Ta 14
Yesu ƒe Nusrɔ̃la Gbãtɔwo
LE GBEADZI nɔnɔ ŋkeke 40 megbe la, Yesu trɔ va Yohanes, amesi na nyɔnyrɔ̃e la gbɔ. Esi wògogo wo la, edze abe ɖe Yohanes fia asii ene eye wòdo ɣli gblɔ na amesiwo le afima be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si! Nenem me sia enye amesi ŋuti megblɔ le be: Ŋutsu aɖe le megbenye gbɔna, si tre vava nam; elabena eli, hafi meli.” Togbɔ be Yohanes nye xoxo na nɔɖia ƒe vi Yesu hã la, Yohanes nya be Yesu nɔ agbe abe gbɔgbɔmeme ene le dziƒo hafi yedzɔ.
Gake kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ, esi Yesu va be woanyrɔ̃ ye la, ewɔ abe ɖe Yohanes meka ɖe edzi tututu be Yesue nye Mesia la o ene. Yohanes lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemenyae o; ke boŋ bena woaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le [nyɔnyrɔ̃ nam] amewo ɖe tsi me.”
Yohanes yi edzi ɖe nusi dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me la me na eƒe nyaselawo be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi. Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, [mana nyɔnyrɔ̃] amewo la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le [nyɔnyrɔ̃ nam] amewo kple gbɔgbɔ kɔkɔe la. Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawuvi la.”
Esi ŋu ke la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve le tsitre ɖe afi ɖeka. Esi wòkpɔ be Yesu gbɔna la, egagblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem.” Enumake Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la ƒe nusrɔ̃la eve siawo dze Yesu yome. Wo dometɔ ɖekae nye Andrea, eye edze ƒã be ame eveliae nye amesi tututu ŋlɔ nusiawo ɖi, amesi hã woyɔna be Yohanes. Le nusi nuŋlɔɖiwo ɖe fia nu la, Yohanes sia hã nye Yesu nɔɖi alo nɔgã ƒe vi, ɖewohĩ enye Maria nɔvinyɔnu Salome ƒe vi.
Esi Yesu trɔ eye wòkpɔ Andrea kple Yohanes le eyome la, ebia be: “Nuka dim miele?”
Wobia be: “Nufiala, afika nènɔna?”
Yesu ɖo eŋu be: “Miva kpɔe.”
Anɔ abe ɣetrɔ ga ene me ene eye Andrea kple Yohanes nɔ Yesu gbɔ le ŋkeke ma dzi. Emegbe dzi dzɔ Andrea ale gbegbe be wòƒu du yi ɖadi nɔvia si woyɔna be Petro. Egblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la.” Eye ekplɔ Petro yi Yesu gbɔe. Ðewohĩ le ɣeyiɣi ma ke me la, Yohanes hã kpɔ nɔvia Yakobo eye wòkplɔe va Yesu gbɔe; gake abe alesi wòwɔnɛ ene la, Yohanes mede eɖokui ŋuti nya sia eƒe Nyanyuiea me o.
Esi ŋu ke la, Yesu kpɔ Filipo, amesi tso Betsaida, si nye du si ke me Andrea kple Petro tso. Ekpee be: “Dze yonyeme.”
Filipo yi ɖadi Natanael, amesi wogayɔna be Bartolomeo eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Yesu, Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ [nya] ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.” Natanael meka ɖe edzi o. Ebia be: “Ðe nu nyui aɖe atso Nazaret mahã?”
Filipo mia asii be: “Va kpɔ.” Esi wogbɔna Yesu gbɔ la, Yesu gblɔ tso Natanael ŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-tɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.”
Natanael biae be: “Afika nènyam le?”
Yesu ɖo eŋu be: “Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.”
Ewɔ nuku na Natanael. Egblɔ be: ‘Rabi [si gɔmee nye Nufiala], wòe nye Mawu ƒe Vi la, wòe nye Israel ƒe Fia.’
Yesu biae be: “Esi megblɔ na wò bena, mekpɔ wò le gbotia te la, èxɔe se mahã?” “Nu gãwo wu esiawo kpɔ ge nala.” Eyi edzi do ŋugbe be: “Vava! vavã mele egblɔm na mi bena: Miakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.”
Ɣeyiɣi kpui aɖe ko le esia megbe la, Yesu kple nusrɔ̃la yeye siwo su esi la dzo le Yordan-balia me hezɔ mɔ yi Galilea. Yohanes 1:29-51.
▪ Amekawoe nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo?
▪ Aleke woɖe Petro kple ɖewohĩ Yakobo hã fia Yesue?
▪ Nukae na Natanael ka ɖe edzi be Yesue nye Mawu ƒe Vi la?