Ta 16
Dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe Tadedeagu Ŋu
YESU dadaviwo—Maria viŋutsu bubuwo—ye nye Yakobo, Yosef, Simon, kple Yuda. Hafi amesiawo katã nazɔ mɔ kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo ayi Kapernaum si nye du si gogo Galilea-ƒua la, woanya tɔ ɖe Nazaret, si nye woƒe nɔƒe la gbã be ƒomea natsɔ nusiwo ahiã na wo la ɖe asi.
Gake nukatae Yesu yi ɖe Kapernaum le esi teƒe be wòayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi le Kana, le Nazaret, alo le teƒe bubu aɖe le Galilea-towo dzi? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be afisi wotso Kapernaum-dua ɖo la ɖe dzesi wu eye edze ƒã be enye du si lolo wu bubuawo. Azɔ hã nusrɔ̃la yeye siwo Yesu kpɔ la dometɔ akpa gãtɔ nɔ Kapernaum alo wonɔ afisi te ɖe eŋu ale be mahiã be woadzo le woƒe aƒewo me be woaɖaxɔ hehe le egbɔ o.
Esime Yesu nɔ Kapernaum la, ewɔ nukudɔwo abe alesi eya ŋutɔ ɖi ɖase le eŋue le ɣleti aɖewo megbe ene. Gake eteƒe medidi o Yesu kple eƒe zɔhɛwo gadze mɔ ake. Adamee, eye wodze mɔ yina Yerusalem be woaɖu ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea. Esime wole afima la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nane le Yesu ŋu si womanya kpɔ kpɔ o.
Le Mawu ƒe Sea nu la, wodi tso Israel-viwo si be woatsɔ lãwo asa vɔe. Eyata be wòanɔ bɔbɔe na wo la, asitsala siwo nɔ Yerusalem la dzraa lãwo alo xewo ɖe taɖodzinu sia ta. Gake wole nua dzram le gbedoxɔa me ŋutɔŋutɔ hele ameawo bam to asi sesẽ dodo na wo dzi.
Eve dɔme na Yesu ŋutɔ eye wògbi ka tsɔ wɔ atam henyã nudzralawo do goe. Etrɔ gagbalawo ƒe gawo ƒu gbe eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Edo ɣli ɖo ɖe amesiwo le akpakpawo dzram la ta be: “Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ nudzraƒee o!”
Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, woɖo ŋku nyagblɔɖi si ku ɖe Mawu ƒe Vi la ŋuti la dzi be: “Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.” Gake Yudatɔwo bia be: “Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?” Eɖo eŋu be: “Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu.”
Yudatɔwo susu be gbedoxɔa ŋutɔŋutɔ ŋuti Yesu le nu ƒom le, gake eƒe ŋutilã ŋue wòle nu ƒom le eye eyata wobia be: “Mawuxɔ sia tutu xɔ ƒe blane vɔ ade sɔŋ, eye wò la, àgagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃agbe mahã?” Gake Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ŋutilã ƒe gbedoxɔ ŋu. Eye le ƒe etɔ̃ megbe esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku eƒe nyagbɔgblɔ sia dzi. Yohanes 2:12-22; Mateo 13:55; Luka 4:23.
▪ Le srɔ̃ɖeɖea le Kana megbe la, teƒe kawoe Yesu zɔ mɔ de?
▪ Nukatae dɔme ve Yesu, eye nukae wòwɔ?
▪ Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ eƒe nuwɔnawo la, nuka dzie woɖo ŋkui?
▪ Nukae Yesu gblɔ tso “mawuxɔ sia” ŋu, eye nukae wòwɔnɛ?