INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 68 axa 162-axa 163 mm. 1
  • Elizabet Dzi Vi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Elizabet Dzi Vi
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wodzi Ame Si Ava Dzra Mɔ Dzi Ðo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Gbedeasi Eve Siwo Tso Mawu Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Wodzi Amesi Adzra Mɔ Dzi Ðo La
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Gbedasi Siwo Tso Dziƒo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 68 axa 162-axa 163 mm. 1
Zakariya gblɔ na exɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo be woayɔ ye viŋutsuvia be Yohanes

NUSƆSRƆ̃ 68

Elizabet Dzi Vi

Esi wogbugbɔ Yerusalem gliawo ɖo ƒe 400 kple edzivɔ megbe la, nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zakariya kple srɔ̃a Elizabet, nɔ teƒe aɖe si medidi tso dua gbɔ o. Woɖe srɔ̃ ƒe geɖe gake vi aɖeke menɔ wo si o. Gbe ɖeka esi Zakariya nɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom le gbedoxɔa me la, mawudɔla Gabriel va egbɔ. Zakariya vɔ̃ gake Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o. Metsɔ nya nyui aɖe tso Yehowa gbɔ vɛ na wò. Srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi eye nàtsɔ ŋkɔ nɛ be Yohanes. Yehowa tia Yohanes be wòawɔ dɔ vevi aɖe.’ Zakariya bia mawudɔlaa be: ‘Aleke mawɔ axɔ dziwò ase? Nye kple srɔ̃nye míetsi akpa be míadzi vi.’ Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Mawue dɔm be mava gblɔ nya sia na wò. Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, màgate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime wodzi ɖevia.’

Zakariya nɔ gbedoxɔa me wòdidi wu ale si wònɔnɛ. Eya ta esi wòdo go la, ame siwo nɔ elalam le gota la di be yewoanya nu si dzɔ ɖe edzi. Zakariya mete ŋu le nu ƒom o. Dzesiwo ko wɔm wòle kple eƒe asiwo. Esia na ameawo kpɔe be Mawu gblɔ gbedeasi aɖe na Zakariya.

Eteƒe medidi o, Elizabet fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi abe ale si mawudɔlaa gblɔe ene. Elizabet xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo va be yewoakpɔ ɖevia ɖa. Wokpɔ dzidzɔ kplii. Elizabet gblɔ be: ‘Woayɔe be Yohanes.’ Ameawo gblɔ be: ‘Womeyɔa wò ƒometɔ aɖeke be Yohanes o. Tsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zakariya nɛ.’ Gake Zakariya ŋlɔ nya siawo ɖe nane dzi be: ‘Eŋkɔe nye Yohanes.’ Tso ema dzi la, Zakariya gate nuƒoƒo! Ðevia ŋu nya kaka ɖe Yudea nutoa katã me, eye ameawo nɔ wo ɖokuiwo biam be: ‘Ame ka tɔgbie ɖevi sia ava nye?’

Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Zakariya fũu eye wògblɔ nya ɖi be: ‘Woakafu Yehowa. Edo ŋugbe na Abraham be yeadɔ ɖela aɖe, si nye Mesia la ɖa, be wòava xɔ na mí. Yohanes anye nyagblɔɖila, eye wòadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la.’

Nu tɔxɛ aɖe dzɔ ɖe Maria, si nye Elizabet ƒe ƒometɔ hã dzi. Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si kplɔe ɖo la me.

“Amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ be woawɔ esia o; ke Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.”—Mateo 19:26

Nyabiasewo: Nya kae Gabriel gblɔ na Zakariya? Dɔ vevi kae Yohanes ava wɔ?

Mateo 11:7-14; Luka 1:5-25, 57-79; Yesaya 40:3; Malaki 3:1

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe