Ta 78
Minɔ Dzadzraɖoɖi!
ESI Yesu xlɔ̃ nu amehawo ku ɖe ŋukeklẽ ŋu eye wòɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu si woƒe susu anɔ fũ akpa ŋu vɔ la, ede dzi ƒo na wo be: “Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.” Eto ema dzi ɖee fia be ame ʋee aɖewo (siwo woɖe fia emegbe be wonye ame 144,000) koe anɔ Dziƒofiaɖuƒea me. Amesiwo akpɔ agbe mavɔ la dome ame akpa gãtɔ anye Fiaɖuƒe la te viwo le anyigba dzi.
Nunana wɔnuku kae nye si “fiaɖuƒe la” nye! Esi Yesu nɔ nu ƒom tso alesi dze be nusrɔ̃lawo nawɔ nui ne esu wo si ŋu la, ede dzi ƒo na wo be: “Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo.” Ẽ, ele be woazã woƒe nunɔamesiwo le mɔ si aɖe vi na ame bubuwo le gbɔgbɔ me la nu eye woato ema dzi adzra “nu nyui, siwo nu metsina o la, [ɖo] ɖe dziƒo.”
Azɔ Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ dzadzraɖoɖi ɖe yeƒe tɔtrɔgbɔ ŋuti. Egblɔ bena: “Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim; eye miawo la miɖi amesiwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ bena, ne adzo le srɔ̃ɖeƒe, eye wòava aƒo ʋɔa la, ne woaʋui nɛ enumake. Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ̃ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.”
Le kpɔɖeŋu sia me la, dɔlawo ɖe alesi wole dzadzraɖoɖi le woƒe aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ me la fia to woƒe awu ʋlayawo hehe va dzi kple woƒe alidziblanuwo tsɔtsɔ bla wo ɖi kple woƒe dɔwo dzi yiyi le zã me le akaɖi siwo me ami le nyuie la ƒe kekeli nu dzi. Yesu ɖe eme be: ‘Ne aƒetɔ la va le ŋudzɔɣi evelia [tso fiẽ ga asieke lɔƒo vaseɖe zã ga wuieve] alo etɔ̃lia [tso zã ga wuieve vaseɖe fɔŋli ga etɔ̃ me lɔƒo] me, eye wòakpɔ wo be wole dzadzraɖoɖi la, woakpɔ dzidzɔ!’
Aƒetɔ la ɖo eteƒe na eƒe dɔlawo le mɔ si mebɔ o nu. Ena wonɔ kplɔ̃ ŋu eye wòsubɔ wo. Mewɔ nu ɖe wo ŋu abe dɔlawo ene o, ke boŋ abe xɔlɔ̃ wɔnuteƒewo ene. Teƒeɖoɖo nyui kae nye si wokpɔ le esi woyi edzi wɔ dɔ na woƒe aƒetɔ le zã la me esime wole lalam be wòatrɔ agbɔ! Yesu ƒo nya ta bena: “Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm nɛ o la dzi.”
Azɔ Petro bia bena: “Aƒetɔ, míawoe nèle lo sia dom na loo, alo na wo katã hã mahã?”
Le esi teƒe be Yesu naɖo nya la ŋu tẽ la, egblɔ kpɔɖeŋu bubu. Ebia be: “Amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ va la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.”
Edze ƒã be “aƒetɔ” lae nye Yesu Kristo. “Xɔnuvi” la tsi tre ɖi na nusrɔ̃lawo ƒe “ha sue” la abe ƒuƒoƒo ene, eye “aƒemetɔwo” tsi tre ɖi na ame 144,000 ƒe habɔbɔ sia ke si si Dziƒofiaɖuƒea asu la, gake nyagbɔgblɔ sia te gbe ɖe woƒe dɔwɔwɔ abe ame ɖekaɖekawo ene la dzi. ‘Nu’ siwo wotsɔ de asi na xɔnuvi nuteƒewɔla la be wòakpɔ wo dzi lae nye aƒetɔ la ƒe nu siwo ku ɖe eƒe fianyenye ŋu le anyigba dzi la, esiwo ŋu eƒe Fiaɖuƒea te vi siwo le anyigba dzi kpe ɖo.
Esi Yesu nɔ kpɔɖeŋua dzi yim la, efia asii be ate ŋu ava eme be menye xɔnuvi alo dɔla ma me tɔwo katãe awɔ nuteƒe o, esime wòɖe eme be: “Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòade asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha; dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm nɛ o . . . la dzi, eye [wòahe to nɛ vevie ŋutɔ].”
Yesu gblɔ be yeƒe vava la he dzo si le bibim ƒe ɣeyiɣi va Yudatɔwo dzi, esime wo dometɔ aɖewo xɔ yeƒe nufiafiawo eye bubuwo gbee. Ƒe etɔ̃ kple vɔ do ŋgɔ la, exɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me, gake fifia eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe ku me la le eƒe nuwuwu gogom, eye abe alesi wògblɔe ene la: ‘Mele nu xam vaseɖe esime wòawu nu!’
Esi Yesu gblɔ nya siawo na eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, egaƒo nu na amehawo. Exa nu le alesi wogbe amesi wònye kple nusi esia fia ŋuti ɖaseɖiɖi si dze ƒã la xɔxɔ dzimesesẽtɔe la ŋuti. Egblɔ be: “Ne miekpɔ alilikpo le dodom le ɣetoɖoƒe la, enumake miegblɔna bena: Tsi gbɔna, eye wòva vea me nenema. Eye ne dzieheya le ƒoƒom la, miegblɔna bena: Xexeme le dzo xɔ ge, eye wòva vea me. Alakpatɔwo! Mienya alesi miado anyigba kple dziƒo ƒe ŋku me akpɔ; ke aleke wɔ, bena mienya alesi miado ɣeyiɣi sia akpɔ o mahã?” Luka 12:32-59.
▪ Ame nenie le “ha sue” la me, eye nukae woaxɔ?
▪ Aleke Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ dzadzraɖoɖi la dzie?
▪ Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, amekawoe “aƒetɔ” la, “xɔnuvi” la, “aƒemetɔwo,” kple ‘nuawo’ nye?