Ta 71
Alesi Farisitɔwo Ðo Koŋ Gbe Edzi Xɔxɔ Se
NUBIALA si nye ŋkuagbãtɔ tsã la dzilawo vɔ̃ esime woyɔ wo va Farisitɔwo ŋkume. Wonya be woɖoe ɖi be woanyã amesiame si gblɔ be yexɔ Yesu dzi se la le ƒuƒoƒea. Hadede ma si maganɔ amea kple ame bubu siwo le woƒe nutoa me dome o la ate ŋu ahe fukpekpe gã aɖe vɛ, vevietɔ le hiãtɔwo ƒe ƒome gome. Eyata ŋutsua dzilawo dze aye.
Farisitɔwo bia wo be: “Ðe esia nye miaƒe vi, si miegblɔ bena, ŋkugbagbã wodzii mahã? Aleke wɔ wòle nu kpɔm azɔ mahã?”
Edzilawo ɖo kpe edzi be: “Míenyae bena, amesia mía vi wònye, eye ŋkugbagbã wodzii; ke alesi wɔ wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, alo amesi ʋu ŋkuwo nɛ la, míenyae o.” Wo vi la anya gblɔ nusi dzɔ la na wo kokoko, gake edzilawo gblɔ aɖaŋudzedzetɔe be: “Mibia eya ŋutɔ, etsi, aƒo nu le eɖokui ŋuti.”
Eyata Farisitɔwo gayɔ ŋutsua ake. Fifia ya la, wodze agbagba be yewoado ŋɔdzi nɛ to nya si fia be yewokpɔ fɔbunyawo ɖe Yesu ŋu la gbɔgblɔ dzi. Wobia tso esi be: “Tsɔ kafukafu na Mawu, míawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.”
Amesi nye ŋkuagbãtɔ tsã la megbe woƒe nutsotsoa o, eye wògblɔ bena: “Nenye nuvɔ̃wɔla wònye la, nyemenyɛ o.” Gake egblɔ kpee be: “Nu ɖeka ko menya bena, ŋkuagbãtɔ menye tsã, azɔ mele nu kpɔm.”
Esi Farisitɔwo nɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ŋɔŋɔƒe aɖe le eƒe ɖaseɖiɖia me la, wogabia ake be: “Nuka wòwɔ na wòa? Aleke wòʋu ŋkui na wò mahã?”
Ŋutsua he nya be: “Megblɔe na mi xoxo, eye miesee o; nukaŋuti miele didim bena, miagasee mahã?” Ebia wo fewuɖuɖutɔe be: “Ðe miawo hã miele didim bena, miazu eƒe nusrɔ̃lawo mahã?”
Ŋuɖoɖo sia ve dɔme na Farisitɔwo. Wotso enu be: “Wòe nye eyama ƒe nusrɔ̃la, ke míawo la Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. Míenya bena, Mawu ƒo nu kple Mose; ke amesia la míenya afisi wòtso o.”
Esi nya la wɔ nuku na nubiala ɖokuibɔbɔla la, eɖo eŋu be: “Esia mee wòwɔ nuku le bena, mienya afisi wòtso o, eye wòʋu nye ŋkuwo.” Nya ta kae wòle be woaƒo tso esia ŋu? Nubiala la fia asi nya si dzi amesiame lɔ̃ ɖo la bena: “Míenya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne ame aɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae wòɖoa toe. Tso xexemedzɔgbe taa la womese kpɔ bena, ame aɖe ʋu ŋkuwo na amesi wodzi ŋkugbagbã o.” Eyata ele be nyataƒoƒo la nadze ƒã be: “Ðe amesia metso Mawu gbɔ o la, ne mate ŋu awɔ naneke o.”
Nya aɖeke mele Farisitɔwo si woatsɔ aɖo nya ma si le tẽ eye eme kɔ la ŋu o. Womate ŋu alɔ̃ ɖe nyateƒe la dzi o, eyata woɖu fewu le ŋutsua ŋu be: “Nuvɔ̃ me pete wodzi wò ɖo, eye wòa nèle nu fiam mí mahã?” Eye wonyã ŋutsua do goe, si afia be wonyãe le ƒuƒoƒea me.
Esi Yesu se nusi wowɔ la, edi ŋutsua eye wògblɔ nɛ bena: ‘Èle Amegbetɔvi la dzi xɔm le sesem mahã?’
Amesi nye nubiala ŋkuagbãtɔ tsã la ɖo eŋu bia be: “Aƒetɔ, amekae nye esi, bena maxɔ edzi ase mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Amesi le nu ƒom kpli wò la, eyae.”
Enumake ŋutsua dze klo ɖe Yesu ŋkume gblɔ bena: “Aƒetɔ, mexɔe se.”
Yesu ɖe eme azɔ bena: “Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ [sia] ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo.”
Esia na Farisitɔ siwo le to ɖom la bia be: “Ðe míawo hã míenye ŋkuagbãtɔwo mahã?” Ne wolɔ̃ ɖe edzi be yewonye ŋkuagbãtɔwo le susu me la, ekema nusi woatsɔ ado taflatse na Yesu ŋu si wotsi tre ɖo la le wo si. Abe alesi Yesu gblɔ na wo ene la: “Ðe mienye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o.” Gake wotsɔ dzimesesẽ te tɔ ɖe edzi be yewomenye ŋkuagbãtɔwo o eye yewomehiã na gbɔgbɔ me numekɔkɔ o. Eyata Yesu gblɔ be: “Ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Míele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.” Yohanes 9:19-41.
▪ Nukatae amesi nye nubiala ŋkuagbãtɔ tsã la dzilawo vɔ̃ esime woyɔ wo va Farisitɔwo ŋkume, eyata aleke woɖo nya ŋu aɖaŋudzedzetɔe?
▪ Aleke Farisitɔwo dze agbagba be yewoado ŋɔdzi na amesi nye ŋkuagbãtɔ tsã lae?
▪ Ŋutsua ƒe nyagbɔgblɔ si me gɔmesese le kae ve dɔme na Farisitɔwo?
▪ Nukatae nya aɖeke mele Farisitɔwo si woatsɔ ado taflatse ɖe woƒe tsitretsitsi ɖe Yesu ŋu ta o?