Ta 58
Abolowo kple Amɔwɔ Ʋaʋã La
AMEHA gã aɖewo ƒo zi ɖe Yesu ŋu le Dekapoli. Ame geɖewo zɔ mɔ didi va nuto sia si me Trɔ̃subɔlawo koŋ le la me be yewoaɖo toe eye wòada gbe le yewoƒe lãmegbegblẽwo ŋu na yewo. Wotsɔ kusi alo kevi gã siwo me wotsɔa nuzazãwo ɖo ne wole mɔ zɔm le Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ƒe nutowo me la ɖe asi.
Gake mlɔeba la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be: “Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbee nye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye womekpɔ naneke, be woaɖu o; eye ne medo mɔ wo dɔme ɣeɣi, be woayi aƒe la, aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi, eye wo dome ame aɖewo hã tso didiƒe.”
Nusrɔ̃lawo bia be: “Afika ame aɖe late ŋu kpɔ abolo atsoe le gbedzi afii, be amesiawo naɖi ƒo mahã?”
Yesu bia be: “Abolo nenie le mia si mahã?”
Woɖo eŋu be: “Wo ame adre kple lãvi ʋee aɖewo.”
Esi Yesu gblɔ na ameawo be woabɔbɔ nɔ anyigba la, etsɔ aboloawo kple tɔmelãwo eye wòdo gbe ɖa na Mawu heŋe wo me, eye wòdze wo tsɔtsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gɔme. Woawo hã mãe na ameawo eye wo katã woɖui ɖi ƒo. Emegbe esi wofɔ kakɛ siwo susɔ la, wokpɔ kevi adre, togbɔ be ŋutsu siwo ade 4,000 kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖui gake!
Yesu do mɔ ameha la, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ʋu yi Galilea-ƒua ƒe ɣetoɖoƒego dzi. Le afisia la subɔsubɔha ƒe kɔmamã si nye Zadukitɔwo va kpe ɖe Farisitɔwo ŋu eye wova Yesu gbɔ hedze agbagba be yewoatee kpɔ to biabia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo dzi.
Esi Yesu nya be wole agbagba dzem be woate ye kpɔ la, eɖo eŋu be: “Fiẽsi la miegblɔna bena: Xexeme le kɔkɔ ge; elabena dziƒo biã. Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye wòxe litii . . . Miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiawo ƒe dzesi o mahã?”
Le esia gbɔgblɔ megbe la, Yesu yɔ wo be dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi eye wòxlɔ̃ nu wo, abe alesi wògblɔ na Farisitɔwo do ŋgɔ ene, be womana dzesi aɖeke wo o negbe Yona ƒe dzesi ko. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ʋu aɖe dzo eye woɖo ta Betsaida le Galilea-ƒua ƒe anyieheɣedzeƒego dzi. Le mɔa dzi la, nusrɔ̃lawo kpɔ be yewoŋlɔ abolo tsɔtsɔ ɖe asi be, negbe abolo ɖeka koe le yewo si.
Esi go si Yesu do Farisitɔ kple Zadukitɔ siwo nye Herodes ƒe akpadzinɔlawo eteƒe medidi o la nɔ susu me nɛ la, exlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã kple Herodes ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.” Edze ƒã be nuƒoƒo tso amɔwɔ ʋaʋã ŋu na nusrɔ̃lawo susu be Yesu nɔ nu ƒom tso alesi woŋlɔ abolo tsɔtsɔ ɖe asi be ŋuti, eyata wodze nyaʋiʋli tso nya la ŋu gɔme. Esi Yesu kpɔ be womese egɔme o la, egblɔ be: “Nuka miele ɖi kem be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã?”
Eteƒe medidi kura o esime Yesu na abolo ame akpe geɖe nukutɔe, eye anye ŋkeke ɖeka alo eve koe nye ma esi wòwɔ nukunu mamle sia. Ele be woanya be mele abolo ŋutɔŋutɔ ƒe anyimanɔmanɔ ŋuti bum o. Eɖo ŋku edzi na wo be: “Mieɖo ŋku nu dzi o, bena meŋe abolo atɔ̃ me hemã ɖe ame akpe atɔ̃ dome, eye abolo kakɛawo la, kevi nenie miefɔ mahã?”
Woɖo eŋu be: “Wo ame wuieve.”
“Eye wo ame adre ɖe ame akpe ene dome la, kakɛawo la kevi nenie fũ miefɔ mahã?”
Woɖo eŋu be: “Wo ame adre.”
Yesu bia be: “Ðe miese nu gɔme haɖeke o mahã? Aleke wɔ miedze sii kpɔ bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã?”
Nusrɔ̃lawo se eme mlɔeba. Amɔwɔ ʋaʋã, si nye nusi nana nu ʋãna eye wònana abolo hona la, nye nya si wozãna na nu gbegblẽ. Eyata nusrɔ̃lawo nya azɔ be kpɔɖeŋu wɔm Yesu le, esi gɔmee nye be ele nu xlɔ̃m wo be woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie le “farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia” si gblẽa nu la ŋuti. Marko 8:1-21; Mateo 15:32–16:12.
▪ Nukatae amewo tsɔ nuzazãwo ƒe kusi gãwo ɖe asi?
▪ Esi Yesu dzo le Dekapoli la, afikawoe wòɖo ʋu yi?
▪ Aleke nusrɔ̃lawo mese egɔmee o esi Yesu ƒo nu tso amɔwɔ ʋaʋã ŋuti?
▪ Nukae nyagbɔgblɔ “farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã” si Yesu zã la fia?