu geɖe gɔme wu ƒe akpa gãtɔ siwo woŋlɔ ɖe Paligbe, si nye blema Indiatɔwo ƒe gbe aɖe la me ɖaseɖiɖiwo dzi.” Nya sia gɔmee nye be agbalẽ aɖeke menɔ anyi le Siddhārtha Gautama, si nye ha sia ɖola si nɔ India ƒe anyiehe lɔƒo le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la ŋɔli si agblɔ eŋu nya aɖe na mí o. Nyateƒee, enye nusi ɖe fu. Gake biabia si le vevie wue nye ɣeyiɣi si me woŋlɔ “agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo” la kple alesi woŋlɔ woe.

4. Aleke wokpɔ Buddha ƒe nufiafia ŋutɔŋutɔ tae le gɔmedzedzea me?

4 Buddhatɔwo tua xo be le Gautama ƒe ku megbe teti la, aɖaŋuɖotakpekpe aɖe si me nunɔla saɖagaxɔmenɔla 500 le la kpe ta be yewoatso nya me le nusi nye Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋutɔŋutɔ la ŋu. Buddhatɔwo ƒe agbalẽnyalawo kple ŋutinyaŋlɔlawo he nya geɖe le takpekpe ma ƒe wɔwɔ alo mawɔmawɔ ŋu. Gake nu vevitɔ si wòle be míade dzesii nye be Buddhatɔwo ƒe agbalẽwo kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be womeŋlɔ nufiafia ŋutɔŋutɔ mawo si dzi wolɔ̃ ɖo la ɖi o ke boŋ ɖe nusrɔ̃lawo lée ɖe tame. Ɣeyiɣi didi aɖe megbe hafi woŋlɔ agbalẽ kɔkɔeawo.

5. Ɣekaɣie woŋlɔ Paligbe me gbalẽawo?

5 Sri Lanka ƒe Mía Ŋɔli ƒe alafa enelia kple adelia me ŋutinyagbalẽwo gblɔ be Fia Vattagamani Abhaya ƒe dziɖuɣi le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. mee woŋlɔ Paligbe me “agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo” la. Ƒe alafa gbãtɔ alo kura gɔ̃ hã ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me si nye eƒe agbenɔnɔ abe ƒe akpe ɖeka ene kloe megbe hafi woŋlɔ Buddha ƒe agbemenya bubuwo.

6. Nya kawoe wohe le “agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo” la ŋu? (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 3:16, 17.)

6 Eyata Abingdon Dictionary of Living Religions gblɔ be: “‘Agbeŋutinyaawo’ tsi megbe eye xotutu kple glinyawo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ ɖe eme, eye agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la ƒe xoxotɔ kekeake me nyawo nye numenya siwo wogblɔ ɣeyiɣi didi aɖe, si edze ƒã be wogbugbɔ trɔ asi le nya aɖewo ŋu eye wokpa bubu geɖewo kpee.” Agbalẽnyala aɖe kura gɔ̃ hã “ʋli nya be nufiafia siwo woŋlɔ ɖi la me nya ɖeka pɛ hã meli si woatsɔ kakaɖedzi agblɔ be Gautama ŋutɔe gblɔ wo o.” Nyateƒee ɖeklemiɖeɖe mawo nyea?

Buddha la ƒe Fu Fɔfɔ Kple Edzidzi

7. Le Buddhatɔwo ƒe agbalẽwo me nya nu la, aleke Buddha dada wɔ fɔ eƒe fu?

7 De ŋugble tso nya siwo gbɔna siwo woyɔ tso Jataka si nye Paligbegbalẽ siwo dzi woda asi ɖo dometɔ aɖe me kple Buddha-Charita, ƒe alafa evelia M.Ŋ. me Sanskritgbe me gbalẽ aɖe si ƒo nu tso Buddha ƒe agbenɔnɔ ŋu la ŋuti. Gbã la, ŋutinya la ƒo nu tso alesi Buddha la dada, Fianyɔnu Maha-Maya wɔ fɔ eƒe fu le drɔ̃e me la ŋu.

“Mawudɔla enea siwo dzɔa eŋu la va eye wokɔe ɖe dzi, kple eƒe aba, eye wokɔe yi Himalaya-toawo dzi. . . . Emegbe mawudɔla siawo srɔ̃wo va, eye wokplɔe yi Ta si nye Anotatta mee hele tsi nɛ, bene woaɖe amegbetɔ ƒe ɖi ɖesiaɖe le eŋu. . . . Klosalotogbɛ (Silver Hill) la gbɔ medidi tso afima o, eye sikaƒe dzeani aɖe le edzi. Woɖo mawu ƒe aba aɖe ɖe eme eye eƒe tagbɔ trɔ ɖe ɣedzeƒe, eye wotsɔe mlɔ edzi. Azɔ amesi ava anye Buddha la zu atiglinyi ɣi dzeani aɖe . . . Elia Klosalotogbɛ la, eye . . . wòƒo xlã dadaa ƒe aba zi etɔ̃, eye wòtrɔ eƒe ɖusikpa dzi ɖe egbɔ, eye esi wònɔ dadaa ƒe ɖusikpa dzi ƒom la, ewɔ abe ɖe wòge ɖe eƒe vidzidɔ me ene. Aleae wofɔ eƒe fui le titinadzomeŋɔli ƒe ŋkekenyui la me.”

8. Nukae wogblɔ ku ɖe Buddha ƒe etsɔ me ŋu?

8 Esi fianyɔnua lĩ drɔ̃ea na srɔ̃a, fia la, eyɔ Hindutɔwo ƒe nunɔlagã 64 eye wònyi wo hetɔ awu na wo, eye wògblɔ na wo be woaɖe egɔme na ye. Ale woɖe egɔmee nye si:

“Mègatsi dzi o, fiagã! . . . Àdzi ŋutsuvi. Eye ne eyi edzi nɔ aƒemegbe la, azu fiagã ɖe xexeame katã dzi; gake ne menɔ aƒemegbe o eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso xexeame la, azu Buddha, eye aŋlɔ xexe sia me nuvɔ̃ kple tsukuku ƒe alilikpo ɖa.”

9. Nu wɔmoyaa kawoe wogblɔ be wodzɔ esi wogblɔ nusi Buddha ava nye la?

9 Wogblɔ be le ema megbe la, nukunu 32 dzɔ:

“Xexeme akpe ewo la katã ʋuʋu, wodzo nyanyanya, eye woʋã enumake. . . . Hellwo katã me dzowo tsi; . . . amewo dzudzɔ dɔ léle; . . . haƒomɔ̃wo katã ƒo woƒe gbeɖiɖi vovovoawo si menye ame aɖekee ƒo wo hafi o; . . . atsiaƒu sesẽ la me tsiwo zu tsi nono; . . . xexeme akpe ewoa katã zu seƒoƒotsihe gã aɖe si ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mele gbɔgblɔ me o.”

10. Aleke Buddhatɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔewo ɖɔ Buddha ƒe dzidzie?

10 Azɔ wodzi Buddha la le nukumɔ dzi le atibɔ si woyɔna be Lumbini ƒe Ave me. Esi fianyɔnua di be yealé “sal” ƒe ati kɔkɔtɔ si le avea me ƒe atilɔ aɖe la, atia ve enu eye wòbɔbɔ ɖo afisi eƒe asi ate ŋu aɖo. Elé atilɔa ɖe asi eye wòdzi vi le tsitrenu.

“Edo tso dadaa ƒe vidzidɔ me abe mawunyagblɔla si ɖi tso mawunyagblɔlanɔƒe ene, alo abe amesi le ɖiɖim tso atrakpui dzi ene eye wòkeke eƒe asi evea kple afɔ evea me, eye dadaa ƒe vidzidɔ me ɖi aɖeke metsi eŋu o. . . .”

“Esi wodzii [amesi ava zu Buddha la] teti ko la, etɔ afɔ evea to sesĩe, eye wòɖe afɔ adre ɖo ta anyiehe, eye avɔgbadɔ ɣi aɖe le eta, eye wòlé ŋku ɖe xexeame ƒe dzogoe ɖesiaɖe ŋu, edo ɣli kple gbeɖiɖi si ɖeke mesɔ kplii o be: Nyee nye fia, nyuitɔ kple gãtɔ kekeake ɖe xexeame katã dzi; nye dzidzi mamleae nye sia; nyemegale dzɔdzɔ ge akpɔ gbeɖe o.”

11. Nya ka tae agbalẽnyala aɖewo ƒo ku ɖe Buddha ƒe agbemeŋutinya siwo le agbalẽ kɔkɔeawo me la ŋu?

11 Eƒe ɖevimenɔɣi, eƒe go dodo ɖetugbi siwo eƒe nu dzɔ dzi na, eƒe tsaɖiɖiwo, kple eƒe agbemenudzɔdzɔ ɖesiaɖe kloe ƒe ŋutinya siwo ŋu woɖe ami ɖo la hã li. Eyata ɖewohĩ mewɔ nuku o be agbalẽnyalawo ƒe akpa gãtɔ gblɔna be nya siawo katã nye xotutuwo kple gliwo ko. Britaniatɔwo ƒe Blemanudzraɖoƒedzikpɔla aɖe gblɔ eƒe susu gɔ̃ hã be le “xotutu kple nukunu gbogboawo ta la, . . . Buddha la ƒe agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ nye nusi womate ŋu anya o.”

12, 13. (a) Aleke wotua Buddha ƒe agbemeŋutinya ƒe xoe? (b) Nukae dzie ame geɖe lɔ̃ ɖo ku ɖe ɣeyiɣi si me wodzi Buddha ŋu? (Tsɔe sɔ kple Luka 1:1-4.)

12 Togbɔ be gli siawo li hã la, Buddha la ƒe agbenɔnɔ ŋu nya aɖe li tso blema ke si kaka ŋutɔ. Egbegbegbalẽ aɖe si nye A Manual of Buddhism, si wota le Colombo, Sri Lanka gblɔ numeɖeɖe sia si gɔme sese bɔbɔ wu.

“Le ƒe 623 D.M.Ŋ. ƒe May ƒe ŋkeke si dzi ɣletia sɔ nyuie dzi la, wodzi Amegã aɖe le Sakya-toa me le India ƒe nuto si nye Nepal me si ŋkɔe nye Siddhattha Gotama.a Fia Suddhodana ye nye fofoa eye Fianyɔnu Mahā Māyā nye dadaa. Nɔa ku le eƒe dzidzi ƒe ŋkeke ʋee aɖewo ko megbe eye Mahā Padzāpati Gotamī zu dada si kpɔ edzi.

“Esi wòtsi xɔ ƒe wuiade la, eɖe nɔgãa alo nɔɖia vi Fiavi Yasodharā dzetugbe la.

“Ƒe wuietɔ̃ kloe le srɔ̃ɖeɖe ma si me dzidzɔ le megbe la, enɔ agbe kɔkɔ eye dzidzɔkpɔkpɔ na menya agbemekuxi siwo le fiasã la ƒe agbowo godo o.

“Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim eva te ŋɔŋɔ ɖe nuwo me. Le eƒe ƒe 29 lia si me eƒe agbemedɔ trɔ me la, wodzi viaŋutsu Rāhula. Ebu via kplamatsedonui, elabena eva kpɔe dze sii be dzidzi, dɔléle kple ku kpɔ ŋusẽ ɖe amesiame dzi si ame aɖeke medo le eme o. Esi wòva se alesi nuxaxa kaka ɖe afisiafi me alea la, eɖoe be yeadi atike aɖe na ameƒomea ƒe dɔléle sia si kaka ɖe afisiafi la.

“Eyata egbe nu le eƒe fianyenye ƒe vivisesewo gbɔ eye wòdzo le aƒeme gbeɖeka zã me . . . elũ ta hedo ɖokuigbela ƒe awu eye wòtsa tsaglalã abe Amesi Nɔ Nyateƒe Dim ene.”

13 Edze ƒã be eƒe agbemenudzɔdzɔwo me ɖeɖe kpui siawo to vovo sãa tso “agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo” me nya wɔmoyaawo gbɔ. Eye ame geɖe lɔ̃ ɖe wo dzi negbe ƒe si me wodzii le ko gomee woƒe susu to vovo le.

Blibodede la—Alesi Wòwɔ Kpɔe

14. Ɣekaɣie nye tɔtrɔɣi la le Gautama ƒe agbe me?

14 Nukae nye ‘ɣeyiɣi si me eƒe agbemedɔ trɔ’ sia si woyɔ la? Eyae nye ɣeyiɣi si me wòkpɔ dɔnɔ, amesi ku amegã, kple ame kuku kpɔ zi gbãtɔ. Nusia na wòxa nu ɖe gɔmesese si le agbe ŋu ta vevie—Nukatae wodzi amewo ɖo, be woakpe fu, aku amegã, ahaku ta koea? Wogblɔ nɛ ɣemaɣi be eke ɖe ame kɔkɔe aɖe si gbe nu le agbe gbɔ eye wòle nusi nye nyateƒe la yome tim la ŋu. Nusia ʋã Gautama wògbe nu le eƒe ƒome, eƒe nunɔamesiwo, kple ŋkɔ si le esi abe fiavi ene la ŋu eye wòtsɔ ƒe ade siwo kplɔe ɖo nɔ ŋuɖoɖoawo dimee le Hindutɔwo ƒe nufialawo kple guruwo gbɔ gake mekpɔ ta nɛ o. Ŋutinyaawo gblɔ na mí be eyi ŋugbledede, nutsitsidɔ, Yogawɔwɔ, kple nu gbegbe le ame ɖokui gbɔ ƒe agbe si gbɔ eme la dzi, ke hã mekpɔ gbɔgbɔmeŋutifafa kple dzidzeme aɖeke o.

15. Aleke Gautama wɔ ke ɖe blibodede si ŋu wogblɔ be eke ɖo la ŋuti?

15 Mlɔeba eva kpɔ be ɖokuigbegbe ƒe agbe si gbɔ eme si nɔm yele la nye nu dzodzro sɔŋ abe alesi agbe si yeɖu va yi la hã nyee ene. Azɔ eva nɔ agbe si wòyɔ be Vedomesimɔ eye wòtsri agbenɔnɔ siwo gbɔ eme si wònɔ va yi tsã la. Esi wòva tso nya me be ye ŋutɔ yeƒe tamebubu mee yeakpɔ ŋuɖoɖoa le la, eva nɔa Indiatɔwo ƒe gboti aɖe te nɔm henɔa ŋugble dem. Etsi tre ɖe Mara, abosam la, ƒe amedzidzedzewo kple tetekpɔwo ŋu eye wòyi eƒe ŋugbledede la dzi kwasiɖa ene (ame aɖewo gblɔ be kwasiɖa adree) vaseɖe esime wogblɔ be eto sidzedze kple gɔmesese ɖesiaɖe ŋu eye wòɖo blibodede gbɔ.

16. (a) Nukae Gautama va zu? (b) Nukpɔsusu vovovo kawoe le amewo si ku ɖe Buddha ŋu?

16 To esia wɔwɔ me la, le Buddhatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ nu la, Gautama va zu Buddha la—Amesi Le Ŋudzɔ, alo Amesi Xɔ Nugɔmesese, alo Blibodela. Eva ɖo taɖodzinu kɔkɔtɔ si nye Nirvana, ŋutifafa kple blibodede keŋkeŋ ƒe nɔnɔme me, eye nudzodzro kple fukpekpe megaɖea fu nɛ o. Wova yɔ ŋkɔ si nye Sakyamuni (Sakyatɔwo ƒe nunyala) hã nɛ, eye wòyɔ eɖokui edziedzi be Tathagata (amesi va ɖe [nufiafia] ta). Gake Buddhatɔwo ƒe kɔmamã vovovowo ƒe nukpɔsusuwo to vovo le nya sia ŋu. Ame aɖewo bunɛ be amegbetɔ si ke ɖe blibodedemɔ ŋu le eɖokui si eye wòfiae eyomedzelawo la koe wònye. Ame bubuwo bunɛ be enye Buddha gbogbo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo va xexeame be yewoaɖe gbeƒã dharma (Paligbe, Dhamma) la si nye Buddha la ƒe nufiafiawo alo be yewoagagbɔ agbee la ƒe mamletɔ. Ame bubuwo hã gabunɛ be enye bodhisattva, amesi ɖo blibodede gbɔ gake ehe Nirvana yiyi ɖe megbe bene yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu le blibodede didi me. Eɖanye kae nye nya la o, nudzɔdzɔ sia si nye Blibodede la nye nu vevi ŋutɔ aɖe si dze le Buddhatɔwo ƒe kɔmamãwo katã me.

Blibodede la—Nukae Wònye?

17. (a) Afikae Buddha gblɔ eƒe mawunya gbãtɔ le, eye amekawoe wògblɔe na? (b) Ðe Buddha ƒe Nyateƒe Xɔasi Eneawo me.

17 Esi Buddha la ɖo blibodede gbɔ, le alesi wòhe ɖe megbee gbã dzi ɖuɖu me la, edze eƒe nyateƒe, alo dharma, yeye si ŋu wòke ɖo la fiafia ame bubuwo gɔme. Egblɔ eƒe mawunya gbãtɔ kple ɖewohĩ esi le vevie wu la le du si nye Benares me, le ave aɖe si nye ziwo ƒe nɔƒe la me na eƒe bikkhu—nusrɔ̃la alo saɖaganunɔla—alafa atɔ̃. Efia nu wo le mawunya la me be bene woakpɔ ɖeɖe la, ele be woatsri ŋutilãmevivisese ƒe agbenɔnɔ kpakple nuteameɖokuigbenɔnɔ siaa eye woanɔ Vedomesimɔ la dzi. Emegbe ele be woase Nyateƒe Xɔasi Enea (kpɔ aɖaka si le axa si kplɔe ɖo me) gɔme; woate ŋu agblɔ nyateƒe siawo kpuie ale:

(1) Agbenɔnɔ ɖesiaɖe nye fukpekpe.

(2) Nudzodzro alo dzodzro vevie ye hea fukpekpe vɛ.

(3) Nudzodzro ƒe tetɔtɔ fia fukpekpe ƒe tetɔtɔ.

(4) Woate ŋu atɔ te nudzodzro to Mɔ si mã ɖe akpa Enyi me la dzi zɔzɔ dzi, eye woaɖu ame ƒe agbenɔnɔ, tame- bubu, kple dzixɔse dzi.

18. Afikae Buddha gblɔ be yekpɔ yeƒe blibodedea tsoe? (Tsɔe sɔ kple Hiob 28:20, 21, 28; Psalmo 111:10.)

18 Vedomesimɔ la kpakple Nyateƒe Xɔasi Enea ƒe mawunyagbɔgblɔ la fia nu vevi siwo le Blibodede me la me eye wobunɛ be eyae nye Buddha la ƒe nufiafiawo me nya vevitɔwo. (Kpɔ alesi wòto vovoe ɖa ne ètsɔe sɔ kple Mateo 6:25-34; Timoteo I, 6:17-19; Yakobo 4:1-3; Yohanes I, 2:15-17.) Gautama megblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã ye yegblɔ mawunya sia o ke boŋ eɖee fia be ye ŋutɔ yeƒe nyawoe esi wògblɔ be “Tathagata lae ke ɖe wo ŋu.” Wogblɔ be Buddha la gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe kuba dzi be: “Midi ɖeɖekpɔkpɔ ɖeɖeko le nyateƒe la me; migadi ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu wu mia ŋutɔwo mia ɖokui tɔ o.” Eyata le Buddha ƒe nufiafia nu la, menye Mawu gbɔe blibodede tsona o, ke boŋ ame ŋutɔ ƒe agbagbadzedze be tamesusu nyuitɔ nanɔ ye si eye yeawɔ nu nyui gbɔe wòtsona.

19. Nukatae woxɔ Buddha ƒe gbedasia ɣemaɣi?

19 Mesesẽ be woase nusitae Indiatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la xɔ nufiafia sia atuu la me o. Ebu fɔ ŋukeklẽ ƒe subɔsubɔnuwɔna gbegblẽ siwo Hindutɔwo ƒe Brahamanwo, alo nunɔlahatsotsoa, nɔ wɔwɔm la kpakple Jaintɔwo kple subɔsubɔ ɣaɣlɛ bubuwo ƒe nuteameɖokui si gbɔ eme la. Eɖe vɔsawo kple kɔnuwo, mawu kple mawunɔ gbogboawo, kple amememamãnuɖoanyi donuƒoname si kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi hewɔ wo kluviwoe la ɖa. Kpuie ko la, edo ɖeɖekpɔkpɔ ŋugbe na amesiame si lɔ̃ be yeawoazɔ Buddha la ƒe mɔ la.

Buddha-subɔsubɔha la ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Keke Ðe Enu

20. (a) Nukawoe nye Buddha-subɔsubɔ ƒe “Kpe Xɔasi Etɔ̃awo”? (b) Afikawo kee Buddha ƒe gbeƒãɖeɖedɔa de?

20 Esi bhikku atɔ̃a xɔ Buddha la ƒe nufiafia la, wozu sangha, alo saɖaganunɔlawo ƒe ha gbãtɔ. Eyata Buddha la ƒe “Kpe Xɔasi Etɔ̃awo,” (Triratna) la de blibo, woawoe nye Buddha, dharma la, kple sangha la, esiwo nye nusiwo wobu be woawoe akpe ɖe ame ŋu woazɔ blibodedemɔ la. Esi Gautama, Buddha la, dzra ɖo alea la, edze gbeƒã ɖeɖe le Ganges-Balia ƒe nutoa katã me. Amesiwo le bubuteƒe kple hadomegbenɔnɔ ƒe nɔƒe ɖesiaɖe la va ɖo toe eye wozu eƒe nusrɔ̃lawo. Ezu amesi wonya nyuie eye wodea bubu eŋu nyuie esi wòxɔ ƒe 80 le eƒe kuɣi. Woka nya ta be nya mamle siwo wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawoe nye: “Gbegblẽ nye nusi nuwo katã tsɔ nyi domee. Mitsɔ veviedodo wɔ mia ŋutɔwo miaƒe ɖeɖedɔ lae.”

21. (a) Amekae wɔ akpa vevi aɖe le Buddha-subɔsubɔ la ƒe takeke me? (b) Nukawoe do tso eƒe agbagbadzedzeawo me?

21 Le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me si anye abe ƒe 200 ene le Buddha la ƒe ku megbe la, Buddha-subɔsubɔ taʋlila gãtɔ Fiagã Aśoka si ɖu India ƒe akpa gãtɔ dzi la do. Esi amewuwu kple zitɔtɔ siwo eƒe aʋahohowo he vɛ la te ɖe edzi la, ege ɖe Buddha-subɔsubɔ me eye wòna dziɖuɖua nɔ megbe na ha la. Emè subɔsubɔ ƒe ŋkuɖodzikpewo heyɔ aɖaŋudetakpekpewo, eye wòde dzi ƒo na amewo vevie be woadze Buddha la ƒe gɔmeɖosewo yome. Aśoka ɖo Buddhatɔwo ƒe mawunyadɔgbedeawo ɖe Sri Lanka, Siria, Egipte, kple Hela. Aśoka ƒe agbagbadzedzewo koŋ ye na Buddha-subɔsubɔ la keke ta tso India-kɔmamã ko si wònye tsã la dzi va zu xexemesubɔsubɔha. Eyata esɔ be ame aɖewo bunɛ be eyae nye Buddha-subɔsubɔ ɖoanyila evelia.

22. Aleke Buddha-subɔsubɔ la wɔ va xɔ aƒe ɖe Asia katã?

22 Buddha-subɔsubɔa keke ta tso Sri Lanka yi ɣedzeƒekpa dzi va ɖo Myanmar (Burma), Thailand, kple Indochina ƒe akpa bubuwo. Le anyiehekpa dzi la, Buddha-subɔsubɔ keke ta va ɖo Kashmir kple titina Asia. Buddha saɖaganunɔlawo zɔ mɔ tso teƒe mawo to to kple kenyigba siwo dzi mɔzɔzɔ sesẽ la, tso ƒe alafa gbãtɔ me ke, tsɔ Buddha-subɔsubɔa yi China. Tso China la, azɔli kpui aɖe koe etsɔtsɔ yi Korea kple Japan nye. Wotsɔ Buddha-subɔsubɔa yi Tibet si nye dukɔ si le India ƒe anyiehe la hã. Wotsɔ afima dzixɔse aɖewo kpee wòzu Lama-subɔsubɔha, si kpɔ ŋusẽ ɖe afima ƒe mawusubɔsubɔ kple dunyahehe dzi. Le ƒe alafa adelia alo adrelia M.Ŋ. me la, Buddha-subɔsubɔa va tso aƒe ɖe Asia ƒe Dzieheɣedzeƒe kple Ɣedzeƒe Ʋĩ ke. Gake nukae nɔ dzɔdzɔm le India?

23. Nukae dzɔ ɖe Buddha-subɔsubɔ la dzi le India?

23 Esi Buddha-subɔsubɔa nɔ ta kekem le anyigba bubuwo dzi la, enɔ to yim vivivi le India ya. Esi saɖaganunɔlawo ƒo wo ɖokui ɖe xexemenunya kple xexemenuwo ŋuti nusɔsrɔ̃ me vevie ta la, ƒomedodo si nɔ wo kple ame gbɔlowo dome la me nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Hekpe ɖe eŋu la, alesi fia aɖeke menɔ megbe nɛ o kple Hindutɔwo ƒe nufiafiawo kpakple nuwɔna siwo wova xɔ la katã ƒo ƒu do tsɔtsɔe Buddha-subɔsubɔ ƒe anyidzedze le India. Buddhatɔwo ƒe teƒe kɔkɔewo, abe Lumbini, afisi wodzi Gautama le, kple Buddh Gaya, afisi woxɔ “blibodede” le la zu dudowo. Le ƒe alafa 13 lia me la, Buddha-subɔsubɔ bu keŋkeŋ kloe le India, afisi wòdzɔ tso.

24, 25. Buddha-subɔsubɔ la ƒe takeke bubu kawoe gayi edzi le ƒe alafa 20 lia me?

24 Le ƒe alafa 20 lia me la, tɔtrɔ bubu gava le Buddha-subɔsubɔa me. Dunyahehezitɔtɔwo gblẽ nu le eŋu vevie le China, Mongolia, Tibet, kple Dzieheɣedzeƒe Asia dukɔwo me. Wogbã saɖagaxɔ kple sɔlemexɔ akpe geɖewo eye wonyã saɖagaxɔmenɔla kple nyɔnu saɖagaxɔmenɔla akpe alafa geɖewo, wode wo ga, alo wu wo kura gɔ̃ hã. Gake Buddha-subɔsubɔa gakpɔa ŋusẽ ɖe anyigba mawo dzi tɔwo ƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi vevie kokoko.

25 Le Europa kple Anyiehe Amerika la, ewɔ abe alesi Buddha-subɔsubɔa gblɔna be yele “nyateƒe” dim le amea ŋutɔ me la dzɔa dzi na ame geɖe ene, eye eƒe ŋugblemeyiyi la na woɖea ŋu ɖi le Ɣetoɖoƒegbenɔnɔ ƒe ʋunyaʋuwɔwɔ ŋu. Tenzin Gyatso, Tibet ƒe Dalai Lama si woɖe aboyoe, ŋlɔ ɖe Living Buddhism ƒe ŋgɔdonya me be: “Ðewohĩ Buddha-subɔsubɔha awɔ akpa aɖe le ŋku ɖoɖo gbɔgbɔmenuwo dzi na ɣedzeƒetɔwo me le woƒe agbenɔnɔ me.”

Buddhatɔwo ƒe Mɔ Vovovowo

26. Akpa kawo mee Buddha-subɔsubɔ la me mã ɖo?

26 Togbɔ be woyɔa Buddha-subɔsubɔ abe subɔsubɔha ɖeka ene hã la, le nyateƒe me la, eme mã klukluklui ɖe kɔmamã siwo ƒe nukpɔsusu to vovo me, wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nufiafiawo, nuwɔnawo, kple ŋɔŋlɔwo le wo si le mɔ vovovo siwo nu woɖe Buddha la ƒe nɔnɔme gɔme ɖo la nu. Amesiawo me gamã ɖe ƒuƒoƒo kple kɔmamã vovovowo me eye nuwɔna kple kɔnyinyi siwo le anyigba si dzi wole la kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi vevie.

27, 28. Aleke nàɖɔ Therava Buddha-subɔsubɔhae? (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:12; Yohanes 17:15, 16.)

27 Theravada (Ame Tsitsiwo ƒe Mɔ) la, alo Hinayana (Mɔzɔʋu Suetɔ) ƒe Buddha-nufiafia la kpɔ dzidzedze le Sri Lanka, Myanmar (Burma), Thailand, Kampuchea (Cambodia), kple Laos. Ame aɖewo bua wo be woawoe nye amesiwo lé nukpɔsusu gbãtɔwo me ɖe asi. Etea gbe ɖe nunya ƒe amesisusu kple dɔ wɔwɔ tso ame ŋutɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu to alesi woagbe xexeame eye woanɔ agbe si nye nunɔla saɖagaxɔmenɔla tɔ, eye woatsɔ ame ɖokui aɖo anyi hena ŋugblemeyiyi kple nusɔsrɔ̃ le saɖagaxɔwo me dzi.

28 Enye nusi bɔ be nàkpɔ ɖekakpui takokoetɔ siwo le ha me eye wodo awu ʋlaya dzẽ alo aŋutiɖiɖitɔwo eye wole afɔ ƒuƒlu zɔm kple woƒe nubiagba siwo wotsɔ nɔa woƒe gbesiagbenuhiahiãwo xɔmee le xɔsetɔ siwo nye ame gbɔlowo si, amesiwo ƒe agbae wònye be woakpɔ wo dzi. Enye nusi bɔ ɖe ŋutsuwo dome be woanɔ saɖagaxɔ me kpɔ kokoko le woƒe agbe me. Woƒe taɖodzinu koŋ le saɖagaxɔmenɔnɔ mee nye be yewoazu arhat, alo amesi ɖo gbɔgbɔmeblibodede gbɔ eye wòvo tso vevesese kple fukpekpe siwo le gbugbɔgadzɔ gbogboawo me la si me. Buddha fia mɔ la; ekpo ɖe amesiame si be wòazɔ edzi.

29. Nukawoe ɖe dzesi le Mahayana Buddha-subɔsubɔha ŋu? (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 2:3, 4; Yohanes 3:16.)

29 China, Korea, Japan, kple Vietnam koŋ ye Buddhatɔ siwo ƒe nufiafiae nye Mahayana (Mɔzɔʋu Gãtɔ) la bɔ ɖo. Woyɔe alea elabena ete gbe ɖe Buddha ƒe nufiafia sia dzi be “nyateƒe kple ɖeɖekpɔkpɔmɔ la li na amesiame eɖanye agado, saɖagaxɔ, alo aƒe mee wòle o. Menye amesiwo gbe xexeame koe woli na o.” Nukpɔsusu vevi si dzi wotu Mahayana la ɖoe nye be Buddha la ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ lolo ale gbegbe be mate ɖeɖekpɔkpɔ ame aɖeke o. Efiaa nu be esi Buddha la ƒe nɔnɔme le mí katã me ta la, amesiame ate ŋu azu Buddha, amesi ke ɖe blibodede ŋu, alo bodhisattva. Blibodede vana, menye to ɖokuimamlã sesĩe dzi o, ke boŋ etoa Buddha la dzixɔse kple nublanui kpɔkpɔ na nugbagbewo katã dzi. Eme kɔ ƒã be esia dzɔ dzi na ameha siwo tsɔa ɖe le nuwɔwɔ ŋutɔŋutɔ me la wu. Le alesi woɖe mɔ faa ɖe nuwo ŋu alea ta la, ƒuƒoƒo kple subɔsubɔ ɣaɣlɛ geɖewo dzɔ tso eme.

30. Taɖodzinu ka yomee “Anyigba Kɔkɔe” dzi Buddhatɔwo tina? (Tsɔe sɔ kple Mateo 6:7, 8; Fiawo I, 18:26, 29.)

30 Mahayana kɔmamã gbogbo siwo dzɔ le Japan kple China dometɔ aɖewoe nye Anyigba Kɔkɔe dzi kple Zen ƒe Buddhatɔwo. Gbãtɔ tu eƒe dzixɔse ɖe Amida Buddha, amesi do ŋugbe na eyomedzelawo be woagbugbɔ adzɔ ɖe Anyigba Kɔkɔe, alo Ɣetoɖoƒe Paradiso si nye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe anyigba si dzi mawuwo kple amegbetɔwo le la dzi. Afima tsotso ayi Nirvana le bɔbɔe. Ne hamevi la gblɔ gbedodoɖa si nye “Amida Buddha dzie mexɔ se” ɣeaɖewoɣi wòde zi akpe ɖeka gbeɖeka la, ekɔa eɖokui ŋu bene blibodede nasu esi alo wòagbugbɔ adzɔ ɖe Ɣetoɖoƒe Paradiso la me.

31. Nukawoe ɖe dzesi le Zen Buddha-subɔsubɔha ŋu? (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:8.)

31 Zen Buddha-ha (Ch’an ƒe kɔmamã si le China) la ƒe ŋkɔ dzɔ tso woƒe nuwɔna si nye ŋugbledede me. Nya siwo nye ch’an (Chinagbe) kple zen (Japangbe) nye Sanskritgbe me nya dhyāna, la gbɔgblɔ vovovowo, esiwo gɔmee nye “ŋugbledede.” Hehe sia ƒe nufiafiae nye be viɖe boo aɖeke mele nusɔsrɔ̃, dɔ nyuiwo wɔwɔ, kple kɔnuwo ŋu o. Woate ŋu ake ɖe blibodede ŋu to ŋugble dede le nya siwo ŋu womate ŋu ade ŋugble le o tɔgbe ŋu abe, ‘Ne ètsɔ asi ɖeka le asikpe ƒom la, aleke wòɖinae?’ kple, ‘Nukae wokpɔna le afisi naneke mele o?’ Zen Buddha-ha la ƒe vivimenuwɔwɔ dzena le aɖaŋudɔ siwo bia beléle abe seƒoƒowo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, asinuŋɔŋlɔ nyui, nuŋlɔtsi tsɔtsɔ ta nui, hakpanyaŋɔŋlɔ, abɔ wɔwɔ, kple esiawo tɔgbe ene me, eye ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu le Ɣedzeƒenyigbawo dzi. Egbea Zen ŋugbledede la wɔƒewo le Ɣedzeƒedukɔ geɖe me.

32. Aleke Tibettɔwo ƒe Buddha-subɔsubɔha la le?

32 Mlɔeba, Tibettɔwo ƒe Buddha-subɔsubɔha, alo Lama-subɔsubɔha hã li. Woyɔa Buddha-ha sia ɣeaɖewoɣi be Mantrayana (Mantra Mɔzɔʋu) le alesi gbegbe wolɔ̃a mantrawo, siwo nye nyayɔyɔ siwo ŋu gɔmesese le alo mele o, la gbɔgblɔ vevie wònyea nya legbee la ta. Le esi wòate gbe ɖe nunya alo nublanuikpɔkpɔ dzi teƒe la, Buddha-subɔsubɔha sia ƒomevi tea gbe ɖe kɔnuwo, gbedodoɖawo, dzosasa, kple gbɔgbɔyɔyɔ dzi. Wozãa gbedodoɖadzonuwo kple gbedodoɖafɔtiwo tsɔ doa gbe ɖa zi akpe geɖe gbeɖeka. Lama, alo kplɔla saɖagaxɔmenunɔla, koe ate ŋu atsɔ nù afia kɔnu siawo siwo gɔme sese sesẽ la ame, eye wo dometɔ siwo wonya nyuie wue nye Dalai Lama la kple Panchen Lama la. Ne lama aɖe ku la, wodia ɖevi aɖe si wogblɔ be eyae nye lama si gbugbɔgadzɔ la be wòazu amesi aganye gbɔgbɔmemɔfiala. Gake wozãa nya sia gbadzaa tsɔ yɔa saɖagaxɔmenunɔlawoe, amesiwo wogblɔ ɣeaɖeɣi be woasɔ gbɔ ade Tibettɔwo katã ƒe akpa atɔ̃lia nu la katãe. Lamawo nye nufialawo, atikewɔlawo, anyigbatɔwo, kple dunyahelawo hã kpɔ va yi.

33. Aleke Buddha-subɔsubɔha la ƒe memamãwo sɔ kple Kristodukɔa tɔe? (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 1:10.)

33 Buddha-subɔsubɔa ƒe memamã gã siawo me gamã ɖe ƒuƒoƒo, alo kɔmamã geɖewo me. Wo dometɔ aɖewo dzea kplɔla aɖe koŋ yome, abe Nichiren le Japan, amesi fia nu be Mahayanatɔwo ƒe Lotus Sutra la ko mee Buddha la ƒe nufiafiawo ŋutɔŋutɔ le, kpakple Nun Ch’in-Hai le Taiwan, si yome ame gbogbo aɖewo dze la ene. Le go sia me la, Buddha-subɔsubɔ meto vovo boo tso Kristodukɔa kple eƒe ha kpakple kɔmamã gbogboawo gbɔ o. Le nyateƒe me la, enye nusi bɔ be nàkpɔ amesiwo gblɔna be Buddhatɔwoe yewonye la woanɔ Taotɔwo, Shintotɔwo, kple Kristodukɔa me tɔwo gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawo wɔm.b Buddha ƒe kɔmamã siawo katã gblɔna be Buddha dzie yewotu yewoƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo ɖo.

Kusi Etɔ̃a Kple Buddhatɔwo ƒe Ŋɔŋlɔ Bubuwo

34. Nukae le be wòanɔ susu me na mí ne míele ŋugble dem le Buddha-subɔsubɔ ƒe nufiafiawo ŋu?

34 Nusiwo wogblɔ be wonye Buddha ƒe nufiafiawo la nye numenya siwo amewo gblɔ na wo nɔewo ko eye ƒe alafa geɖe le eƒe ku megbe hafi wodze wo ŋɔŋlɔ ɖi gɔme. Eyata ne wodze agbagba ƒã la, nusiwo eyomedzelawo susu hegblɔ le dzidzime siwo kplɔe ɖo me koe wonye. Nusi gagblẽ nya la ɖe edzie nye be le ɣemaɣi la, Buddha-subɔsubɔa me mã ɖe nukpɔsusu vovovo ƒe kɔmamãwo me. Eyata alesi agbalẽ vovovoawo ɖe Buddha-subɔsubɔ gɔmee la to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ.

35. Agbalẽ kawoe nye Buddha-subɔsubɔ ƒe agbalẽ kɔkɔe gbãtɔwo?

35 Woŋlɔ Buddhatɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔwo ɖe Paligbe si wogblɔ be eyae nye Buddha la degbe me, le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me lɔƒo. Theravada sukua xɔ wo be wonye nyateƒegbalẽwo. Wonye agbalẽ 31 siwo nu woƒo ƒu ɖe agbalẽ gã etɔ̃ me siwo woyɔna be Tipitaka (Sanskritgbe, Tripitaka), “Kusi Etɔ̃,” alo “Agbalẽ Etɔ̃.” Vinaya Pitaka (Hehe ƒe Kusi) la ƒo nu tso saɖaganunɔlawo kple nyɔnu saɖaganunɔlawo ƒe sewo kple ɖoɖowo ŋu. Buddha kple eƒe nusrɔ̃la ɖedzesiwo ƒe mawunyawo kple alobalowo kple lododowo le Sutta Pitaka (Nuƒowo ƒe Kusi) me. Mlɔeba Buddhatɔwo ƒe nufiafiawo gɔmeɖeɖewo le Abhidhamma Pitaka (Nufiafia Mamletɔ) me.

36. Nukae nye nusi ɖe dzesi le Mahayana Buddhatɔwo ƒe ŋɔŋlɔwo ŋu?

36 Le go bubu me la, Mahayanatɔwo ƒe agbalẽwo ƒe akpa gãtɔ le Sanskritgbe, Chinagbe, kple Tibetgbe me, eye wonye agbalẽ siwo lolo ŋutɔ. Chinagbe me gbalẽwo ɖeɖe sɔ gbɔ wu agbalẽ gã gã 5,000. Nya geɖe le wo me siwo mele agbalẽ gbãtɔwo me o, le kpɔɖeŋu me, Buddhawo ŋutinya siwo sɔ gbɔ taŋtaŋ abe Ganges-tɔsisia me ke ene, amesiwo wogblɔ be wonɔ agbe ƒe miliɔn gbogbo aɖewo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe ɖu eƒe Buddha-xexeme dzi la ƒe nyawo, le wo me. Menye nyagbɔgblɔ si gbɔ eme o esi agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be “nusi ɖe dzesi le [agbalẽawo] ŋue nye alesi gbegbe wosɔ gbɔe, nyasusugblɔ siwo gbɔ eme, amesiwo ƒe nɔnɔme wokafu, kple nyagbugbɔgagblɔ siwo mele ɖoɖo nu o.”

37. Kuxi kawoe Mahayanatɔwo ƒe ŋɔŋlɔwo he vɛ? (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:2, 3.)

37 Mehiã be woagagblɔe be ame ʋee aɖewo koe te ŋu sea agbalẽ siawo siwo ƒo nu tso yamenuwo ŋu alea gbegbe la me o. Esia na be tɔtrɔ siawo siwo wova wɔ emegbe la wɔe be Buddha-subɔsubɔ la to vovo sãa tso alesi Buddha susui gbã la gbɔ. Vinaya Pitaka gblɔ be Buddha la di be amesiame ƒomevi nase yeƒe nufiafiawo gɔme ke menye agbalẽnyalawo ɖeɖeko o. Le esia ta ete gbe ɖe edzi be woafia yeƒe nufiafiawo le gbe si me ame akpa gãtɔ ate ŋu ase la me, menye le Hindutɔwo ƒe gbe kɔkɔe si womegadona o la me o. Eyata ne Theravada Buddhatɔwo gblɔ be agbalẽ mawo menye Buddha-gbalẽwo ƒe akpa aɖe o la, Mahayana Buddhatɔwo ɖoa eŋu be Gautama Buddha la fia nu amesiwo ƒe susu mede ŋgɔ o kple agbalẽmanyalawo, ke eɖe nufiafia siwo woŋlɔ ɖe Mahayanatɔwo ƒe agbalẽ me emegbe la fia agbalẽnyalawo kple nunyalawo.

Karma Kple Samsara ƒe Agbenɔnɔ Siwo Kplɔ Wo Nɔewo Ðo

38. (a) Ne wotsɔ Buddhatɔwo kple Hindutɔwo ƒe nufiafiawo sɔ kple wo nɔewo la, aleke wole? (b) Nukae nye Buddhatɔwo ƒe dzixɔse le luʋɔ ŋu le nufiafia kple nuwɔna me?

38 Togbɔ be Buddha-subɔsubɔ ɖe amewo tso Hindu-ha la ƒe kɔsɔkɔsɔwo me vaseɖe afi aɖe hã la, Hindutɔwo ƒe nufiafia siwo nye Karma kple samsara dzie wotu eƒe nufiafia veviwo ɖo. Alesi Buddha fia Buddha-subɔsubɔe le gɔmedzedzea me la to vovo na Hindu-ha le go sia me be melɔ̃ ɖe luʋɔ makumaku ƒe anyinɔnɔ dzi o ke boŋ egblɔ be ame la nye “ŋutilã me kple tamesusu ƒe ŋusẽwo kple ŋutetewo ƒe ƒuƒoƒo.”c Ke hã la, egatu eƒe nufiafiawo ɖe dzixɔse be ameƒomea katã nɔa tsaglalã tsam tso agbe si me yi agbe keme me le gbugbɔgadzi (samsara) siwo xexlẽme meli na o me eye wòle nusiwo wòwɔ va yi kple fifitɔwo metsonuwo (Karma) ƒe fu kpekpe dzi. Togbɔ be eƒe blibodede kple ablɔɖe kpɔkpɔ tso gbugbɔgadzɔ siwo tsiã ɖe enu sia me adze abe nusi dzroa ame wu ene hã la, ame aɖewo biana be: Ðe kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ le nusi dzi wotui ɖo la ŋua? Kpeɖodzi kae li be fu siwo wokpena la katã tso nusiwo wowɔ le agbe si va yi me la gbɔ? Eye, le nyateƒe me la, ɖaseɖiɖi kae li be wonɔ agbe aɖe kpɔ nenema?

39. Aleke Buddhatɔwo ƒe agbalẽ aɖe ɖe Karma ƒe se la mee?

39 Karma ƒe se la ƒe gɔmeɖeɖe aɖe gblɔ be:

“Kamma [alesi woyɔnɛ le Paligbe me] nye se le eɖokui si. Gake mefia be ele be sedela nanɔ anyi o. Zi geɖe la, dzɔdzɔmesewo, abe anyigba la ƒe nuheŋusẽ ene, mehiã sedela aɖeke o. Kammase la hã mehiã sedela aɖeke o. Eya ŋutɔ wɔa eƒe dɔ eye mehiã ame aɖeke tso egodo si akpɔ eƒe dɔwɔwɔ dzi o.”—A Manual of Buddhism.

40. (a) Nukae dzɔdzɔmesewo ƒe anyinɔnɔ ɖe fia? (b) Nukae Biblia gblɔ tso nusi wowɔ kple emetsonu ŋu?

40 Susu le nya sia mea? Ðe dzɔdzɔmesewo mehiã sedela aɖeke o nyateƒea? Yamenutomeyiʋuŋunyala Ðk. Wernher von Braun gblɔ gbeɖeka be: “Xexeame ƒe dzɔdzɔmesewo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ ale gbegbe be menye nu sesẽ na mí o be míawɔ yamenutomeʋu si ate ŋu adzo ayi dzinua dzi eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míanya ɣeyiɣi si me tututu wòaɖo ƒe ‘second’ memamã suetɔ kekeake hã. Ame aɖe kokokoe de se mawo da ɖi.” Biblia hã ƒo nu tso se si nye nusi wowɔ kple emetsonue zɔna la ŋu. Egblɔ na mí be: “Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Esi wòagblɔ be se sia mehiã sedela aɖeke o la, etɔ asi edzi boŋ be “Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o!” si le fiafiam be Yehowa, Amesi de se sia lae na wòle dɔ wɔm.

41. (a) Aleke woate ŋu atsɔ Karma ƒe se la asɔ kple ʋɔnudrɔ̃ƒesee? (b) Gblɔ vovototo si le Karma kple Biblia ƒe ŋugbedodo dome.

41 Hekpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ na mí be “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku,” kpakple be “amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.” Ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be mele be nàxɔ tohehe teƒe eve ɖe agɔdzedze ta o. Ke nukatae amesi xe fe ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta xoxo esi wòku la nagadzɔ le nusiwo wòwɔ va yi la metsonuwo ƒe fukpekpe bubu ta? Gawu la, esi amea menya nusiwo wòwɔ va yi si tae wole to hem nɛ o la, aleke wòawɔ atrɔ dzime awɔ nusi nyo wu? Ðe woate ŋu abu esia dzɔdzɔenyenyeea? Ðe wòwɔ ɖeka kple nublanuikpɔkpɔ si wogblɔ be eyae nye nɔnɔme si ɖe dzesi le Buddha ŋu ŋutɔ la? Esi Biblia gblɔ be “nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku” vɔ la, eyi edzi gblɔ nya si to vovo la be: “Ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.” Ẽ, edo ŋugbe be Mawu aɖe gbegblẽ kple nuvɔ̃ ɖesiaɖe kpakple ku ɖa eye wòahe ablɔɖe kple blibodede vɛ na ameƒomea katã.—Romatɔwo 6:7, 23; 8:21; Yesaya 25:8.

42. Aleke Buddhatɔwo ƒe agbalẽnyala aɖe ɖe gbugbɔgadzɔ mee?

42 Le gbugbɔgadzɔ gome la, Buddhatɔwo ƒe agbalẽnyala aɖe si ŋkɔe nye Ðk. Walpola Rahula gblɔ be:

“Ŋutilã kple tamesusu ƒe ŋusẽ alo ŋutete koe nugbagbe nye. Nusi míeyɔna be kue nye ŋutilã la katã ƒe dɔmawɔmawɔ kura. Ðe ŋusẽ kple ŋutete siawo katã tɔa te keŋkeŋ ne ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ tɔ tea? Buddhatɔwo gblɔ be ‘Ao.’ Lɔlɔ̃nu, didi, nudzodzro, didi be yeayi edzi anɔ anyi, be nuwo nayi edzi adze edzi na ame, ƒe tsikɔwuame nye ŋusẽ triakɔ aɖe si ʋãa agbe blibowo, anyinɔnɔ blibowo, kple xexeame katã kura gɔ̃ hã. Esiae nye ŋusẽ gãtɔ kple ŋutete gãtɔ si le xexeame. Le Buddhatɔwo ƒe nufiafia nu la, ŋusẽ sia metɔa te ne ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔ tɔ te, si nye le ku me o; eyia edzi nɔa eɖokui ɖem fia le nɔnɔme bubu me, eye wòna woganɔa anyi ake si woyɔna be gbugbɔgadzɔ.”

43. (a) Le agbeŋutinusɔsrɔ̃ me la, aleke agbeŋusẽ si wotsɔ nyia domee la wɔna sua ame si? (b) Nukae wogblɔna ɣeaɖewoɣi be enye gbugbɔgadzɔ ƒe “kpeɖodzi”? (d) Ðe “kpeɖodzi” ma sɔ kple nusi teƒe míekpɔnaa?

43 Ne wofɔ ame aɖe ƒe fu la, enyia agbeŋusẽ si wòatsɔ anyi domee (“gene”) la ƒe afã ƒe dome tso dzila ɖesiaɖe gbɔ. Eyata mɔ aɖeke meli si dzi wòato be ame bliboa katã nanɔ abe ame aɖe si nɔ anyi va yi kpɔ ene o. Le nyateƒe me la, womenya dzɔdzɔmeŋutinunya me gɔmeɖose aɖeke si ate ŋu aɖe alesi wowɔna gbugbɔna dzɔna me o. Zi geɖe la, amesiwo lɔ̃a gbugbɔgadzɔ dzi xɔxɔ se gblɔna be amesiwo gblɔ be yewokpɔ ame aɖewo dze sii, yewoɖo ŋku nudzɔdzɔ kple teƒe aɖewo siwo yewomenya tsã o dzi lae nye nusi ɖo kpe edzi be nyateƒee nusia nye. Ðe susu le nya sia mea? Ne woagblɔ be ame aɖe ɖo ŋku nusiwo dzɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me dzi ta enɔ agbe kpɔ ɣemaɣi la, ekema ele be woagblɔ hã be ne ame aɖe gblɔ be yeate ŋu agblɔ etsɔ me ɖi—si ame geɖe gblɔna be yewote ŋu gblɔna ɖi—la, efia be ame ma hã nɔ agbe le etsɔ si gbɔna me kpɔ. Eme kɔ ƒã be mele nenema o.

44. Tsɔ nusi Biblia fia be eyae “gbɔgbɔ” nye la sɔ kple Buddhatɔwo ƒe gbugbɔgadzɔnufiafia la.

44 Ƒe alafa 400 sɔŋ kple edzivɔwo do ŋgɔ na Buddha la, Biblia ƒo nu tso agbeŋusẽ ŋu. Le nu ƒoƒo tso nusi dzɔna ɖe ame dzi ne wòku ŋu me la, egblɔ be: “Ne kewɔ la nagatrɔ ayi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.” (Nyagblɔla 12:7) Woɖe nya “gbɔgbɔ” tso Hebrigbe me nya ruʹach si gɔmee nye agbeŋusẽ si doa ŋusẽ nuwɔwɔ siwo katã me agbe le siwo nye amegbetɔwo kple lãwo la me. (Nyagblɔla 3:18-22) Gake nu vevi si wòle be míade dzesiie nye be ruʹach la nye ŋusẽ si si amenyenye mele o; lɔlɔ̃nu mele esi ɖe eɖokui si alo amesi ku ƒe amenyenye nanɔ esi o. Medoa go tso ame aɖe me yia ame bubu me ne woku o ke boŋ ‘egbugbɔna yia nyateƒe Mawu la si tsɔe na la gbɔ.’ Ne míagblɔe bubui la, amea ƒe mɔkpɔkpɔ na agbenɔnɔ le etsɔ me—tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ la—katã le Mawu si me.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 17:31.

Nirvana—Nusi Gbɔ Manya Aɖo O la Gbɔ Ðoɖoea?

45. Nukae nye Buddhatɔwo ƒe nufiafia ku ɖe Nirvana ŋu?

45 Esia kplɔ mí va nusi nye Buddha ƒe nufiafia ku ɖe blibodede kple ɖeɖekpɔkpɔ ŋu gbɔe. Le Buddhatɔwo ƒe nufiafia nu la, nusi koŋ ɖeɖekpɔkpɔ fiae nye ablɔɖe kpɔkpɔ tso Karma kple samsara ƒe sewo me kpakple Nirvana ɖoɖo. Ke nukae nye Nirvana ya? Le Buddhatɔwo ƒe numeɖeɖe nu la, wogblɔ be menye nusi woate ŋu aɖɔ alo aɖe eme o, ɖeko wòadzɔ ɖe dziwò hafi nànyae. Menye dziƒo aɖee wònye wòyina ne woku o ke boŋ enye nusi gbɔ amesiame ate ŋu aɖo fifi laa. Wogblɔ be nya la ŋutɔ gɔmee nye “ƒúƒuɖoɖo, dzotsitsi.” Eyata ame aɖewo ɖea Nirvana gɔme be enye nudzodzrowo kple didiwo katã ƒe tetɔtɔ; anyinɔnɔ si me seselelãme siwo katã wosena le ame ɖokui me abe vevesese, vɔvɔ̃, nudzodzro, lɔlɔ̃, alo fuléle ene dometɔ aɖeke megale o; enye nɔnɔme si me ŋutifafa, gbɔɖeme, kple nuwo ƒe matrɔmatrɔ mavɔ le. Kpuie ko la, wogblɔna be enye ame la ƒe anyinɔnɔ ƒe tetɔtɔ.

46, 47. (a) Le Buddhatɔwo ƒe nufiafiawo nu la, afikae ɖeɖekpɔkpɔ tsona? (b) Nukatae nusi Buddhatɔwo susu be eyae nye ɖeɖekpɔkpɔtsoƒe la mesɔ kple nusi teƒe míekpɔna o?

46 Buddha fia nu be blibodede kple ɖeɖekpɔkpɔ—Nirvana la ƒe blibodede—vana tso ame la ŋutɔ me ne eya ŋutɔ adze agbagba awɔ dɔ nyuiwo eye wòasusu nusiwo dze, ke menye Mawu alo gotagomeŋusẽ aɖekee nanae ame o. Esia na míabia be: Ðe nusi de blibo ate ŋu ado tso nusi mede blibo o mea? Ðe nusiwo teƒe míekpɔna meɖee fia mí be abe alesi Hebritɔ nyagblɔɖila Yeremya kpɔe ene la, “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o” oa? (Yeremya 10:23) Ne ame aɖeke mete ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo dzi le gbesiagbenudzɔdzɔ tsɛwo me o la, ɖe susu le eme be woasusui be ame aɖe ate ŋu adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ ŋu le eɖokui sia?—Psalmo 146:3, 4.

47 Abe alesi mele bɔbɔe be ame aɖe si ɖi ɖe ba me nate ŋu aɖe eɖokui o ene la, nenema ke ameƒomea katã nyrɔ̃ ɖe nuvɔ̃ kple ku mee, eye ame aɖeke mete ŋu ɖe eɖokui le woƒe ŋusẽ sia si me o. (Romatɔwo 5:12) Ke hã Buddha fia nu be ame ŋutɔ ƒe agbagbadzedze dzi ɖeɖekoe ɖeɖekpɔkpɔ tona vana. Dzideƒonya mamlea si wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hafi kue nye, “miɖo ŋu ɖe mia ɖokui ŋu eye migaɖo ŋu ɖe kpekpeɖeŋu si atso afi bubu aɖeke ŋu o; milé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe abe akaɖi ene, midi ɖeɖekpɔkpɔ ɖeɖeko le nyateƒe la me; mègadi kpekpeɖeŋu tso ame bubu aɖeke gbɔ tsɔ wu wò ŋutɔ ɖokuiwò gbɔ ko o.”

Blibodede Yea alo Nutiamee?

48. (a) Aleke agbalẽ aɖe ƒo nu tso Buddhatɔwo ƒe Nirvana ŋuti nufiafia siwo gɔme sese sesẽ la ƒe dɔwɔɖeamedzi ŋui? (b) Nukae do tso alesi wova le vivi dom ɖe Buddhatɔwo ƒe nufiafia ŋui nyitsɔ laa le teƒe aɖewo la me?

48 Dɔ kae nufiafia sia wɔ? Ðe wòʋã edzixɔselawo be woalé xɔse kple mawusubɔsubɔ vavãtɔ me ɖe asia? Agbalẽ si nye Living Buddhism ka nya ta be, le Buddhatɔwo ƒe anyigba aɖewo dzi la, “saɖaganunɔlawo [kura gɔ̃ hã] mebua woƒe subɔsubɔha la be enye nusi ƒo nu bubuwo ta o. Ame akpa gãtɔ bunɛ be nudidi dzodzro si mate ŋu ava eme gbeɖe o ye Nirvāna la ɖoɖo nye eye ƒã hafi wowɔa ŋugblemeyiyi la. Le Tipitaka la si wonɔa anyi ʋuu hafi va srɔ̃na megbe la, wodzea agbagba be yewoƒe nyuiwɔwɔ kple ɖekawɔwɔ nanɔ amewo me.” Esi World Encyclopedia (Japangbe) hã nɔ nu ƒom le alesi amewo va le vivi dom ɖe Buddhatɔwo ƒe nufiafiawo ŋu yeyee ŋu la, egblɔ be: “Zi geɖe alesi woke ŋku ɖe Buddha-subɔsubɔ la ŋuti nusɔsrɔ̃ me nyuie la, zi geɖe nenema ke woakpɔe be etra tso eƒe taɖodzinu si wogblɔ gbã—be yeafia mɔ amewo—la gbɔe. Ne míetsɔ nukpɔsusu sia bu nya la ŋui la, míakpɔe be alesi ame geɖewo ƒe ŋku biã ɖe nu sɔsrɔ̃ tso Buddha-subɔsubɔ la ŋui la mefia kokoko be wona xɔse gbagbe gava le wo si ɖom o. Ke boŋ, ele be woade dzesii be ne subɔsubɔha aɖe va zu xexemeŋutinusɔsrɔ̃ si gɔme menya sena o la, ekema agbe si le eŋu abe xɔse ene la ƒe ŋusẽ le gbɔdzɔgbɔdzɔm.”

49. Nukae Buddha-subɔsubɔ la zu na ame geɖe?

49 Nufiafia vevi si dzi wotu Buddha-subɔsubɔ ɖoe nye be sidzedze kple gɔmesese naa blibodede kple ɖeɖekpɔkpɔ ame. Gake ɖeko Buddha-subɔsubɔa ƒe kɔmamã vovovoawo ƒe nufiafia siwo gɔme sese tro la he “nudidi dzodzro si mate ŋu ava eme gbeɖe o” si ƒe nya wogblɔ ɖe etame la ƒe nɔnɔme si gɔme sese kɔkɔ wu hameviwo la vɛ. Le woawo gome la, Buddha-subɔsubɔa nye nyui wɔwɔ kpakple kɔnu kple gɔmeɖose ʋee aɖewo dzi wɔwɔ ko. Mete ŋu ɖo agbemenyabiabia siwo ɖea fu na ame abe esiawo ene la ŋu o: Afikae míetso va? Nukatae míele afisia ɖo? Eye nukae ɣeyiɣi si gbɔna ahe vɛ na amegbetɔ kple anyigba la?

50. Biabia kae vaa ame ƒe susu me le nusiwo teƒe Buddhatɔ geɖe kpɔ la ta? (Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 2:8.)

50 Buddhatɔ veviedola aɖewo kpɔ tɔtɔ kple nutiame siwo Buddha-subɔsubɔ la ƒe nufiafia siwo gɔme sese sesẽ kple kɔnu siwo nye agba kpekpe, siwo le Buddha-subɔsubɔ me egbea me la dze sii. Buddhatɔwo ƒe ƒuƒoƒo kple habɔbɔ siwo le dukɔ aɖewo me ƒe dɔmenyodɔwo anya na ame geɖe vo tso vevesese kple fukpekpe si me ya. Gake ɖe Buddha-subɔsubɔ la te ŋu wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeahe blibodede kple ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ vɛ na amesiame la dzia?

Blibodede Mawu Manɔmeea?

51. (a) Nukae wogblɔ le nyatoto aɖe me ku ɖe Buddha ƒe nufiafiawo ŋu? (b) Nu vevi kae bu le Buddha ƒe nufiafiawo me? (Tsɔe sɔ kple Kronika II, 16:9; Psalmo 46:1; 145:18.)

51 Wogblɔ le Buddha la ƒe agbemeŋutinyawo me be wo kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ave me gbeɖeka. Efɔ aŋgba ʋee aɖewo ɖe asi eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nusi mefia mi la le abe aŋgba siwo le asinye ene, nusi nyemefia mi o la le abe aŋgba gbogbo siwo le avea me ene.” Eme kɔ ƒã be nya sia gɔmee nye be nusi Buddha nya la ƒe akpa sue aɖe koe wòfia wo. Gake egblẽ nu vevi aɖe ɖi—esusɔ vie Gautama Buddha la mefia naneke kura le Mawu ŋu o kloe eye megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ hã be yenye Mawu o. Le nyateƒe me la, wogblɔ be egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ne Mawu aɖe li la, nyemeka ɖe edzi be Etsɔ ɖe le nye gbesiagbenyawo me o,” eye “mawu aɖeke meli si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu alo alɔ̃ akpe ɖe eŋu o.”

52. (a) Nukae nye Buddha-subɔsubɔ ƒe nukpɔsusu ku ɖe Mawu ŋu? (b) Nuka dzie Buddha-subɔsubɔ la ŋe aɖaba ƒui?

52 Le go sia me la, akpa si Buddha-subɔsubɔ la wɔ le ameƒomea ƒe nyateƒe Mawu la didi me la le sue ŋutɔ. The Encyclopedia of World Faiths gblɔ be “edze abe le gɔmedzedzea me la, ɖe Buddha-subɔsubɔ la medze agbagba aɖeke le nya si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu ɖoɖo me o ene, eye kakaɖedzitɔe la, mefia Mawu dzixɔse o eye menye nusi wòdi tso ame si hã o.” Esi Buddha-subɔsubɔ la tea gbe ɖe amesiame ƒe ɖeɖekpɔkpɔ didi le eɖokui si dzi eye be woatrɔ ɖe ame ŋutɔ ƒe susu alo ŋudzɔnɔnɔ ŋu hena blibodede kpɔkpɔ ta la, le nyateƒe me la, ne menye mawudzimaxɔsehae o la, ke enye mawumanyaha ŋutɔŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si le axa 145.) Esi Buddha-subɔsubɔ nɔ agbagba dzem be yeaɖe Hindu-ha la ƒe aʋatsodzixɔse kple xotutumawu gbogboawo ɖa la, egawɔe wògbɔ eme akpa. Eŋe aɖaba ƒu Nuwokatãtaƒola, amesi ƒe lɔlɔ̃nu ta nusianu li hewɔa dɔ ɖo la ƒe gɔmeɖose vevi la dzi.—Dɔwɔwɔwo 17:24, 25.

53. Nukae míate ŋu agblɔ tso blibodede didi Mawu manɔmee ŋu? (Tsɔe sɔ kple Lododowo 9:10; Yeremya 8:9.)

53 Ðokuiŋububu kple susumaxɔmaxɔ sia na ha kple kɔmamã gbogboawo he xotutu, kɔnu, kple gɔmeɖeɖe siwo tɔtɔ nyamaa ŋutɔ vɛ le ƒe alafawo me. Nusi wodi be wòanye agbemekuxi sesẽwo gbɔkpɔnu bɔbɔe aɖe la va zu subɔsubɔha kple xexemenunya si gɔme sese kɔkɔ akpa wu ame akpa gãtɔ. Ðe esia teƒe la, le Buddhatɔwo ƒe akpa gãtɔ gome la, eva zu ta dede agu na legbawo kple ame kukuwo ƒe akpa susɔewo, mawuwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, gbɔgbɔwo kple tɔgbui kukuwo, kple kɔnuwo kpakple nuwɔna siwo medo ƒome kura kple nusi Gautama Buddha fia la o. Eme kɔ ƒã be blibodede didi Mawu manɔmee la medzea edzi o.

54. Ɣedzeƒetɔ subɔsubɔŋubula kawo ƒe nufiafiawo mee míadzro ɖe esia yome?

54 Le ɣeyiɣi si me Gautama Buddha nɔ blibodedemɔ la dim la, xexemenunyala eve siwo ƒe nukpɔsusuwo va kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe dzi la hã nɔ Asia ƒe teƒe bubu. Woawoe nye Lao-tzu kple Konfusio, siwo nye nunyala eve siwo ŋu Chinatɔwo ƒe dzidzimewo kple ame bubuwo de bubui. Nukawoe wofia, eye aleke wokpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe Mawu didi dzie? Eyae nye nusi me míadzro le ta si gbɔna me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Alesi woyɔa eƒe ŋkɔ lae le Paligbe me gbugbɔgaŋlɔe nye sia. Egbugbɔgaŋlɔ tso Sanskritgbe mee nye Siddhārtha Gautama. Gake woyɔ ƒe vovovo be eya mee wodzii siwo nye ƒe 560, 563, alo 567 D.M.Ŋ. Agbalẽnyala geɖewo xɔ ƒe si nye 560 la alo wolɔ̃na ɖe edzi teti be ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. mee wodzii.

b Buddhatɔ geɖe siwo le Japan ɖua “Kristmas” le atsyɔ̃ɖoɖo gã me.

c Buddhatɔwo ƒe nufiafiawo, abe anatta (ame ɖokui aɖeke meli o) ene, gbe be luʋɔ matrɔmatrɔ alo luʋɔ mavɔ aɖeke meli o. Gake Buddhatɔ geɖe xɔ luʋɔ makumaku ƒe ŋutilã bubu me yiyi dzi se, vevietɔ esiwo le Ɣedzeƒe Ʋĩ. Esia dze ƒã le wo tɔgbui kukuwo subɔsubɔ kple hell me funyafunyawɔwɔ le ku megbe dzixɔse me.

[Aɖaka si le axa 139]

Buddha ƒe Nyateƒe Xɔasi Eneawo

Buddha la ɖe eƒe nufiafia vevitɔ gɔme ɖe nusi woyɔna be Nyateƒe Xɔasi Eneawo me. Nya si míeyɔ ɖe afisia tso Dhammacakkappavattana Sutta (Dzɔdzɔenyenye Fiaɖuƒe la ƒe Gɔmeɖoanyi La), si gɔme T. W. Rhys Davids ɖe la me be:

▪ “Azɔ Oo Bhikkuwo, fukpekpe ŋuti nyateƒe xɔasi lae nye si. Vevesese kpena ɖe dzidzi ŋu, ŋutilã ƒe ƒaƒã nye veve, dɔléle nye veve, ku nye veve. Ðeka wɔwɔ kple nusi ƒe nu menyoa ame ŋu o nye veve, kaklã tso nusi nyoa ame ŋu gbɔ nye veve; eye nu ƒe ame dzodzro vevie ɖesiaɖe si gbɔ womekpɔ o hã nye veve. . . .

▪ “Azɔ Oo Bhikkuwo, alesi fukpekpe wɔ va dzɔ ŋuti nyateƒe xɔasi lae nye si. Le nyateƒe me la, tsikɔwuame ma, si gawɔa ame ƒe anyinɔnɔ yeyee, si ŋu ŋutilãmevivisese ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kpe ɖo, dzidzeme didi fifia le afii kple afime—egɔmee nye didi vevie be woakpɔ nudzodzrowo gbɔ, agbe ƒe ame dzodzro vevie, alo dzidzedzekpɔkpɔ didi vevie. . . .

▪ “Azɔ Oo Bhikkuwo, alesi woawɔ aɖe fukpekpe ɖa keŋkeŋ ŋuti nyateƒe xɔasi lae nye si. Vavãe, enye etsɔtsrɔ̃, si me tsikɔwuame sia tututu ƒe nudzodzrowo ƒe ɖeke megasusɔna le o; enye asi ɖeɖe le tsikɔwuame sia ŋu, nu ɖeɖe le eƒe nya me, vovo tso esi me, eƒe ame madzromadzro. . . .

▪ “Azɔ Oo Bhikkuwo, mɔ si kplɔa ame yia nuxaxa ɖeɖeɖa me ŋuti nyateƒe xɔasi lae nye si. Nyateƒee, mɔ sia si me mã ɖe akpa enyi mee; egɔmee nye: nukpɔsusu nyuitɔwo; nudzodzro nyuitɔwo; nuƒoƒo nyuitɔ; agbenɔnɔ nyuitɔ; dɔwɔɖui nyuitɔ; agbagbadzedze nyuitɔ; nuŋububu nyuitɔ; kple ŋugbledede nyuitɔ.”

[Aɖaka si le axa 145]

Buddha-subɔsubɔha la Kple Mawu

“Buddha-subɔsubɔha fiaa nunyuiwɔwɔ kple nunya deblibo Mawu ŋutɔŋutɔ aɖeke manɔmee ƒe mɔ ame; enye nunya kɔkɔtɔ kekeake si ŋu ‘ɖeɖefia’ mekpe ɖo o; . . . ɖeɖekpɔkpɔ si me ɖela si nye domenɔla aɖeke mehiã le o, xɔxɔ si me amesiame nye xɔla na eya ŋutɔ ɖokui le.”—The Message of Buddhism, si Bhikkhu Subhadra ŋlɔ me nya siwo woyɔ ɖe What Is Buddhism? me.

Ke ɖe Buddhatɔwo nye mawudzimaxɔselawoa? Agbalẽ si nye What Is Buddhism? si Buddhist Lodge, London ta, ɖo eŋu be: “Ne amesi yɔm nèle be mawudzimaxɔselae nye amesi gbe be Mawu si nye ame ŋutɔŋutɔ aɖeke meli o la, ekema woawoe míenye.” Egayi edzi be: “Xexeme si Se si metraa mɔ o fia mɔe gɔme anya se bɔbɔe na susu si le tsitsim la, abe alesi Ame aɖe si le didiƒe ʋĩ si mate ŋu akpɔ gbeɖe o, amesi ƒe nɔƒe menya o, eye wònye amesi metsɔ naneke wɔ Xexe si me fuléle, madzɔmadzɔnyenye, mɔnukpɔkpɔwo ƒe masɔmasɔ, kpakple fukpekpe kple ʋiʋli siwo nuwuwu meli na o le la mee ene.”

Eyata le nyagbɔgblɔ me la, Buddha-subɔsubɔha la megblɔna be yexɔ Mawu alo Wɔla dzi se o. Gake egbea Buddhatɔwo ƒe gbedoxɔwo kple mawuxɔwo le dukɔ ɖesiaɖe kloe si me Buddha-ha le la me, eye Buddhawo kple bodhisattvawo ƒe kpememewo zu nusiwo Buddhatɔwo doa gbe ɖa, saa vɔ hedea ta agu na. Buddha, si megblɔ kpɔ gbeɖe be yenye Mawu o la va zu mawu le nya la ƒe gɔmesese ɖesiaɖe me.

[Anyigbatata si le axa 142]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Vaseɖe ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me la, Buddha-ha la keke ɖe enu tso India va ɖo Asia ƒe ɣedzeƒe katã

INDIA

Benares

Buddh Gaya

ƑEALAFA 3 LIA D.M.Ŋ. SRI LANKA

ƑEALAFA GBÃTƆ D.M.Ŋ. KASHMIR

TITINA ASIA

ƑEALAFA GBÃTƆ M.Ŋ. CHINA

MYANMAR

THAILAND

KAMPUCHEA

JAVA

ƑEALAFA 4 LIA M.Ŋ. KOREA

ƑEALAFA 6 LIA M.Ŋ. JAPAN

ƑEALAFA 7 LIA D.M.Ŋ. TIBET

[Nɔnɔmetata siwo le axa 131]

Buddha-gbedoxɔwo le atsyã vovovo me le xexeame godoo

Chengteh, China ƒe anyiehe

Kofu, Japan

New York Dugã le U.S.A.

Chiang Mai, Thailand

[Nɔnɔmetata si le axa 133]

Womè amesi ava zu Buddha la, le Maya ƒe Drɔ̃e me, ƒe kpememe le Gandhara, Pakistan, wònye atiglinyi ɣi si kekeli ƒo xlã eye wòle Fianyɔnu Maya ƒe ɖusime yim be yeado fui

[Nɔnɔmetata si le axa 134]

Buddhatɔwo ƒe saɖagaxɔmenunɔlawo kple tadeagulawo le gbedoxɔ me le New York Dugã me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 141]

Buddha la ƒe legbawo le anyinɔnɔ siwo fia nuwɔna vovovowo me

Nirvana me yiyi

nufiafia

ŋugblemeyiyi

tsitre tsitsi ɖe tetekpɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 147]

Gbɔlɔlɔ be woatsɔ ade bubu Buddha la ƒe dzigbezã ŋui le Tokyo, Japan. Atiglinyi ɣi si le megbea tsi tre ɖi na Buddha

[Nɔnɔmetata si le axa 150]

Lotus Sutra (ƒe alafa 10 lia), si woŋlɔ ɖe Chinagbe me, ƒe axa aɖewo ɖɔ ŋusẽ si le bodhisattva Kuan-yin la si be wòaɖe ame tso dzo kple tsiɖɔɖɔ me. Bodhisattva Ksitigarbha, le ɖusime, bɔ ɖe Korea le ƒe alafa 14 lia me

[Nɔnɔmetata si le axa 155]

Buddhatɔwo ƒe agbalẽxatsaxatsa si le Kyoto, Japan, ta “hell” me funyafunyawɔwɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 157]

Abe tsã ene, le alesi wokplɔ wo nɔewo ɖoe tso dzi va anyi me ene la, Buddhatɔwo dea ta agu na lingam le Bangkok, Thailand; Buddha ƒe Aɖu le Kandy, Sri Lanka; Buddha ƒe nɔnɔmetatawo le Singapore kple New York

[Nɔnɔmetata si le axa 158]

Buddhatɔ nyɔnu aɖe le gbe dom ɖa le ƒomevɔsamlekpui gbɔ, eye ɖeviwo le subɔsubɔm le gbedoxɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe