Ta 65
Mɔzɔzɔ Yi Yerusalem le Adzame
ƑE 32 M.Ŋ. ƒe keleme ɖo, eye Agbadɔmeŋkekenyui la gogo. Tso ƒe 31 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa dzi esime Yudatɔwo dze agbagba be yewoawu Yesu la, Galilea koŋ ye wòwɔ dɔ le. Anye kokoko be tso ɣemaɣi la, Yudatɔwo ƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui etɔ̃awo ɖuɖu ta koe Yesu gayi Yerusalem ɖo.
Yesu nɔviŋutsuwo ƒoe ɖe enu azɔ be: “Dzo le afisia, eye nayi Yudea.” Yerusalem ye nye Yudea ƒe du gãtɔ kple dukɔ bliboa ƒe mawusubɔsubɔ ƒe du. Nɔviawo ƒe susue nye be: “Ame aɖeke mewɔa naneke le ɣaɣlaƒe, eye wòdina be, ye ŋutɔ yeadze le gaglãgbe o.”
Togbɔ be Yakobo, Simon, Yosef kple Yuda mexɔ edzi se be yewo fo Yesue nye Mesia la ŋutɔŋutɔ o hã la, wodi be wòaɖe eƒe nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽwo afia amesiwo katã akpe ta le ŋkekenyuia ɖuƒe. Gake Yesu nya afɔku si le eme. Egblɔ be: “Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.” Eyata Yesu gblɔ na nɔviawo bena: “Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe . . . haɖe o.”
Agbadɔmeŋkekenyui la nye ŋkeke adre ƒe azãɖuɖu. Le ŋkeke enyilia dzi la, wotsɔa subɔsubɔnuwɔnawo henɛ va nuwuwue. Azã sia ɖuɖu hea agbledeɣia vaa nuwuwue eye enye aseyetsotso kple akpedada vevie ƒe ɣeyiɣi. Ŋkeke geɖe le Yesu nɔviwo ƒe dzodzo kple mɔzɔla akpa gãtɔ siwo yina azã la ɖuƒe la megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi le adzame eye womena amewo kpɔ wo o. Woto mɔ si to Samaria la, ke menye esi ame akpa gãtɔ tona si te ɖe Yordan-tɔsisia ŋu la o.
Esi wònye Yesu kple eƒe zɔhɛwo ahiã na dzeƒe le Samariatɔwo ƒe kɔƒe aɖe me ta la, edɔ amewo ɖo ɖe ŋgɔ be woawɔ dzadzraɖoawo. Gake esi kɔƒea me tɔwo se be Yerusalem yimee Yesu le la, wogbe kpekpeɖeŋu nanae. Yakobo kple Yohanes tsɔ dziku bia be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, míana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?” Yesu he nya ɖe wo ŋu le nya ma gbɔgblɔ ta, eye woyi mɔzɔzɔa dzi yi kɔƒe bubu me.
Esi wole mɔa dzi la, agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu bena: “Aƒetɔ, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.”
Yesu ɖo eŋu bena: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” Yesu le eme ɖem be ne agbalẽfiala la va zu ye yomedzela la, akpe fu. Eye edze abe nusi eƒe nyawo fia enye be dada le agbalẽfiala la me akpa be wòalɔ̃ anɔ agbe sia tɔgbe ene.
Yesu gblɔ na ame bubu be: “Dze yonyeme!”
Ŋutsua ɖo eŋu be: “Ðe mɔ nam, be mayi aɖaɖi fofonye hafi.”
Yesu ɖo eŋu bena: “Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.” Edze ƒã be ŋutsua fofo meku haɖe o, elabena ne ɖe wòku la, via manɔ afisia anɔ to ɖom Yesu o. Via le biabiam be woana ɣeyiɣi ye yeaɖalala ye fofo ƒe ku. Mele klalo be yeatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe me o.
Esi woganɔ mɔa dzi ɖo ta Yerusalem la, ame bubu gblɔ na Yesu bena: “Aƒetɔ, manɔ yowòme; gake ɖe mɔ nam, be mayi aɖaklã amesiwo le aƒenye me hafi.”
Yesu ɖo eŋu nɛ bena: “Amesi tsɔ eƒe asi da ɖe kodzi dzi, eye wògale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.” Ele be amesiwo anye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la ƒe ŋkuwo nanɔ Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa dzi. Abe alesi agbledela ƒe bo si ŋlɔm wole la aglɔ̃ ne mele ŋgɔ kpɔm tẽ o ene la, nenema kee amesiame si nyẽ kɔ kpɔ nuɖoanyi xoxo sia la akli nu atra le mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi. Yohanes 7:2-10; Luka 9:51-62; Mateo 8:19-22.
▪ Amekawoe nye Yesu nɔviŋutsuwo, eye aleke woƒe seselelãme le ɖe eyama ŋu?
▪ Nukatae Samariatɔwo wɔ nu ŋutasesẽtɔe nenema, eye nukae Yakobo kple Yohanes di be yewoawɔ?
▪ Dze etɔ̃ kawoe Yesu ɖo le mɔa dzi, eye aleke wòte gbe ɖe alesi wòhiã be woawɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe subɔsubɔdɔ dzie?