Ta 70
Dɔyɔyɔ Na Amesi Wodzi Ŋkuagbãtɔe
ESI Yudatɔwo dze agbagba be yewoaƒu kpe Yesu la, medzo le Yerusalem o. Emegbe le Sabat la dzi esime woa kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ tsa ɖim le dua me la, wokpɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tso esime wodzii. Nusrɔ̃lawo bia Yesu bena: “Rabi, ameka wɔ nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã?”
Ðewohĩ, abe alesi rabi aɖewo xɔe se ene la, nusrɔ̃lawo hã xɔe se be ame ate ŋu awɔ nuvɔ̃ le dadaa ƒe dɔ me. Gake Yesu ɖo eŋu bena: “Menye amesia alo eƒe dzilawoe wɔ nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me.” Ŋutsua ƒe ŋkugbagbã metso vodada alo nuvɔ̃ aɖe koŋ si eya alo dzilawo wɔ gbɔ o. Ame gbãtɔ Adam ƒe nuvɔ̃ na amegbetɔwo katã mede blibo o, eyata gbegblẽƒewo, abe woadzi wo woanye ŋkuagbãtɔwo ene la, te ŋu nɔa wo ŋu. Nusi gblẽ le ŋutsu sia ŋu la na mɔnukpɔkpɔ Yesu azɔ be wòaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo afia.
Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be woawɔ dɔ siawo kabae la dzi. Egblɔ be: “Ele [be míawɔ] amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye.” Eteƒe madidi hafi Yesu ƒe ku ana wòage ɖe yɔdo me viviti si me magate ŋu awɔ naneke le o la me o. Fifia la, enye numekɔkɔtsoƒe na xexeame.
Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, eɖe ta ɖe anyigba eye wòtsɔ ta la nyã anyie. Esisi esia ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi hegblɔ be: “Yi, nale tsi le Siloa-ta la me.” Ŋutsua wɔe nenema. Eye esi wòwɔ esia la, ete ŋu kpɔ nu! Aleke wòtso aseye enye si esime wòtrɔ gbɔna; zi gbãtɔe nye ma wòle nu kpɔm le eƒe agbe me!
Ewɔ nuku na eƒe aƒelikawo kple ame bubu siwo nyae la. Wobia be: “Ðe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?” Ame aɖewo ɖo eŋu be: “Eyae.” Gake ame bubuwo mete ŋu xɔ edzi se o eye wogblɔ be: “Ðabi, ke boŋ ɖe wòɖii.” Gake ŋutsua gblɔ be: “Nyee.”
Ameawo biae be: “Ekema aleke wɔ wò ŋkuwo ʋu mahã?”
“Amesi woyɔna be Yesu la, eyae nyã anyi, eye wòtsɔe sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nam bena: Yi Siloa me nale tsi; ale meyi ɖale tsi, eye mekpɔ nu.”
Wobiae be: “Afika eyama le?”
Eɖo eŋu be: “Nyemenyae o.”
Ameawo kplɔ ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la yi woƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nye Farisitɔwo la gbɔ. Amesiawo hã biae alesi wɔ wòle nu kpɔm. Ŋutsua ɖe eme be: “Anyi wòtsɔ heɖo nye ŋkuwo dzi, eye mele tsi, eye mele nu kpɔm.”
Kakaɖedzitɔe la, ele be Farisitɔwo hã natso aseye kple nubiala si ŋu woda gbe le la! Gake ɖe ema teƒe la, woƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu. Wogblɔ be: “Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o.” Nukatae wogblɔ esia? ‘Elabena mewɔna ɖe Sabat la dzi o.’ Gake Farisitɔ bubuwo bia be: “Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã?” Esia na mamã ɖo wo dome.
Eyata wobia ŋutsua bena: “Wò la, esi wòʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã?”
Eɖo eŋu bena: “Nyagblɔɖila wònye.”
Farisitɔwo gbe esia dzi xɔxɔ se. Woka ɖe edzi be Yesu kple ŋutsu sia wɔ babla aɖe le adzame be woatsɔ aflu amewoe. Eyata be woakpɔ nya la gbɔ la, woyɔ nubiala la dzilawo vɛ be woabia gbe wo. Yohanes 8:59; 9:1-18.
▪ Nuka gbɔe ŋutsua ƒe ŋkugbagbã tso, eye nuka gbɔe metso o?
▪ Nukae nye zã si me ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ le o la?
▪ Esi woda gbe le ŋutsua ŋu la, aleke amesiwo nyae la wɔ nui?
▪ Aleke mamã ɖo Farisitɔwo dome le esi woda gbe le ŋutsua ŋu ta?