Ta 49
Gbeƒãɖeɖedɔ Bubu Wɔwɔ le Galilea-nutoa Me
ESI Yesu ɖe gbe ƒã ŋkubiãtɔe abe ƒe eve ene vɔ la, ɖe wòaɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ eye wòanɔ dɔ dzi azɔ bɔkɔɔa? Kura o, ke boŋ edzi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi to mɔzɔzɔ bubu si nye etɔ̃lia le Galilea-nutoa me la gɔme dzedze dzi. Eyi du kple kɔƒe siwo katã le anyigbamamã ma me la me eye eye wòle nu fiam le ƒuƒoƒewo hele gbe ƒã ɖem Fiaɖuƒe nyanyuiea. Nusi wòkpɔ le eƒe mɔzɔzɔa me la gana alesi gbeƒãɖeɖedɔa dzidzi ɖe edzi hiãe la ƒe kakaɖedzii wu tsã.
Afisiafi si Yesu yi la, ekpɔa ameha siwo hiã gbɔgbɔmegbedada kple akɔfafa. Wole abe alẽ siwo kplɔla meli na o ene, woko fu le wo ŋu heka wo hlẽ, eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”
Yesu wɔ ɖoɖo ɖe dɔwɔwɔ ŋu. Eyɔ eƒe apostolo 12 siwo wòtia anɔ abe ƒe ɖeka kloe ene enye ma la vɛ. Emã wo evevee wonye gbeƒãɖelawo ƒe ha ade eye wògblɔ nufiamenyawo na wo. Eɖe nu me na wo be: “Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me hã o; ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bu la, gbɔ boŋ. Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’ ”
Fiaɖuƒe sia si ŋu woaɖe gbe ƒã le ye nye esi ŋu Yesu fia nu wo le be woado gbe ɖa abia le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me. Fiaɖuƒea ɖo vɔ le gɔmesese sia nu be Yesu Kristo, amesi nye Fia si Mawu tia la nɔ anyi. Be Yesu naɖo kpe edzi be yeƒe nusrɔ̃lawo nye dziɖuɖu ma si kɔkɔ wu amegbetɔwo tɔ teƒenɔlawo la, ena ŋusẽ wo be woada gbe le dɔnɔwo ŋu eye woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Egblɔ na wo be woawɔ nusiawo katã ga aɖeke maxɔmaxɔe.
Eyi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be womegadzra ŋutilãmenuwo ɖo ɖe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔa ŋu o: “Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; migatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.” Amesiwo kpɔ ŋudzedze ɖe gbedasia ŋu la awɔ ɖe edzi eye woana nuɖuɖu kple dzeƒe wo. Abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Ke ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesiwo dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo.”
Emegbe Yesu gblɔ nufiamenya na wo ku ɖe alesi woatsɔ Fiaɖuƒe gbedasia atu aƒemenɔlawoe ŋu. Efia nu wo be: “Ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.”
Le du si agbe woƒe gbedasia ŋu la, Yesu ɖee fia be ʋɔnudɔdrɔ̃a asesẽ nɛ vavã. Eɖe eme be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.” Mateo 9:35–10:15; Marko 6:6-12; Luka 9:1-5.
▪ Ɣekaɣie Yesu dze gbeƒãɖeɖedɔa ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia gɔme le Galilea-nutoa me, eye nuka dzie esia na wòka ɖo?
▪ Esime wònɔ eƒe apostolo 12 la dɔm be woaɖaɖe gbe ƒã la, mɔfiame kawoe wona wo?
▪ Nukatae wòsɔ be nusrɔ̃lawo nafia nu be Fiaɖuƒea ɖo vɔ?