INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 12
  • Yesu ƒe Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu ƒe Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wonyrɔ Yesu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yohanes Nyrɔ Yesu Ðe Tsi Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Gɔmesese si Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Gɔmesese si le Wò Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Ŋu
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 12

Ta 12

Yesu ƒe Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ

ANƆ abe ɣleti ade ene esi Yohanes dze gbeƒãɖeɖe gɔme megbe la, Yesu, amesi xɔ abe ƒe 30 ene fifia la va egbɔ le Yordan-tɔsisia to. Ðe susu ka ta? Be wòava srãe kpɔ taea? Ðeko Yesu di be yeakpɔ alesi Yohanes ƒe dɔa le edzi yimee ɖaa? Ao, Yesu gblɔ na Yohanes be wòana nyɔnyrɔ̃ ye.

Yohanes gbe enumake. Ebia be: ‘Nye boŋ wòhiã bena, wò nana nyɔnyrɔ̃m eye wòa nèva gbɔnyea?’ Yohanes nyae be ye nɔɖivi Yesu nye Mawu ƒe Vi tɔxɛ. Yohanes gli kple dzidzɔ le dadaa ƒe dɔme esime Maria si ƒo Yesu ƒe fu nɔ la va srã wo kpɔ! Ðikekemanɔmee la, Yohanes dada Elisabet gblɔ nya sia nɛ emegbe. Eye agblɔ alesi mawudɔla ɖe gbe ƒã Yesu dzidzi kple alesi mawudɔlawo do ɖe alẽkplɔlawo dzi le zã si me wodzii la hã nɛ.

Eyata menye amedzroe Yesu nye na Yohanes o. Eye Yohanes nyae be yeƒe nyɔnyrɔ̃nana la mehiã na Yesu o. Amesiwo trɔ dzime le woƒe nuvɔ̃wo mee wòhiã na, gake nuvɔ̃ mele Yesu ya ŋu o. Gake togbɔ be Yohanes gbe hã la, eƒoe ɖe enu be: “Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu.”

Nukatae wònye nusi sɔ be Yesu naxɔ nyɔnyrɔ̃? Elabena Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ la menye dzimetɔtrɔ le nuvɔ̃wo me ƒe dzesi o, ke boŋ enye eɖokui tsɔtsɔ na Fofoa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ƒe dzesi. Atikpalae Yesu nye, gake ɣeyiɣia de nɛ azɔ be wòadze subɔsubɔdɔ si ta Yehowa Mawu dɔe ɖo ɖe anyigba dzi la gɔme. Èsusu be Yohanes nɔ mɔ kpɔm be nu tɔxɛ aɖe adzɔ ne yena nyɔnyrɔ̃ Yesua?

Yohanes ka nya ta emegbe be: ‘Amesi dɔm be, manyrɔ̃ amewo ɖe tsi me la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi naa nyɔnyrɔ̃ amewo kple gbɔgbɔ kɔkɔe la.’ Eyata Yohanes nɔ mɔ kpɔm be Mawu ƒe gbɔgbɔ la aɖi ɖe ame aɖe si yeana nyɔnyrɔ̃e la dzi. Eyata ɖewohĩ mewɔ mo yaa nɛ tututu be esime Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖi ɖe eyama dzi abe akpakpa ene’ o.

Gake nu geɖe wu ema dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔɣi. ‘Dziƒo nu ʋu’ nɛ. Nusia gɔme ɖe? Edze ƒã be efia be esi wonɔ enyrɔ̃m ɖe tsia me la, eɖo ŋku eƒe dziƒogbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu dzi. Eyata Yesu ɖo ŋku eƒe anyinɔnɔ abe Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔmevi ene la dzi, kple nusiwo katã Mawu gblɔ nɛ le dziƒo le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔ zuzu me la.

Hekpe ɖe eŋu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” Ameka ƒe gbee nye ma? Yesu ŋutɔ ƒe gbeea? Kura o! Mawu ƒe gbee. Edze ƒã be Yesu nye Mawu ƒe Vi, ke menye Mawu ŋutɔ abe alesi ame aɖewo gblɔna ene o.

Gake Yesu nye Mawu ƒe vi si nye amegbetɔ, abe alesi tututu Adam gbãtɔ la hã nyee ene. Le nu ƒoƒo tso Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu vɔ megbe la, nusrɔ̃la Luka ŋlɔ bena: “Yesu ŋutɔ, esi wòdze dɔ gɔme la, exɔ ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃, eye wònye—le amewo ƒe susu nu—Yosef vi, amesi nye Eli vi, . . . Dawid vi, . . . Abraham vi, . . . Noa vi, . . . Adam vi, amesi nye Mawu [vi].”

Abe alesi Adam nye ‘Mawu vi’ ene la, nenema kee Yesu hã nye Mawu vie. Yesu ye nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ, eye esia dze ƒã ne míelé ŋku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu tsitotsito. Gake le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me la, ege ɖe ƒomedodo yeye aɖe me kple Mawu eye wòzu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi. Ðeko wòle abe ɖe Mawu yɔe yi dziƒo azɔ ene esi wòna wòdze agbenɔnɔ si ana wòatsɔ eƒe agbe si nye amegbetɔ tɔ asa vɔe tegbee la gɔme, be wòanye tafe ɖe amegbetɔƒomea si wobu fɔe la ta. Mateo 3:13-17; Luka 3:21-38; 1:34-36, 44; 2:10-14; Yohanes 1:32-34; Hebritɔwo 10:5-9.

▪ Nukatae Yesu menye amedzro na Yohanes o?

▪ Esi wònye Yesu mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o la, nukatae wona nyɔnyrɔ̃e?

▪ Le nusi Yohanes nya ku ɖe Yesu ŋu ta la, nukatae manya wɔ mo yaa nɛ o esime Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖi ɖe Yesu dzi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe