Ta 25
Nublanui Kpɔkpɔ na Anyidzela Aɖe
ESI Yesu kple eƒe nusrɔ̃la eneawo yi Galilea-duawo me la, nukunu siwo wɔm wòle la ŋu nya kaka ɖe nutoa me katã. Nusiwo wòwɔ ŋu nya ɖo du aɖe si me anyidzela aɖe le la me. Atikewɔla Luka ɖɔe be ‘eŋu yɔ fũ kple anyi.’ Ne dɔ dziŋɔ sia tsi ɖe ame ŋu la, egblẽa amea ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo. Eyata anyidzela sia ƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ.
Esi Yesu ɖo dua me la, anyidzela sia te ɖe eŋu. Le Mawu ƒe Sea nu la, ele be anyidzela nado ɣli atsɔ ana nyanyae be, “Busue! busue!” be wòanye takpɔkpɔ na ame bubuwo be womagagogoe akpa ne woava xɔ dɔa o. Anyidzela la dze klo azɔ eye wòɖe kuku na Yesu be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.”
Aleke gbegbe amea xɔ Yesu dzi see nye si! Gake aleke gbegbe dɔ si le eŋu la ana wòadze nublanuitɔe nye si! Aleke Yesu awɔ? Nenye wòe ɖe, nukae nawɔ? Esi nublanuikpɔkpɔ ʋã Yesu la, edo eƒe abɔ ɖa eye wòka asi eŋu hegblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” Eye anyia vɔ le eŋu zi ɖeka.
Àdi be ame aɖe si ame ƒe nu wɔa nublanui na alea naɖu fia ɖe ye dzia? Alesi Yesu wɔ nu ɖe anyidzela sia ŋui la na kakaɖedzi mí be le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, Biblia me nyagblɔɖi sia ava eme be: “Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” Ẽ, Yesu awɔ eƒe dzimedidi si nye be yeakpe ɖe amesiwo katã dzi nu te ɖo la ŋu.
Do ŋgɔ na gbe dada le anyidzela la ŋu gɔ̃ hã la, amewo kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Le Yesaya ƒe nyagblɔɖi la me vava me la, Yesu gblɔ na amesi ŋu wòda gbe le be: “Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na ame aɖeke o.” Emegbe egblɔ nɛ be: “Heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.”
Gake dzi dzɔ amea ale gbegbe be mate ŋu ana nukunuwɔwɔa ŋu nya natsi eya ɖeɖeko gbɔ o. Edzo enumake eye wòdze nya la kaka gɔme ɖe afisiafi, eye ena dzodzro kple didi vevie ɖo amewo me ale be Yesu magate ŋu ayi du me le gaglãgbe o. Eyata Yesu nɔa teƒe siwo sa ɖe aga si ame aɖeke mele o, eye amewo tsoa afisiafi va sea eƒe nyawo kple be wòada yewoƒe dɔlélewo na yewo. Luka 5:12-16; Marko 1:40-45; Mateo 8:2-4; Mose III, 13:45; 14:10-13; Psalmo 72:13; Yesaya 42:1, 2.
▪ Nukae anyidɔ ate ŋu agblẽ le ame ŋu, eye nyanya kae wòle be anyidzela nana?
▪ Aleke anyidzela aɖe ɖe kuku na Yesue, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe eŋui la me?
▪ Aleke amesi ŋu woda gbea le la do kpo wɔwɔ ɖe nya si Yesu gblɔ nɛ la dzie, eye nukawoe nye emetsonuwo?