Ta 10
Yerusalem Yiyi ƒe Mɔzɔzɔwo
ADAME ɖo. Eye ɣeyiɣia de na Yosef kple eƒe ƒomea, hekpe ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ŋu hena woƒe ƒe sia ƒe mɔzɔzɔ yi Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuie ɖuɖu. Esi wodze mɔ si anye agbadroƒe 65 la zɔzɔ gɔme la, wogale dzidzɔ si wokpɔna ɖaa la kpɔm. Fifia Yesu xɔ ƒe 12, eye ele mɔ kpɔm vevie na ŋkekenyuie sia.
Le Yesu kple eƒe ƒomea gome la, Ŋutitotoŋkekenyuiea menye ŋkeke ɖeka ko ƒe nuwɔna o. Wotsia anyi hena Abolo Maʋãmaʋãwo ƒe Ŋkekenyuie si kplɔe ɖo, si xɔa ŋkeke adre, esi wobuna abe Ŋutitotoŋkekenyuiea ƒe ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe ene la hã. Eyata mɔzɔzɔa katã tso wo ƒeme le Nazaret, hekpe ɖe woƒe Yerusalem nɔnɔ ŋu la xɔa abe kwasiɖa eve ene. Gake ƒe sia me ya, le nya aɖe si ku ɖe Yesu ŋu ta, wonɔ anyi wòdidi wu.
Kuxia va dze esime wotrɔ tso Yerusalem gbɔna. Yosef kple Maria susu be Yesu le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe ƒuƒoƒo siwo katã le mɔa zɔm la dome. Gake esi zã do eye wotsi mɔ dzi eye womekpɔe la, wodze edidi gɔme le woƒe zɔhɛ siwo le mɔa zɔm la dome. Wodii ʋuu do kpoe. Eyata Yosef kple Maria gbugbɔ yi keke Yerusalem ke be yewoadii le afima.
Wodii ŋkeke blibo ɖeka, gake womekpɔe o. Ŋkeke evelia hã womekpɔe o. Mlɔeba le ŋkeke etɔ̃agbe la, woyi ɖe gbedoxɔa me. Wokpɔ Yesu le afima le xɔawo dometɔ ɖeka me wònɔ Yudatɔ nufialawo dome eye wònɔ to ɖom wo henɔ nya biam wo.
Maria bia be: “Vinye, nukaŋuti nèwɔ ɖe mía ŋu ale? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míedi wò kple nuxaxa.”
Ewɔ nuku na Yesu be womenya afisi woakpɔ ye le o. Ebia be: ‘Nukatae miele diyem? Ðe mienya be manɔ Fofonye ƒeme oa?’
Yesu mete ŋu se nusita edzilawo menya nusia o la gɔme o. Le ema megbe la, etrɔ yi aƒeme kple edzilawo, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo. Eyi edzi nɔ ŋgɔ yim le nunya kple ŋutilã me ƒe tsitsi me eye wòkpɔ amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ. Ẽ, tso Yesu ƒe ɖevime ke la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi, menye le gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ me ko o, ke le edzilawo bubu hã me. Luka 2:40-52; 22:7.
▪ Mɔ kawoe Yesu zɔna edziedzi kple eƒe ƒomea le adame, eye ɣeyiɣi didi kae woxɔna?
▪ Nukae dzɔ le mɔ si wozɔ esime Yesu xɔ ƒe 12 la me?
▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na ɖevi siwo li egbea?