Ta 24
Nusitae Yesu Va Anyigba Dzi Ðo
VOVO menɔ Yesu ŋu gbesigbe wo kple eƒe nusrɔ̃la eneawo nɔ Kapernaum kura o; ŋkekea wu enu kple alesi wokɔ woƒe dɔnɔwo katã vɛ nɛ be wòada gbe le wo ŋu le zã ma me. Ɣeyiɣi aɖeke menɔ anyi be woawo ɖeɖe naɖe vovo vie o.
Fifia ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe fɔŋli me ɖo. Esi xexeme mekɔ haɖe o la, Yesu fɔ eye eya ɖeɖe do go yi gbedzi. Ezɔ yi teƒe aɖe si ɖe vovo si eya ɖeɖe ate ŋu anɔ ado gbe ɖa na Fofoa le. Gake ɣeyiɣi si Yesu ɖeɖe nɔ afisia la nɔ kpuie ko elabena esi Petro kple ame bubuwo kpɔe dze sii be meli o la, wodo go nɔ edim.
Esi wokpɔ Yesu la, Petro gblɔ be: “Amewo katã le diwòm.” Kapernaumtɔwo di be Yesu natsi yewo gbɔ. Le nyateƒe me la, wokpɔ ŋudzedze ɖe nusi Yesu wɔ na wo la ŋu! Gake nukugbedada mawo ta koŋ ye Yesu va anyigba dzi ɖoa? Nukae wògblɔ tso esia ŋu?
Le Biblia me nuŋlɔɖi ɖeka ƒe nya nu la, Yesu ɖo nya ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina ne míayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã; elabena esia ta medo go ɖo.” Togbɔ be ameawo tee ɖe Yesu dzi be wòatsi yewo gbɔ hã la, egblɔ na wo be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyuie afia du bubuawo hã; elabena eya ta wodɔm ɖo.”
Ẽ, gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si akɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòakpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo katã gbɔ, tae Yesu va anyigba dzi ɖo. Gake be Yesu naɖo kpe edzi be Mawu ye dɔ ye ɖa ta la, ewɔ nukugbedadawo. Le ƒe alafa siwo do ŋgɔ me la, Mose hã wɔ nukunuwo nenema tsɔ ɖo kpe edzii be Mawu ƒe subɔlae yenye.
Fifia, esi Yesu dzo le Kapernaum be yeayi aɖaɖe gbe ƒã le du bubuawo me la, eƒe nusrɔ̃la eneawo hã yi kplii. Ame ene siawoe nye Petro kple nɔvia Andrea, kpakple Yohanes kple nɔvia Yakobo. Àɖo ŋku edzi be le kwasiɖa si va yi ko mee wokpe wo be woanye Yesu ƒe hadɔwɔla siwo anɔ mɔ mɔ zɔm kplii la dometɔ gbãtɔwo.
Yesu ƒe gbeƒãɖeɖea le Galilea kpɔ dzidzedze si wɔ nuku ŋutɔ! Le nyateƒe me la, eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti nya kaka de Siria katã kura gɔ̃ hã. Ameha gbogbo aɖewo tso Galilea, kple Yudea nutoawo me, kpakple le Yordan-tɔsisia godo eye wodzea Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yome. Marko 1:35-39; Luka 4:42, 43; Mateo 4:23-25; Mose II, 4:1-9, 30, 31.
▪ Nukae dzɔ le ŋkeke si kplɔ gbesigbe vovo menɔ Yesu ŋu le Kapernaum o ɖo la ƒe ŋdi me?
▪ Nukatae wodɔ Yesu ɖe anyigba dzi ɖo, eye taɖodzinu ka gbɔe eƒe nukunuwo ɖo?
▪ Amekawoe yi kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ yi Galilea la me, eye aleke woxɔ dɔ siwo Yesu wɔ le afima lae?