Ta 3
Wodzi Amesi Adzra Mɔ Dzi Ðo La
EKPƆTƆ vie ko Elisabet nadzi vi. Le ɣleti etɔ̃ siwo va yi me la, Maria nɔ egbɔ. Gake ɣeyiɣi de na Maria azɔ be wòadzo eye wòazɔ mɔ didi la atrɔ ayi aƒe si nye Nazaret. Eya hã adzi vi abe ɣleti ade megbe ene.
Esi Maria dzo la, medidi hafi Elisabet dzi vi o. Dzidzɔ ka gbegbe nye si wònye esime vidzidzia nɔ bɔbɔe eye Elisabet kple ɖevia le sesĩe! Esi Elisabet tsɔ ɖevi la fia eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo la, wo katã wokpɔ dzidzɔ kplii.
Ne wodzi ŋutsuvi le Israel la, ele be woatso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe le Mawu ƒe Sea nu. Le ŋkeke sia dzi la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo va. Wogblɔ be ele be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zaxarya nɛ. Gake Elisabet xɔ nya la be: “O! Ðeko woayɔe be Yohanes.” Ðo ŋku edzi be ŋkɔ mae mawudɔla Gabriel gblɔ be ele be woatsɔ na ɖevia.
Gake, wo xɔlɔ̃wo gbe hegblɔ be: “Ame aɖeke mele wò ƒome, si wotsɔ ŋkɔ sia na o.” Eye wowɔ dzesi na fofoa hebia ŋkɔ si wòdi be yeatsɔ na ɖevia. Esi wòbia nuŋlɔkpe la, ewɔ nuku na wo katã be Zaxarya ŋlɔe bena: “Yohanes enye eƒe ŋkɔ.”
Tso ekema dzi la, Zaxarya gate ŋu dze nu ƒoƒo nukutɔe. Àɖo ŋku edzi be megate ŋu ƒo nu o esime mexɔ mawudɔla la ƒe gbeƒãɖeɖe la be Elisabet adzi vi la dzi se o. Esime Zaxarya ƒo nu la, ewɔ nuku na amesiwo katã le nutoa me la eye wogblɔ le wo ɖokui me be: “Nuka gɔ̃ ɖevi sia lava zu mahã?”
Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Zaxarya fũ eye wòtso aseye gblɔ be: “Woakafu [Yehowa], Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ, eye wòna xɔxɔ ƒe [lãdzo] do na mí le Dawid, eƒe dɔla, ƒe me.” “Xɔxɔ ƒe [lãdzo]” siae nye Aƒetɔ Yesu, amesi woava dzi la. Zaxarya gblɔ be: “Esi [Mawu ɖe] mí tso míaƒe futɔwo si me la, wòana míasubɔe kple mavɔ̃mavɔ̃ le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me, míaƒe ŋkekewo katã le eƒe ŋku me.”
Emegbe Zaxarya gblɔ nya ɖi ku ɖe via, Yohanes, ŋu be: “Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋĩtɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mɔwo ɖo, be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa, be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”
Le ɣeyiɣi sia me la, Maria, amesi edze ƒã be ekpɔtɔ nye tre la va ɖo eƒe nɔƒe si nye Nazaret. Nukae adzɔ ɖe edzi ne eva dze ƒã be efɔ fu? Luka 1:56-80; Mose III, 12:2, 3.
▪ Aleke gbegbee Yohanes tsi wu Yesu?
▪ Nukawoe dzɔ esime Yohanes xɔ ŋkeke enyi?
▪ Aleke Mawu trɔ eƒe susu ɖe eƒe dukɔ la ŋue?
▪ Dɔ kae wogblɔ ɖi be Yohanes awɔ?