Ta 18
Yohanes Dzi Ðe Kpɔtɔ, Yesu Kpɔ Dzidziɖedzi
LE ƑE 30 M.Ŋ. ƒe adame Ŋutitotoa megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem. Gake wometrɔ yi woƒe aƒewo me le Galilea o ke woyi Yudea afisi wona nyɔnyrɔ̃ amewo le. Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela nɔ dɔ ma ke wɔm abe ƒe ɖekae nye sia ene, eye nusrɔ̃lawo gale esi kokoko siwo dea ha kplii.
Le nyateƒe me la, Yesu mena nyɔnyrɔ̃ ame aɖeke o ke eƒe nusrɔ̃lawoe wɔnɛ le eƒe mɔfiafia te. Gɔmesese si le woƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋu la sɔ kple Yohanes tɔ, esi nye nuvɔ̃ si Yudatɔwo wɔ ɖe Se ƒe nubabla la ŋuti la ƒe dzimetɔtrɔ ƒe kpɔɖeŋu. Gake le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, egblɔ na wo be woana nyɔnyrɔ̃ si ŋu gɔmesese bubu le. Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye ame ƒe adzɔgbeɖeɖe be yeasubɔ Yehowa Mawu ƒe dzesi.
Gake le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzeɣi sia la, togbɔ be wo kple Yohanes wowɔ dɔ wo tɔ wo tɔe hã la, wonɔ nu fiam henɔ nyɔnyrɔ̃ nam dzimetrɔlawo. Gake Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo dze ŋu ʋaʋã hegblɔ nɛ le Yesu ŋu be: “Rabi, . . . kpɔ ɖa, eya ke le amewo nyrɔ̃m, eye amewo katã yi egbɔ.”
Le esi teƒe be Yohanes naʋã ŋu la, Yesu ƒe dzidzedzekpɔkpɔ dzɔ dzi nɛ eye wòdi be yeƒe nusrɔ̃lawo hã nakpɔ dzidzɔ. Eɖo ŋku edzi na wo be: “Mia ŋutɔwo mieɖi ɖase nam be, megblɔ bena: Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.” Eyi edzi zã kpɔɖeŋu nyui aɖe be: “Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.”
Yohanes, Ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ la kpɔ dzidzɔ abe ɣleti ade ene do ŋgɔ esi wòtsɔ eƒe nusrɔ̃lawo fia Yesu. Wo dometɔ aɖewo va zu amesiwo ava nye Kristo ƒe dziƒoŋugbetɔhabɔbɔ la me tɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la. Yohanes di be yeƒe nusrɔ̃lawo nadze Yesu yome elabena eƒe tameɖoɖoe nye be yeadzra mɔ dzi ɖo be Kristo ƒe subɔsubɔdɔa nakpɔ dzidzedze. Abe alesi Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ɖe emee ene la: “Eyama latsi ɖe edzi tsã; ke nye la mayi to.”
Yohanes si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la yeye, si nye Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ƒe nusrɔ̃la tsã, ŋlɔ nu ku ɖe Yesu ƒe dzɔtsoƒe kple akpa vevi si Wòawɔ le amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me ŋu be: “Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; . . . Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtsɔ nuwo katã de esi me. Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.”
Eteƒe medidi o, esi Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ si dzi aɖe akpɔtɔ ŋu vɔ la, Fia Herodes lée. Herodes xɔ nɔvia Filipo srɔ̃ Herodia, eye esi Yohanes ɖee fia le gaglãgbe be eƒe nuwɔna la medze o la, Herodes na wodee gaxɔ me. Esi Yesu se be wolé Yohanes la, wo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yudea yi Galilea. Yohanes 3:22–4:3; Dɔwɔwɔwo 19:4; Mateo 28:19; Korintotɔwo II, 11:2; Marko 1:14; 6:17-20.
▪ Nukae nyɔnyrɔ̃ siwo wona le Yesu ƒe mɔfiafia te do ŋgɔ na eƒe tsitretsitsi la fia? Ke le eƒe tsitretsitsi megbe ya ɖe?
▪ Aleke Yohanes ɖee fiae be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyatoƒoetoto la mehiã o?
▪ Nukatae wode Yohanes gaxɔ me?