Ta 29
Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ le Sabat Dzi
MÍA ŊƆLI ƒe 31 ƒe adamee nye sia. Ɣleti ʋee aɖewo va yi esi Yesu ƒo nu na nyɔnu si nɔ vudoa to le Samaria esime wònɔ mɔ zɔm tso Yudea yina ɖe Galilea.
Fifia le nu fiafia le teƒe geɖe le Galilea la katã vɔ megbe la, Yesu gatrɔ yi ɖe Yudea, afisi wòfia nu le ƒuƒoƒewo le. Ne míatsɔ alesi Biblia ƒo nu le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu le Galilea asɔ kplii la, míagblɔ be nya ʋee aɖewo koe wògblɔ tso Yesu ƒe dɔwɔwɔ le Yudea ŋu le eƒe vava sia me kple le ɣleti siwo me wònɔ afisia le Ŋutitoto si do ŋgɔ nɛ la me. Edze ƒã be womexɔ eƒe subɔsubɔdɔa nyuie le Yudea abe alesi woxɔe le Galilea ene o.
Eteƒe medidi hafi Yesu dze mɔ yi Yudea ƒe du vevitɔ si nye Yerusalem me hena ƒe 31 M.Ŋ. me ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu o. Tsita aɖe le dua ƒe Alẽgboa gbɔ si woyɔna be Betesda, afisi dɔnɔwo, ŋkuagbãtɔwo, kple xɔdrɔ̃wo nɔna. Woxɔ edzi se be ne yewoge ɖe ta la me tsi me ne woblui la, ana yewoahaya.
Gbemagbe nye Sabat, eye Yesu kpɔ ŋutsu aɖe si le dɔ lém ƒe 38 sɔŋ la le ta la gbɔ. Esi Yesu nya ɣeyiɣi didi si dɔa le ŋutsua ŋu ta la, ebiae be: “Èle didim bena, wò lãme nasẽ mahã?”
Eɖo eŋu na Yesu be: “Aƒetɔ, ame aɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o; ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam.”
Yesu gblɔ nɛ be: “Tsi tre, nakɔ wò aba dzi, eye nazɔ azɔli!” Ŋutsua haya enumake eye wòkɔ eƒe aba hedze azɔli zɔzɔ gɔme!
Gake esi Yudatɔwo kpɔ amea la, wogblɔ be: “Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.”
Ŋutsua ɖo eŋu na wo be: “Amesi na nye lãme sẽ la, eya kee gblɔ nam bena: Kɔ wò aba dzi, eye nazɔ azɔli.”
Wobia be: “Amekae nye amesi gblɔ na wò bena: Kɔe dzi, eye nazɔ azɔli mahã?” Yesu ɖe eɖokui ɖe aga le ameha la ta, eye amesi ŋu woda gbea le la menya Yesu ŋkɔ o. Gake emegbe Yesu kple amea do go le gbedoxɔa me, eye ŋutsua nya amesi da gbe le eŋu.
Eyata ŋutsu si woda dɔa na la kpɔ Yudatɔwo eye wogblɔ na wo be Yesu ye na yeƒe lãme sẽ. Esi Yudatɔwo se esia la, woyi Yesu gbɔ. Ðe nuka wɔƒe? Be yewoanya mɔ si nu wòto te ŋu wɔ nu wɔnuku siawo gbegbe taea? Ao. Ke bene yewoadi vodada le eŋu elabena ele nu nyui siawo wɔm le Sabat dzi ta boŋ ye. Eye wodze eyome titi gɔme! Luka 4:44; Yohanes 5:1-16.
▪ Ɣeyiɣi didi kae wòanye vaseɖe fifia tso zi mamlea si Yesu yi Yudea?
▪ Nukatae ame geɖe nya nu tso ta si le Betesda la ŋu nyuie nenema?
▪ Nukunu kae Yesu wɔ le ta la gbɔ, eye aleke Yudatɔwo wɔ nu ɖe eŋue?