Ta 39
Dadalawo kple Ðokuibɔbɔlawo
ESI Yesu kafu Yohanes ɖe eƒe nunyuiwɔwɔwo ta vɔ la, etrɔ ɖe dadala siwo ƒe nuwɔna metoa mɔ ɖeka o siwo ƒo xlãe la ŋu. Egblɔ be: “[Dzidzime sia ɖi] ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ asi me, eye wole wo tɔwo yɔm le gbɔgblɔm bena: Míeku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.”
Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Eɖe eme be: “Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.”
Màte ŋu awɔ nusi adze ameawo ŋu o. Naneke medzea wo ŋu o. Yohanes nɔ fufiafiameɖokui ƒe agbe, esi nye nu gbegbe le eɖokui gbɔ ƒe agbe abe Nasiretɔ ene, le ɖekawɔwɔ me kple nya si mawudɔla la gblɔ be “mele wein alo aha sesẽ no ge o.” Ke hã amewo gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Le go bubu me la, Yesu ya nɔ agbe abe ame bubu ɖesiaɖe ene, menɔ fufiafiameɖokuigbe o eye wole fɔ bumee be enye nutsuɖula kple ahatsunola.
Aleke gbegbe wòsesẽ be woadze ameawo ŋui nye si! Wole abe ɖevi siwo le fefem kple wo nɔewo eye wo dometɔ aɖewo gbe be yewomaɖu ɣe o esime ɖevi bubuwo ku dze alo wobe yewomafa konyi ɖe yewo tɔwo ti esime wole konyi fam o la ene. Gake Yesu gblɔ be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.” Ẽ, ɖaseɖiɖiawo—dɔwɔwɔawo—na wòdze ƒã be aʋatsoe fɔ siwo wobu Yohanes kple Yesu siaa la nye.
Yesu yi edzi ƒo nu tɔ du etɔ̃ siwo nye Korazin, Betsaida, kple Kapernaum, siwo nye afisiwo wòwɔ eƒe nukunuwo ƒe akpa gãtɔ le la. Yesu gblɔ be ne ɖe yewɔ dɔ mawo le Foiniketɔwo ƒe du siwo nye Tiro kple Zidon me la, anye ne du mawo trɔ dzime le akpanya kple afi me. Le fɔbubu Kapernaum, si dze abe afima koŋ ye nye Yesu ƒe nɔƒe le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me ene me la, egblɔ be: “Mele sesẽ ge na Sodom-nyigba le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe wò ene o.”
Emegbe Yesu kafu Fofoa si le dziƒo la le dutoƒo. Ese le eɖokui me be yeakafui elabena Mawu tsɔ gbɔgbɔ me nyateƒe xɔasiwo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo gake eɖe nu wɔnuku siawo fia ɖokuibɔbɔlawo, amesiwo le abe ɖeviwo ene.
Mlɔeba la, Yesu gblɔ amekpekpe fakɔname sia be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”
Aleke Yesu naa dzudzɔ mae? Enanɛ to nana be woavo tso kɔnyinyi siwo wɔa ame kluvie siwo subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ do agbae na ameawo la me, abe le kpɔɖeŋu me, Sabat dzi wɔwɔ ŋuti se siwo xea mɔ ɖe ame nu la ene. Efia mɔ si dzi woato akpɔ gbɔɖeme la hã amesiwo senɛ le wo ɖokui me be dunyahedziɖuɖuwo ƒe agba kpekpe si tea ame ɖe to la le yewo kpem la, kpakple amesiwo nuvɔ̃ ƒe agba le kpekpem to alesi nu te ɖe woƒe dzitsinya dzi la dzi. Efiaa alesi woate ŋu atsɔ ame mawo siwo dzi nu te ɖo la ƒe nuvɔ̃wo ake woe kple alesi woate ŋu ase vivi le ƒomedodo xɔasi me kple Mawu la wo.
Kɔkuti bɔbɔe si Yesu nana ye nye ame ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe keŋkeŋ na Mawu, esi ana míate ŋu asubɔ mía Fofo si le dziƒo si sea veve ɖe ame nu eye wòkpɔa nublanui na ame la. Eye agba wodzoe si wòtsɔna na amesiwo vaa egbɔe nye wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo hena agbekpɔkpɔ la dzi, esiwo nye Eƒe sedede siwo woŋlɔ ɖe Biblia la me. Eye nusiawo dzi wɔwɔ menye agba kpekpe kura o. Mateo 11:16-30; Luka 1:15; 7:31-35; Yohanes I, 5:3.
▪ Aleke Yesu ƒe dzidzimea me tɔ siwo nye dadalawo kple amesiwo ƒe nuwɔna metoa mɔ ɖeka o la ɖi ɖeviwoe?
▪ Nukatae Yesu see le eɖokui me be yeakafu ye Fofo si le dziƒo?
▪ Mɔ kawo nue agba te ɖe amewo dzi le, eye gbɔɖeme kae Yesu nana?