INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 7 axa 22-axa 23 mm. 6
  • Ɣletivimefakalawo Va Kpɔ Yesu Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣletivimefakalawo Va Kpɔ Yesu Ða
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Kple Ɣletivimefakalawo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ame Kae Dɔ “Ɣletivi” La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ɣletivi Ka Ƒomevie Fia Mɔ “Nunyalawo” Yi Yesu Gbɔ?
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 7 axa 22-axa 23 mm. 6
Ɣletivimefakalawo dze ɣletivi aɖe yome yina aƒe si me Yosef, Maria kple Yesu wole la me

TA 7

Ɣletivimefakalawo Va Kpɔ Yesu Ða

MATEO 2:1-12

  • “ƔLETIVI” AÐE FIA MƆ ƔLETIVIMEFAKALAWO YI YERUSALEM KPLE YESU GBƆ

Ŋutsu aɖewo tso Ɣedzeƒe va. Wonye ɣletivimefakalawo, ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ƒe zɔɖeɖe ŋu hegblɔna be yewotea ŋu toa esia dzi ɖea nu si amewo ƒe agbemenudzɔdzɔwo fia la gɔme. (Yesaya 47:13) Esi wole wo de le Ɣedzeƒe la, wokpɔ “ɣletivi” aɖe si dze wo ŋgɔ agbadroƒe alafa geɖe yi Yerusalem, ke menye Betlehem o.

Esi ɣletivimefakalaawo ɖo afi ma la, wobia be: “Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.”—Mateo 2:1, 2.

Ɣletivimefakalawo le ta bɔbɔm na Fia Herodes

Fia Herodes si le Yerusalem la se nya sia, eye dzidzi ƒoe ŋutɔ. Eya ta eyɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Yuda subɔsubɔhakplɔla bubuwo hebia wo afi si woadzi Kristo la le. Wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo eŋu nɛ be: “Woadzii le Betlehem.” (Mateo 2:5; Mika 5:2) Ale Herodes na wokplɔ ɣletivimefakalaawo vɛ nɛ le adzame, eye wògblɔ na wo be: “Miyi ɖadi ɖevi la nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva ka eta nam ne nye hã mayi aɖade bubu eŋu.” (Mateo 2:8) Gake le nyateƒe me la, ɖe Herodes di be yeanya afi si ɖevia le ne yeawui!

Esi ɣletivimefakalaawo dzo la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. “Ɣletivi” si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe la dze wo ŋgɔ. Edze ƒãa be menye ɣletivi dzro aɖe koe wònye o, ke boŋ ɖe woɖoe ɖa etɔxɛe be wòafia mɔ wo. Ɣletivimefakalaawo kplɔe ɖo va se ɖe esime wòtɔ ɖe aƒe si me Yosef kple Maria kpakple wo vi suea le la tame tututu.

Ɣletivimefakala siwo dze ɣletivia yome va Betlehem la le nunanawo tsɔm na Maria kple Yesu

Esi ɣletivimefakalaawo ge ɖe aƒea me la, wokpɔ Maria kple via Yesu, ɖevi la. Ale ɣletivimefakalaawo bɔbɔ de bubu eŋu. Eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire nɛ. Emegbe esi wodi be yewoatrɔ ayi Herodes gbɔ la, Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi o. Eya ta woto mɔ bubu dzo yi wo de.

Ame kae nèsusu be eyae na “ɣletivi” la fia mɔ ɣletivimefakalaawo? Ðo ŋku edzi be “ɣletivi” la mefia mɔ wo yi Yesu gbɔ tẽe le Betlehem o. Ke boŋ ekplɔ wo yi Yerusalem, afi si woke ɖe Fia Herodes, si di be yeawu Yesu la ŋu le. Eye ne ɖe Mawu mede asi nyaa me hexlɔ̃ nu ɣletivimefakalaawo be womegagblɔ afi si Yesu le na Herodes o la, anye ne ewui. Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe futɔ Satana ye di be woawu Yesu, eye wòto mɔnu sia dzi be yeana yeƒe tameɖoɖoa nava eme.

  • Aleke míewɔ nya be menye ɣletivi dzro aɖe koe ɣletivimefakalaawo kpɔ o?

  • Afi kae Yesu si nye ɖevi la nɔ esime ɣletivimefakalaawo ke ɖe eŋu?

  • Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be Satanae fia mɔ ɣletivimefakalaawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe