Ta 1
Gbedasi Siwo Tso Dziƒo
LE NYATEƑE me la, Biblia blibo la katã nye gbedasi si tso dziƒo, esi míaƒe Dziƒofofo la na hena míaƒe nufiafia. Gake mawudɔla aɖe si “nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me” la tsɔ gbedasi tɔxɛ eve aɖewo vɛ abe ƒe 2,000 sɔŋ nye si va yi ene. Eŋkɔe nye Gabriel. Mina míadzro anyigba dzi sasrãkpɔ vevi eve siawo ƒe nɔnɔmeawo me kpɔ.
Ƒe 3 D.M.Ŋ. mee. Yehowa ƒe nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zaxarya la nɔ Yudea-togbɛwo dzi, ɖewohĩ medidi boo tso Yerusalem gbɔ o. Eku amegã eye srɔ̃a Elisabet hã ku nyagã. Womedzi vi aɖeke o. Zaxarya le eƒe nunɔladɔ wɔm le Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem. Kasia Gabriel do ɖe dzudzɔ ʋeʋẽe mlekpui la ƒe nuɖusi me.
Zaxarya vɔ̃ ŋutɔ. Gake Gabriel na dzi ɖo eƒo esi wògblɔ nɛ bena: “Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.” Gabriel yi edzi ɖe gbe ƒã be Yohanes “anye gã le [Yehowa] ŋku me” eye “wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na [Yehowa].”
Gake Zaxarya mete ŋu xɔe se o. Edze abe ɖe wòsesẽ akpa ene be wo kple Elisabet nate ŋu adzi vi le ƒe si woxɔ ta. Eyata Gabriel gblɔ nɛ be: “Wò aɖe latu, eye mèle ŋu te ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye [nyawo], . . . dzi se o la ŋuti.”
Le ɣeyiɣi sia me la, amesiwo le gota la wɔ yaa ɖe nusi ta Zaxarya tsi gbedoxɔa me nenema gbegbe la ŋuti. Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu le nu ƒom o ke boŋ dzesiwo ko wɔm wòle kple asi, eye wodze sii be ekpɔ nu dziŋɔ aɖe.
Esi Zaxarya ƒe ɣeyiɣi si wòasubɔ le gbedoxɔ me wu enu la, etrɔ yi aƒeme. Eye emegbe kpuie la, eva eme pɛpɛpɛ—Elisabet fɔ fu! Esi wònɔ lalam hena via dzidzi la, Elisabet sika eɖokui ɖe aƒeme ɣleti atɔ̃ sɔŋ eye meyia ɖe ame dome o.
Emegbe Gabriel gado ake. Eye amekae wòƒo nu na? Ðetugbi aɖe si meɖe srɔ̃ o si ŋkɔe nye Maria si tso Nazaret lae. Gbedasi ka gblɔm wòle fifia? Ðo to nasee! Gabriel gblɔ na Maria be: “Èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” Gabriel gagblɔ be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, . . . eye wòaɖu fia [ɖe] Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”
Míate ŋu aka ɖe edzi be Gabriel see le eɖokui me be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeagblɔ gbedasi siawo. Eye ne míexlẽ nu geɖe tso Yohanes kple Yesu ŋuti la, míakpɔ nusitae gbedasi siawo siwo tso dziƒo la le vevie ŋutɔ la eme nakɔ na mí ƒã wu. Timoteo II, 3:16; Luka 1:5-33.
▪ Gbedasi vevi eve siwo tso dziƒo kawoe wogblɔ?
▪ Amekae gblɔ gbedasiawo, eye amekawoe wògblɔ wo na?
▪ Nukatae wòsesẽ ŋutɔ be woaxɔ gbedasiawo dzi ase?