INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 82
  • Yesu Gaɖo Ta Yerusalem Ake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Gaɖo Ta Yerusalem Ake
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔsubɔdɔ Si Yesu Wɔ Le Perea
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Eƒe Gaƒoƒo Mede Haɖe O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yerusalem—‘Fia Gã La Ƒe Du’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nu Ka Ŋue Se Ðe Mɔ Ðo Le Sabat Dzi?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 82

Ta 82

Yesu Gaɖo Ta Yerusalem Ake

ETEƑE medidi hafi Yesu gale mɔ zɔm hele nu fiam tso du me yi du me kple tso kɔƒe me yi kɔƒe me o. Edze ƒã be ele Perea-nutoa si le Yordan-tɔsisia ƒe go keme dzi tso Yudea gbɔ la me. Gake eɖo ta Yerusalem.

Ðewohĩ Yudatɔwo ƒe nunyafiafia si gblɔ be ame ʋee aɖewo koe adze na ɖeɖekpɔkpɔe ʋã ŋutsu aɖe wòbia be: “Aƒetɔ, ame ʋee aɖewo koe akpɔ ɖeɖe mahã?” Yesu to eƒe ŋuɖoɖoa dzi ƒoe ɖe amewo nu be woabu tame tso nusi hiã hena ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu, be: ‘Miʋli sesĩe [esi nye be woadze agbagba alo awɔ fu wo ɖokui] be miayi ɖe agbo bii la me.’

Yesu yi edzi be agbagbadzedze vevie nenema hiã kpata “elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, woayi ɖe eme, eye womate ŋui o.” Nukatae womate ŋui o? Eɖe eme be ‘ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye amewo tsi tre ɖe egodo hede asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: “Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí” la, agblɔ bena: “Nyemenya afisi mietso o. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!” ’

Edze ƒã be amesiwo tsi ʋɔa godo la va le ɣeyiɣi si sɔ na woa ŋutɔwo ɖeɖeko la me. Gake ɣemaɣi la, wotu mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtrua hede gameti eme. Be woate ŋu ayi ɖe eme la, ɖe wòle be woava kaba, togbɔ be ɣemaɣi madze dzi na wo hafi o gake. Le nyateƒe me la, nu wɔnublanui aɖe adzɔ ɖe amesiwo hea Yehowa ƒe tadedeagu tsɔtsɔ wɔ woƒe agbemetaɖodzinu vevitɔe ɖe megbe la dzi!

Yudatɔ siwo gbɔ wodɔ Yesu ɖo la dome ame akpa gãtɔ mewɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si su wo si be woaxɔ Mawu ƒe ɖoɖo hena ɖeɖekpɔkpɔ la ŋudɔ o. Eyata Yesu gblɔ be woafa avi eye woaɖu aɖukli ne wokɔ wo ƒu gbe ɖe gota. Gake amewo atso “ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe,” ẽ, tso dukɔwo katã me, ava nɔ “kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me.”

Yesu yi edzi be: “Mlɔetɔwo [siwo nye amesiwo menye Yudatɔwo o, siwo wodoa vloe, kpakple Yudatɔ siwo wote ɖe to] li, siwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo [siwo nye Yudatɔ siwo nu wove le ŋutilãmenuwo kple mawusubɔsubɔ gome] li, siwo azu mlɔetɔwo.” Mlɔetɔ siwo woazu la fia be ɖekematsɔlemetɔ mawo siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la manɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea me kura o.

Farisitɔwo va Yesu gbɔ azɔ hegblɔ be: “Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes [Antipa] le didim be, yeawu wò.” Ate ŋu anye be Herodes ŋutɔe dze wobewobenya sia gɔme be yeatsɔ ana Yesu nasi le nutoa me. Ðewohĩ Herodes nɔ vɔvɔ̃m be yeagakpɔ gome le Mawu ƒe nyagblɔɖila bubu ƒe ku me abe alesi yekpɔ gome le Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la wuwu mee ene. Gake Yesu gblɔ na Farisitɔawo be: “Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.”

Esi Yesu wɔ eƒe dɔ vɔ le afima la, eyi eƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem elabena, abe alesi wòɖe emee ene la, “womeɖe mɔ be, woawu nyagblɔɖila aɖe le afi aɖeke o, negbe le Yerusalem ko.” Nukatae woakpɔ mɔ be woawu Yesu le Yerusalem? Elabena Yerusalem ye nye fiadua, afisi Sanhedrin ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si me ame 71 le la le eye afimae wotsɔa lãwo saa vɔe le. Eyata masɔ be woawu “Mawu ƒe alẽvi” la le teƒe bubu aɖeke tsɔ wu Yerusalem o.

Yesu fa konyi be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, eye mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” Esi dukɔa gbe Mawu ƒe Vi la ta la, woatsrɔ̃!

Esi Yesu nɔ mɔa dzi yina Yerusalem la, wokpee wòyi Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒeme. Sabat dzie, eye amewo le ŋku lém ɖe eŋu, elabena ame aɖe si le tetedɔ, si anye dɔléle si na tsi dzi ɖe eƒe abɔwo kple atawo me, lém la le afima. Yesu bia Farisitɔ kple Sea nyala siwo le afima la bena: “Woɖe mɔ be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã?”

Ame aɖeke meke nu o. Eyata Yesu da gbe le amea ŋu eye wòdo mɔe. Azɔ ebia bena: “Ameka le mia dome, ne via alo eƒe nyi ge ɖe vudo me la, maɖee le eme enumake le Sabat ŋkeke dzi o mahã?” Ame aɖeke meɖo esia hã ŋu o. Luka 13:22–14:6; Yohanes 1:29.

▪ Nukae Yesu ɖe fia be ehiã hena ɖeɖekpɔkpɔ, eye nukatae woado ʋɔa ɖe ame geɖe nu woatsi gota?

▪ Amekawoe nye ‘mlɔetɔ’ siwo azu gbãtɔwo, eye amekawoe nye “gbãtɔwo” siwo azu mlɔetɔwo?

▪ Anye nukatae wogblɔ be Herodes di be yeawu Yesu?

▪ Nukatae mesɔ be woawu nyagblɔɖila le teƒe bubu aɖeke tsɔ wu Yerusalem o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe