INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 25 axa 64-axa 65 mm. 6
  • Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nublanui Kpɔkpɔ na Anyidzela Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • ‘Dze Si Kristo La Ƒe Lɔlɔ̃’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Elɔ̃ Amewo Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 25 axa 64-axa 65 mm. 6
Yesu ka asi anyidɔléla aɖe si dze klo ɖe eŋkume la ŋu

TA 25

Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ

MATEO 8:1-4 MARKO 1:40-45 LUKA 5:12-16

  • YESU DA DƆ NA ANYIDƆLÉLA AÐE

Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la eneawo nɔ gbeƒã ɖem le ‘ƒuƒoƒewo le Galilea bliboa’ la, nukunu siwo wɔm Yesu le la ŋu nya kaka ŋutɔ. (Marko 1:39) Nu siwo wòwɔ ŋu nya ɖo du aɖe si me anyidɔléla aɖe le la me. Atikewɔla Luka ɖɔe be ‘anyidɔ xɔ ŋuti katã nɛ.’ (Luka 5:12) Ne dɔ dziŋɔ sia tsi ɖe ame ŋu la, egblẽa amea ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo vivivi.

Eya ta anyidɔléla sia ƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ, eye mele be wòanɔ ame dome hã o. Azɔ hã, ne amewo gogoe la, ele be wòanɔ ɣli dom be, “Ŋunye mekɔ o hee, ŋunye mekɔ o hee!” ale be wòanye takpɔkpɔ na wo be womagagogoe akpa ne woaxɔ dɔa o. (3 Mose 13:45, 46) Gake nu kae anyidɔléla sia ya wɔ? Ete ɖe Yesu ŋu eye wòtsyɔ mo anyi ɖe eŋkume heɖe kuku nɛ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”—Mateo 8:2.

Aleke gbegbe amea xɔ Yesu dzi see nye esi! Eye aleke dɔ si le eŋu la ana wòadze nublanuitɔe nye esi! Nu kae Yesu awɔ? Ne ɖe nènɔ eteƒe la, anye ne nu kae nàwɔ? Esi ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ta la, edo eƒe asi ɖa ka asi eŋu. Yesu gblɔ nɛ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” (Mateo 8:3) Enumake nu si asesẽ na ame aɖewo be woaxɔ ase la dzɔ. Anyia vɔ le ŋutsua ŋu zi ɖeka.

Ðe madzɔ dzi na wò be fia, si ame ƒe nu wɔa nublanui na, si ŋu ŋutete le abe Yesu ene naɖu dziwò oa? Ale si Yesu wɔ nu ɖe anyidɔléla sia ŋu na míeka ɖe edzi be ne eva zu Fia hele anyigba bliboa dzi ɖum la, Biblia me nyagblɔɖi sia ava eme be: “Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe.” (Psalmo 72:13) Ɛ̃, Yesu awɔ eƒe dzimedidi si nye be yeakpe ɖe ame siwo katã dzi nu te ɖo ŋu la dzi.

Ðo ŋku edzi be, hafi Yesu nada gbe le anyidɔléla sia ŋu gɔ̃ hã la, amewo kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu xoxo. Azɔ amewo ase nukunu sia si wòwɔ la hã ŋu nya. Gake Yesu medi be amewo nanɔ te ɖe nu siwo wogblɔ wose la ɖeɖe ko dzi axɔ ye dzi ase o. Enya nyagblɔɖi si nye be “mana woase eƒe gbe le kpɔdomee o,” si fia be mana woase eŋkɔ kple hoowɔwɔ o. (Yesaya 42:1, 2) Eya ta Yesu de se na anyidɔléla si ŋu wòda gbe le la be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o, ke boŋ yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye nàna nu siwo Mose ɖo be woana la.”—Mateo 8:4.

Gake abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, dzi dzɔ ŋutsua ɖe ale si woyɔ dɔe ŋu ale gbegbe be mete ŋu mia nu ɖe nu si wowɔ nɛ la dzi o. Eyi ɖakaka nya la le afi sia afi. Esia na ame geɖe di vevie be yewoakpɔ Yesu. Le esia ta Yesu megatea ŋu yia duwo me le gaglãgbe o, eye wònɔa teƒe siwo sa ɖe aga si ame aɖeke mele o hena ɣeyiɣi aɖe. Ke hã, amewo tsoa teƒeteƒewo vaa egbɔ be wòafia nu yewo eye wòada dɔ na yewo.

  • Nu kae anyidɔ ate ŋu agblẽ le ame ŋu, eye nu kae wobia tso anyidɔléla si be wòawɔ?

  • Aleke anyidɔléla aɖe ɖe kuku na Yesu, eye nu kae ale si Yesu wɔ nu ɖe eŋui la fia mí?

  • Aleke ame si Yesu yɔ dɔe la wɔ nui, eye nu kae esia na amewo wɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe