TA 13
Amesiwo Va Zu Yesu Ƒe Nusrɔ̃lawo
Amekae nye ŋutsu sia, eye aleke wòwɔ va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la?
AMEKAE nye Mawu ƒe subɔla nyuitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ?— Nyateƒee, Yesu Kristoe. Èsusu be míate ŋu anɔ abe eyama enea?— Enyo, Biblia la gblɔ na mí be eɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí be míadze ye yome. Eye ele mía kpem be míava nye yeƒe nusrɔ̃lawo.
Ènya nusi wòfia be woanye Yesu ƒe nusrɔ̃la?— Efia nu geɖe. Gbã la, ele be míasrɔ̃ nu tso egbɔ. Gake mese ɖe afima o. Ele be míaxɔ nusi wògblɔ dzi ase ŋutɔŋutɔ hã. Ne míexɔe se la, ke míawɔ nusi wògblɔ na mí.
Ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Yesu dzi se. Èsusu be amesiawo katãe nye eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔŋutɔa?— Ao, wo dometɔ akpa gãtɔ menyee o. Woanya nɔ sɔleme dem ya. Gake wo dometɔ geɖe megbɔ dzi ɖi di ɣeyiɣi srɔ̃ nu tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu o. Eyata le nyateƒe me la, amesiwo dze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome koe nye eƒe nusrɔ̃lawo.
Na míaƒo nu tso amesiwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo esime wònɔ anyigba dzi la dometɔ aɖewo ŋu. Ame gbãtɔ siwo va zu eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nye Filipo. Filipo yi va yɔ exɔlɔ̃ Natanael (amesi woyɔna hã be Bartolomeo), si kpɔm nèle le afisia wòle atia te. Esi Natanael va Yesu gbɔ la, Yesu gblɔ nɛ be: ‘Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavã, amesi me alakpa mele o enye esi.’ Esia wɔ nuku na Natanael eye wòbia be: ‘Afika nènyam le?’
Amekawo yɔm Yesu le be woanye yeƒe nusrɔ̃lawo?
Yesu gblɔ nɛ be: ‘Hafi Filipo nayɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò.’ Ewɔ nuku na Natanael ŋutɔ be Yesu nya afisi tututu yenɔ, eyata Natanael gblɔ be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.”—Yohanes 1:49.
Yuda Iskariot, Yuda (si wogayɔna be Tadeo), Simon
Ame bubu aɖewo hã va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋkeke si do ŋgɔ hafi Filipo kple Natanael nava zu nusrɔ̃lawo. Amesiawoe nye Andrea kple nɔvia Petro kpakple Yohanes kple ɖewohĩ Yohanes nɔvi Yakobo. (Yohanes 1:35-51) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame ene siawo gbugbɔ trɔ yi woƒe lãɖeɖedɔ gbɔ. Ke gbeɖeka esime Yesu nɔ zɔzɔm le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ Petro kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me. Yesu yɔ wo gblɔ be: ‘Miva dze yonyeme.’
JYakobo (Alfeo vi), Toma, Mateo
Esi Yesu zɔ yi ŋgɔ vie la, ekpɔ Yakobo kple Yohanes. Woa kple wo fofo wole tɔdziʋu aɖe me le woƒe asabuwo sam. Yesu yɔ woawo hã be woava dze ye yome. Nenye wòe Yesu yɔ ɖe, anye ne nukae nàwɔ? Anye ne àtso enumake adze eyomea?— Ŋutsu siawo nya amesi Yesu nye. Wonya be Mawue dɔe ɖo ɖa. Eyata enumake wogblẽ woƒe lãɖeɖedɔa ɖi hedze Yesu yome.—Mateo 4:18-22.
Nataniel, Filipo, Yohanes
Esi ŋutsu siawo va zu Yesu yomedzelawo la, ɖe wòfia be tso ekema dzi wowɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣia?— Ao. Àɖo ŋku edzi be ŋutsu siawo he nya le wo nɔewo dome gɔ̃ hã le amesi nye gãtɔ ŋu. Gake woɖo to Yesu, eye wolɔ̃ faa be yewoawɔ tɔtrɔ. Ne míawo hã míelɔ̃ faa be míawɔ tɔtrɔ la, ekema míate ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.
Yakobo (Yohanes nɔvi), Andrea, Petro
Yesu kpe ameƒomevi vovovowo be woava zu yeƒe nusrɔ̃lawo. Gbeɖeka ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si nye dziɖula va Yesu gbɔ va biae nusi wòle be yeawɔ akpɔ agbe mavɔ. Esi dziɖula kesinɔtɔa gblɔ be yewɔa Mawu ƒe sededewo dzi tso ɖevime ke la, Yesu gblɔ nɛ be: ‘Va dze yonyeme.’ Ènya nusi dzɔa?—
Esi ŋutsua se be, be woanye Yesu ƒe nusrɔ̃la hiã vevie wu be woanye kesinɔtɔ la, nyaa mevivi enu kura o. Meva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la o elabena elɔ̃ eƒe kesinɔnuwo wu alesi wòlɔ̃ Mawui.—Luka 18:18-25.
Esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem abe ƒe ɖeka kple afã ene megbe la, etia eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ 12 be woanye yeƒe apostolowo. Apostoloawoe nye ŋutsu siwo wòdɔ ɖo ɖa be woava wɔ dɔ tɔxɛ aɖe. Ènya woƒe ŋkɔwoa?— Na míakpɔe ɖa be míate ŋu asrɔ̃ woƒe ŋkɔwo hã. Kpɔ woƒe fotowo ɖa le afisia, eye nàkpɔe ɖa be àte ŋu ayɔ woƒe ŋkɔwo hã. Eyome dze agbagba nàlé woƒe ŋkɔwo ɖe susu me be nàte ŋu ayɔ wo.
Afikawoe wòle vevie na mí be míawɔ nu abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ene le?
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka va zu ame vɔ̃ɖi. Eyae nye Yuda Iskariot. Emegbe la, wova tia nusrɔ̃la bubu wòzu apostolo ɖe eteƒe. Ènya eƒe ŋkɔa?— Woyɔnɛ be Matia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paulo kple Barnaba hã va zu apostolowo, gake woawo menɔ ame 12-awo dome o.—Dɔwɔwɔwo 1:23-26; 14:14.
Abe alesi míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 1 me ene la, Yesu tsɔ ɖe le eme na ɖeviwo vevie. Nukatae wòtsɔ ɖe le eme na wo?— Elabena enyae be woawo hã woate ŋu ava zu yeƒe nusrɔ̃lawo gbeɖeka. Le nyateƒe me la, zi geɖe ɖeviwo ate ŋu agblɔ nya aɖewo siwo ate ŋu ana ame tsitsiwo gɔ̃ hã naɖo to eye woadi be yewoasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe Nufiala Gã la ŋu.
Nyɔnu geɖewo hã va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Wo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kplii esi wòyi va ɖe gbeƒã le du bubuwo me. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ la, Yohana, kple Susana. Anɔ eme be wokpe ɖe eŋu le nuɖaɖa nɛ kple eƒe awuwo nyanya nɛ me.—Luka 8:1-3.
Èdi be wò hã nàzu Yesu ƒe nusrɔ̃la?— Ðo ŋku edzi be egbɔgblɔ kple nu ko be míenye eƒe nusrɔ̃lawo mefia be míenyee o. Ele be afisiafi si míele la, míawɔ nu abe eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ene, ke menye le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ko o. Àte ŋu abu teƒe aɖewo siwo wòle vevie na mí be míawɔ nu abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ene lea?—
Ẽ, ele be míawɔ nu nenema le aƒeme. Gake teƒe bubu hãe nye le suku. Nusi mele be mía kpli wò míaŋlɔ be gbeɖe o enye be, bene míanye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo vavã la, ke afika ke míeɖale o, ele be míawɔ nu gbesiagbe abe alesi eyama wɔ nui ene.
Amekawoe nye nyɔnu siawo siwo kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?
Azɔ na míaxlẽ nusi Biblia gblɔ tso Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɖekae, le Mateo 28:19, 20; Luka 6:13-16; Yohanes 8:31, 32; kple Petro I, 2:21.