INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/15 axa 17-22
  • ‘Nye Kɔkuti La Le Bɔbɔe, Eye Nye Agba La Le Wodzoe’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nye Kɔkuti La Le Bɔbɔe, Eye Nye Agba La Le Wodzoe’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kɔkuti Bɔbɔe Aɖe
  • Agba Wodzoe Aɖe
  • “Dzudzɔ na Miaƒe Luʋɔwo”
  • Yesu Na Amewo Kpɔ Gbɔdzɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Gbɔdzɔekpɔkpɔ Tso Nuteɖeamedzi Me—Eƒe Mɔnu Nyui Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • “Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • “Mitsɔ Nye Kɔkuti La Ðo Mia Ðokui Dzi”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/15 axa 17-22

‘Nye Kɔkuti La Le Bɔbɔe, Eye Nye Agba La Le Wodzoe’

“Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye.”—MATEO 11:29.

1, 2. (a) Nuka teƒee nèkpɔ le agbe me si naa dzidzeme wò? (b) Nukae wòle be ame nawɔ be wòaxɔ dzudzɔ si ƒe ŋugbe Yesu do la?

TSI fafɛ lele le ŋkeke si me ŋdɔ ʋu vevie eye xexeame xɔ dzo ƒe ɣetrɔ, alo alɔ̃dɔdɔ ayi eme ʋĩ le mɔzɔzɔ didi aɖe si te ɖeɖi ame ŋu megbe—aleke wònaa dzidzemee enye si! Nenemae wòle ne wodro agba kpekpe aɖe ɖi alo ne wotsɔ nuvɔ̃wo kple dzidadawo ke ame. (Lododowo 25:25; Dɔwɔwɔwo 3:19) Dzidzeme si nu dodzidzɔname siawo hena vɛ gadea dzo mía me, eye edoa ŋusẽ mí be míayi dɔ dzi.

2 Amesiwo katã see le wo ɖokui me be agba wu yewo eye ɖeɖi te yewo ŋu la ate ŋu ava Yesu gbɔ, elabena nu ma ƒe ŋugbee wòdo na wo—eyae nye dzidzeme. Gake hafi woakpɔ dzidzeme si wodi vevie la, nane li si wòle be woalɔ̃ awɔ. Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, . . . eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.” (Mateo 11:29) Nukae kɔkuti sia nye? Aleke wòna wokpɔa dzidzemee?

Kɔkuti Bɔbɔe Aɖe

3. (a) Kɔkuti ka ƒomeviwoe wozã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me? (b) Kpɔɖeŋu ƒe gɔmesese kae le kɔkuti ŋu?

3 Esi wònye agbledelawo domee Yesu kple eƒe nyaselawo nɔ ta la, wonya kɔkuti nyuie. Kɔkutie nye ati didi aɖe si ŋu teƒe eve le wotsɔ kua kɔ na lã eve siwo nyea nyitsuwo zi geɖe, be woahee ɖekae wòanɔ anyigbadzobonu, agbatsɔʋu, alo agba bubu aɖe tem. (Samuel I, 6:7) Wodea kɔkutiwo kɔ na amegbetɔwo hã. Esiawo nyea ati legbewo ko siwo ƒe nugbɔ eveawo woblaa agba ɖo hetsɔnɛ ɖe abɔta. Agbatedɔwɔlawo te ŋu zãa wo tsɔ tsɔa agba kpekpewoe. (Yeremya 27:2; 28:10, 13) Esi wozãa kɔkuti ɖe agbatsɔtsɔ kple dɔsesẽwɔwɔ ŋu ta la, wozãe le Biblia me le kpɔɖeŋumɔ nu zi geɖe tsɔ tsi tre ɖi na amedzizizi kple amedziɖuɖu.—Mose V, 28:48; Fiawo I, 12:4; Dɔwɔwɔwo 15:10.

4. Nuka ƒe kpɔɖeŋue kɔkuti si Yesu naa amesiwo vaa egbɔ la nye?

4 Ekema nukae kɔkuti si Yesu kpe amesiwo vaa egbɔ hena dzudzɔkpɔkpɔ la be woatsɔ la nye? Ðo ŋku edzi be egblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye.” (Mateo 11:29) Nusrɔ̃la nye amesi di be yeanya nane. Eyata Yesu ƒe kɔkuti tsɔtsɔ fia ko be woava zu eƒe nusrɔ̃la. (Filipitɔwo 4:3) Gake esia bia nu geɖe wu eƒe nufiafiawo nyanya dzro ko. Ebia be woawɔ nu wòasɔ ɖe wo nu—woawɔ dɔ si wòwɔ ahanɔ agbe si wònɔ la tɔgbe. (Korintotɔwo I, 11:1; Petro I, 2:21) Ebia be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe eƒe ŋusẽ kple amesiwo wòna ŋusẽe te. (Efesotɔwo 5:21; Hebritɔwo 13:17) Efia be woava zu Kristotɔ adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ̃, eye woaxɔ mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi siwo kpe ɖe adzɔgbeɖeɖe sia ŋu. Emae nye kɔkuti si Yesu tsɔ naa amesiwo katã va dia akɔfafa kple dzudzɔ le egbɔ. Èlɔ̃ be yeatsɔea?—Yohanes 8:31, 32.

5. Nukata Yesu ƒe kɔkuti tsɔtsɔ masesẽ o?

5 Kɔkuti tsɔtsɔ be woakpɔ dzudzɔ—ɖe nya ma metsi tre ɖe eɖokui ŋu oa? Le nyateƒe me la, metsi tre ɖe eɖokui ŋu o elabena Yesu gblɔ be yeƒe kɔkuti la le “bɔbɔe.” Gɔmesese si le nya sia ŋue nye tufafa, nudodzidzɔname, kple nudzeameŋu. (Mateo 11:30; Luka 5:39; Romatɔwo 2:4; Petro I, 2:3) Esi Yesu nye atikpala ta la, anɔ eme godoo be ekpa anyigbadzobonuwo kple kɔkutiwo kpɔ, eye anya alesi wokpaa kɔkuti be woate ŋu atsɔe wɔ dɔ geɖe wòanya wɔ. Ðewohĩ atsɔ avɔ alo lãgbalẽ afa ɖe kɔkutiawo te. Wowɔa geɖe nenema ale be magamiã kɔ na ame akpa alo atetre afima o. Kpɔɖeŋukɔkuti si Yesu naa ame la hã le “bɔbɔe” le mɔ ma ke nu. Togbɔ be eƒe nusrɔ̃lanyenye bia dɔ aɖewo wɔwɔ kple agbanɔamedzi aɖewo tsɔtsɔ hã la, mesesẽ alo tea ame ɖe anyi o, ke ena wokpɔa dzidzeme boŋ. Fofoa Yehowa si le dziƒo ƒe sededewo hã mesesẽ o.—Mose V, 30:11; Yohanes I, 5:3.

6. Nukae anya nɔ Yesu ƒe susu me esi wògblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi”?

6 Nu bubu aɖe hã li si na Yesu ƒe kɔkutia le “bɔbɔe,” alo na wònya tsɔna. Esime wògblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi” la, ate ŋu anye nu eve aɖewo dometɔ ɖekae wòwɔnɛ. Ne kɔkuti si ŋu kɔkuƒe eve le si lã eve tsɔ tea agba ɖekae lae nɔ eƒe susu me la, ke enɔ mía kpem be míava nɔ kɔkuti ɖeka te kple ye. Yayra kae nye si wòanye—be Yesu nanɔ mía xa anɔ míaƒe agbawo tem kple mí! Gake ne kɔkuti si agbatedɔwɔla zãnae nɔ susu me na Yesu la, ke enɔ mɔ si dzi míato ana agba ɖesiaɖe si míatsɔ nanɔ bɔbɔe alo wòanya tsɔ la fiam mí. Eƒe kɔkutia nye dzidzemetsoƒe ŋutɔŋutɔ le mɔ evea siaa nu elabena eka ɖe edzi na mí be: “Elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me.”

7, 8. Vodada kae ame aɖewo wɔna ne nu te ɖe wo dzi?

7 Ke nukae wòle be míawɔ ne míese le mía ɖokui me be agbemekuxiwo ƒe agba si míetsɔ la meganya le tsɔtsɔm na mí o eye nu le mía ŋu tem wu gbɔgblɔ? Ame aɖewo abui vodadatɔe be Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia sesẽ alo bia nu geɖe tso ame si akpa, wònye gbesiagbegbenɔnɔ me dzimaɖitsitsiwoe le wo kpem hafi. Ame aɖewo siwo le nɔnɔme ma me dzudzɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, alo womegakpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o, ɖewohĩ kple susu be ne yewoavo vie. Gake vodada gã aɖee ema nye.

8 Míekpɔe be kɔkuti si Yesu naa mí la le “bɔbɔe.” Gake ne míedee kɔ nyuie o la, ate ŋu amiã mí. Ekema ele be míalé ŋku ɖe kɔkuti si le abɔta na mí la ŋu nyuie wu. Ne le susu aɖe ta míedzraa kɔkutia ɖo o alo míedee nyuie o la, menye ɖeko ezazã abia be míadze agbagba geɖe wu o, ke ana míase veve ɣeaɖewoɣi hã. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ne teokrasidɔwo va zu abe agba ene na mí la, ele be míalé ŋku ɖe eŋu akpɔ be míetsɔ wo le mɔ nyuitɔ nu hã. Nukae ʋãa mí míewɔa nusiwo míewɔna la? Ðe míedzraa ɖo nyuie hafi yia kpekpewoa? Ðe míedzraa ɖo le ŋutilã kple susu me ne míele gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea? Ðe ƒomedodo nyui le mía kple ame bubuwo dome kplikplikpli le hamea mea? Eye ƒo ye katã ta la, aleke mía ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Yehowa Mawu kpakple Via Yesu Kristo le?

9. Nukata mele be Kristotɔwo ƒe kɔkutia nawu tsɔtsɔ na mí gbeɖe o?

9 Ne míetso dzi blibo me xɔ kɔkuti si Yesu naa mí eye míesrɔ̃ etsɔtsɔ nyuie la, ke naneke mana wòadze agba kpekpe na mí gbeɖe o. Le nyateƒe me la, ne míate ŋu akpɔ nɔnɔmea le susu me—be Yesu le kɔkuti ɖeka te kpli mí—la, masesẽ be míakpɔ amesi koŋ le agba la ƒe akpa gãtɔ tsɔm o. Ele abe ɖevi si le azɔlizɔzɔ srɔ̃m si ku ɖe eƒe keke ƒe asiléƒea ŋu, hebu be yee le etutum, esi le nyateƒe me la, edzilae le etutum hafi ene. Esi Yehowa Mawu nye Fofo lɔlɔ̃tɔ ta la, enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple vodadawo nyuie eye ekpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí to Yesu Kristo dzi. Paulo gblɔ be: “Mawu . . . ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:19; tsɔe sɔ kple Yesaya 65:24.

10. Nukae ame aɖe si bu nusrɔ̃lanyenye nu vevi la kpɔ?

10 Kristotɔ adzɔgbeɖela geɖe va kpɔ esia to nusi teƒe woa ŋutɔwo kpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Jenny kpɔe be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɣleti sia ɣleti kple ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ sesẽ wɔwɔ te ɖe ye dzi wu gbɔgblɔ. Gake ekpɔ be mɔɖeɖedɔa koŋ ye kpe ɖe ye ŋu be yeda sɔ. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒewo ahakpɔe be wole woƒe agbenɔnɔ trɔm be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu—esiae na wòkpɔa dzidzɔ wu le eƒe agbenɔnɔ si me vovo aɖeke mele o la me. Etso dzi blibo me lɔ̃ ɖe lododo aɖe me nyawo dzi be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.”—Lododowo 10:22.

Agba Wodzoe Aɖe

11, 12. Nukae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Nye agba la le wodzoe”?

11 Tsɔ kpe ɖe ŋugbe si Yesu do na mí be yeana kɔkuti si le “bɔbɔe” mí ŋu la, eka ɖe edzi na mí hã be: “Nye agba la le wodzoe.” Kɔkuti “bɔbɔe” na dɔa wɔwɔ bɔbɔ wu xoxo; ne agba la hã le wodzoe la, ke dɔa wɔwɔ avivi nyateƒe. Gake nukae nɔ Yesu ƒe susu me wòtsɔ gblɔ nya mae?

12 Bu nusi agbledela awɔ ne edi be yeatrɔ dɔ siwo yeƒe lãwo wɔna, mítsɔe be edi be woadzudzɔ anyigbadzobodzobo ava he agbatsɔkeke ŋu kpɔ. Aɖe anyigbadzobonua ɖa gbã eye emegbe wòatsɔ agbatsɔkekea aku ɖe wo ŋu. Masɔ be wòatsɔ anyigbadzobonua kple kekea aku ɖe lãawo ŋu o. Nenema ke Yesu megblɔ na amewo be woatsɔ yeƒe agba ada ɖe esi tsɔm wole xoxo la dzi o. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Dɔla aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o.” (Luka 16:13) Eyata Yesu na ameawo wɔ tiatia. Ðe woayi edzi atsɔ agba kpekpe si le wo dzi laa, alo ɖe woadro ema ada ɖi ahaxɔ esi wòtsɔ le wo nam laa? Yesu gblɔ nusita wòle be woawɔe nenema la na wo lɔlɔ̃tɔe be: “Nye agba la le wodzoe.”

13. Agba kae Yesu ƒe ŋkekea me tɔwo tsɔ, eye nukae do tso eme?

13 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, ameawo nɔ dagbadagbam le agba kpekpe si Roma-dziɖula siwo tea ame ɖe anyi kple subɔsubɔhakplɔla alakpatɔ siwo léa nya ɖeka me ɖe asi la do na wo la te. (Mateo 23:23) Ame aɖewo te kpɔ be yewoado le Romatɔwo ƒe agba la te to woa ŋutɔwo ƒe agbagbadzedzewo me. Woƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me nyaʋiʋliwo me, eye esia he afɔku gã aɖe vɛ na wo. (Dɔwɔwɔwo 5:36, 37) Ame bubuwo biã ŋku vevie be yewoana nuwo naka ɖe eme to wo ɖokui nyɔnyrɔ̃ ɖe ŋutilãmenudidiwo me vĩ me. (Mateo 19:21, 22; Luka 14:18-20) Esi Yesu fia mɔ si dzi woato akpɔ dzudzɔ wo to wo kpekpe be woava zu yeƒe nusrɔ̃lawo me la, menye wo katãe lɔ̃ ɖe edzi o. Togbɔ be agba si wotsɔ la nɔ wo kpem hã la, womelɔ̃ be yewoadroe ada ɖi atsɔ etɔ o. (Luka 9:59-62) Vodada wɔnublanui kae nye si wowɔ!

14. Aleke agbemedzimaɖitsitsi kple ŋutilã ƒe nudzodzrowo ate ŋu ado agba kpekpe na míi?

14 Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu awɔ vodada ma ke egbea. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zuzu na míevona tsoa taɖodzinu kple nu bubu siwo xexemetɔwo minyãna la yomenɔnɔ me. Togbɔ be ele be míawɔ dɔ sesĩe be míakpɔ gbesiagbenuhiahiãwo hã la, míenaa nusiawo zua nu vevitɔ le míaƒe agbe me o. Gake agbemedzimaɖitsitsi kple dzidzɔ si ŋutilãmenuwo hena vɛ ƒe dzodzro ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi vevie. Ne míeɖe mɔ le eŋu la, dzodzro siawo ate ŋu avu tsyɔ nyateƒe si míexɔ kple dzidzɔ la dzi. (Mateo 13:22) Kɔɖiɖi na dzodzro siawo ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi ale gbegbe be míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo ava zu dɔ tikɔname siwo míadi be míawɔ kabakaba aɖe asi le eŋu awɔ míaƒe dɔ bubuwo. Edze ƒã be míate ŋu akpɔ dzidzeme aɖeke tso míaƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu me o ne susu siae míetsɔ wɔnɛ.

15. Nuxlɔ̃ame kae Yesu na le ŋutilã me nudzodzrowo ŋu?

15 Yesu ɖee fia be agbenɔnɔ si me dzidzeme le metsoa agbagbadzedze be míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã me o, ke kaka ɖe agbemenu siwo le vevie wu dzi me boŋ wòtsona. Exlɔ̃ nu be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe.” Emegbe ehe susu yi dziƒoxeviwo dzi hegblɔ be: “Womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo.” Eƒo nu tso dzogbenyã si le gbedzi ŋu eye wògblɔ be: “Mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.”—Mateo 6:25-29.

16. Nukae nuteƒekpɔkpɔ ɖe fia le ŋutilãmenuwo yometiti me tsonuwo ŋu?

16 Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane le nufiamekpɔɖeŋu bɔbɔe siawo mea? Edzɔna zi geɖe be zi alesi ame dzea agbagba be yeakpɔ ŋutilãmenu geɖe wu le agbe me la, zi nenemae wònyrɔ̃a eɖokui ɖe xexeame ƒe nudidiwo mee eye zi nenema ke agba si wòtsɔ hã kpena ɖe edzii. Dɔ gã wɔla geɖe le xexeame siwo kpɔ ŋutilãmenu geɖe gake woƒe ƒomewo gbã, woƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, wode dɔ wo ɖokui ŋu, kple bubu geɖe. (Luka 9:25: Timoteo I, 6:9, 10) Nobel-nunanaxɔla Albert Einstein gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Nunɔamesiwo, dzidzedzekpɔkpɔ le gotagome, ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnuwo—le gonyeme la, nusiawo nyea nu maɖinuwo ɣesiaɣi. Mexɔe se be agbe bɔbɔe si me womedia nu geɖe le o nɔnɔ ye nye nu nyuitɔ na amesiame.” Esia nye apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si me kɔ la gbugbɔgagblɔ be: “Mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã.”—Timoteo I, 6:6.

17. Agbe ka ƒomevi nɔnɔe Biblia kafu?

17 Nu vevi aɖe li si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o. Togbɔ be “agbe bɔbɔe si me womedia nu geɖe le o nɔnɔ” ɖea vi geɖe hã la, menye eya koŋue hea dzidzeme vɛ o. Ame geɖe li siwo ƒe agbenɔnɔ bɔbɔ le nɔnɔme siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me, gake woƒe dzi medzea eme alo kpɔa dzidzɔ o. Biblia mele nya ƒom ɖe mía nu be míagbe vivisese le ŋutilãmenuwo me anɔ saɖagagbe o. Mawusosroɖa dzie wòte gbe ɖo, ke menye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi le ame si ŋu dzie o. Ne míewɔ nu eveawo katã ŋudɔ ko hafi wòanye “viɖenu gã” na mí. Viɖenu ka? Paulo tɔ asi edzi le lɛta ma ke dziyiyi me be amesiwo matsɔ “woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o” la aɖo “gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—Timoteo I, 6:17-19.

18. (a) Aleke woawɔ akpɔ dzudzɔ vavãtɔ? (b) Aleke wòle be míabu tɔtrɔ siwo ɖewohĩ ahiã be míawɔ lae?

18 Míakpɔ dzidzeme ne míesrɔ̃ alesi míadro mía ŋutɔwo ƒe agba kpekpe si míanɔ tsɔtsɔm la ɖi atsɔ agba wodzoe si Yesu na mí la. Ame geɖe siwo gbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu ale be woate ŋu akpɔ gome le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me bliboe la kpɔ alesi woanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le. Le nyateƒe me la, ebia xɔse kple dzideƒo be ame nawɔ afɔɖeɖe sia, eye ɖewohĩ kplamatsedonuwo anɔ mɔ dzi. Gake Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.” (Nyagblɔla 11:4) Nu geɖe wɔwɔ mesesẽna nenema gbegbe o ne míenya ɖoe be míawɔ wo ko. Edze abe nusi sesẽ wue nye eɖoɖo kplikpaa ene. Ðewohĩ míanɔ nya la trɔm le susu me alo agbe ewɔwɔ kura si ana míagbɔdzɔ. Ne míeɖoe kplikpaa le susu me hewɔe la, yayra si ado tso eme la awɔ nuku na mí. Hakpala la ƒoe ɖe mía nu be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.”—Psalmo 34:9; Petro I, 1:13.

“Dzudzɔ na Miaƒe Luʋɔwo”

19. (a) Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na esi xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi? (b) Ne míele Yesu ƒe kɔkutia te la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?

19 Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo be: “Xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.” (Dɔwɔwɔwo 14:22) Nya ma ganye nyateƒe egbea. Esi xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi la, nyaƒoɖeamenu siwo vaa amesiwo katã ɖoe be yewoanɔ agbe le dzɔdzɔenyenye kple mawusosroɖa me dzi la ado gã ɖe edzi. (Timoteo II, 3:12; Nyaɖeɖefia 13:16, 17) Gake míesena le mía ɖokui me abe alesi Paulo see le eɖokui me ene be: “Womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o; míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mía yome, gake womegblẽ mí ɖi o; woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.” Efia be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yesu Kristo ŋu be wòado ŋusẽ mí wu esi hiã. (Korintotɔwo II, 4:7-9) Ne míetso dzi blibo me xɔ nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia la, Yesu ƒe ŋugbedodo sia ava eme na mí be: “Miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.”—Mateo 11:29.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Nukae kɔkuti bɔbɔe si Yesu kpe amewo be woava xɔ la nye?

◻ Nukae wòle be míawɔ ne míekpɔ be míaƒe kɔkutia va le agba zum?

◻ Nukae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Nye agba la le wodzoe”?

◻ Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be míaƒe agba le wodzoe ɣesiaɣi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe