Ta 7
Yesu Kple Ɣletivimefakalawo
ƔEDZEƑE ŋutsu geɖewo va. Wonye ɣletivimefakalawo—amesiwo gblɔna be yewote ŋu ɖea nusi ɣletiviwo fia la gɔme. Esi wole Ɣedzeƒe la, wokpɔ ɣletivi yeye aɖe eye wokplɔe ɖo agbadroƒe alafa nanewo va Yerusalem.
Esi ɣletivimefakalawo ɖo Yerusalem la, wobia be: “Afika Yudatɔwo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye míeva [be míade bubu eŋu].”
Esi fia Herodes si le Yerusalem se nya sia la, etɔtɔ ŋutɔ. Eyata eyɔ nunɔlagãwo hebia afisi woadzi Kristo la le. Wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo eŋu nɛ be: “Le Betlexem.” Tete Herodes na wokplɔ ɣletivimefakalawo vɛ nɛ eye wògblɔ na wo be: “Miheyi ɖadi ɖevi la vevie; eye ne miekpɔe la, migava ka eta nam bena, nye hã mayi aɖade [bubu eŋu].” Gake le nyateƒe me la, Herodes ɖe wòdi be yeawu ɖevia!
Esi wodzo la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. Ɣletivi si wokpɔ esime wole Ɣedzeƒe la dze ŋgɔ na wo. Edze ƒã be menye ɣletivi dzro aɖee nye sia o, ke boŋ ɖe woɖoe ɖa etɔxɛe be wòafia mɔ wo. Ɣletivimefakalawo kplɔe ɖo vaseɖe esime wòtɔ ɖe aƒe si me Yosef kple Maria le la tame tututu.
Esi ɣletivimefakalawo ge ɖe aƒea me la, wokpɔ Maria kple via Yesu, ɖevi la. Wo katã wode ta agu nɛ. Eye woɖe nunanawo, sika, kotoklobo kple lifi do goe tso woƒe kotokuwo me. Emegbe esi wodi be yewoatrɔ ayi aɖagblɔ afisi ɖevia le la na Herodes la, Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi o. Eyata woto mɔ bubu dzo yi wo de.
Amekae nèsusu be eyae na ɣletivi si zɔ yame la fia mɔ ɣletivimefakalawo? Ðo ŋku edzi be ɣletivia mefia mɔ wo tẽ yi Yesu gbɔ le Betlexem o. Ke boŋ ekplɔ wo yi Yerusalem afisi woke ɖe Fia Herodes si di be yeawu Yesu la ŋu le. Eye ne ɖe Mawu mede asi eme hexlɔ̃ nu ɣletivimefakalawo be womegagblɔ afisi Yesu le na Herodes o la, anye ne ewui. Mawu ƒe futɔ Satana Abosam ye di be woawu Yesu, eye eyae zã ɣletivi ma be eƒe tameɖoɖoa nava eme. Mateo 2:1-12; Mixa 5:1.
▪ Nukae ɖee fia be ɣletivi si ɣletivimefakalawo kpɔ la menye ɣletivi dzro ko o?
▪ Afikae ɣletivimefakalawo ke ɖe Yesu ŋu le?
▪ Nukatae míenya be Satanae na ɣletivia fia mɔ ɣletivimefakalawo?