Ta 84
Nusrɔ̃lanyenye ƒe Agbanɔamedzi
ESI Yesu dzo le Farisitɔ xɔŋkɔ la, amesi anɔ eme be enye Sanhedrin la me tɔ la ƒe aƒeme la, Yesu ɖo ta Yerusalem. Ameha gã aɖewo dze eyome. Gake nukae ʋã wo be woadze eyome? Nuka tututue eyomedzela vavãtɔ nyenye lɔ ɖe eme?
Esime wonɔ mɔa dzi yina la, Yesu trɔ ɖe amehawo ŋu eye ɖewohĩ ena woɖi vo esime wògblɔ be: “Ne ame aɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.”
Nusi Yesu gblɔ la gɔme ɖe? Yesu mele gbɔgblɔm le afisia be ye yomedzelawo nalé fu woƒe ƒometɔwo ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ woalé fu wo le gɔmesesea nu be woalɔ̃ wo ʋee wu alesi wolɔ̃a eyamae. Wogblɔ tso Yesu tɔgbui Yakob ŋu be ‘elé fu’ Lea eye wòlɔ̃ Raxel, si gɔmee nye be elɔ̃ Lea ʋee wu nɔvianyɔnu Raxel.
Bu eŋu kpɔ hã be Yesu gblɔ be ele be nusrɔ̃la nalé fu “ye ŋutɔ ƒe agbe” alo eƒe luʋɔ “gɔ̃ hã.” Yesu ganɔ fiafiam be ele be nusrɔ̃la vavãtɔ nalɔ̃ Ye wu alesi wòalɔ̃ eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hãe. Eyata Yesu le gbe tem ɖe edzi be, be woanye yeƒe nusrɔ̃la vavãtɔ nye agbanɔamedzi si lɔ moveviɖoɖo ɖe eme. Menye nane si gɔme woadze eŋumabumabu nyuie ye wònye o.
Yesu ƒe nusrɔ̃la nyenye lɔ fukpekpe kple yometiti ɖe eme, abe alesi wòyi edzi ɖee fiae ene be: “Amesi ke metsɔ eƒe [fuwɔameti], eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.” Eyata ele be nusrɔ̃la vavãtɔ nalɔ̃ faa be yeatsɔ vlodoame ƒe agba ma ke si tsɔtsɔ me Yesu do dzi le la, eye ne ehiã gɔ̃ hã la, wòalɔ̃ faa be yeaku le Mawu ƒe futɔwo si me, abe alesi wòle dzɔdzɔ ge ɖe Yesu dzi kpuie ene.
Eyata Kristo ƒe nusrɔ̃la nyenye nye nusi ŋu wòle be ameha siwo kplɔe ɖo la nasusu nyuie ŋutɔ. Yesu te gbe ɖe nyateƒe sia dzi to kpɔɖeŋu aɖe gbɔgblɔ dzi. Egblɔ be: “Elabena ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã? Menye bena, ne eɖo egɔme anyi tso, eye mete ŋu wu enu o la, ne amesiwo katã kpɔe la, nade asi fewuɖuɖu me le eŋuti o, agblɔ bena: Amesia de asi mɔ̃tutu me, eye mete ŋu wu enu o.”
Eyata Yesu zã kpɔɖeŋu tsɔ nɔ egblɔm na ameha siwo dze eyome la be hafi woazu yeƒe nusrɔ̃lawo la, ele be woaɖoe kplikpaa be yewoate ŋu awɔ nusi wòlɔ ɖe eme la, abe alesi amesi di be yeatu mɔ̃ aka ɖe edzi be nu le ye si yeatsɔ awu enu hafi wòadze egɔme ene. Yesu gawɔ kpɔɖeŋu bubu hegblɔ kpee be:
“Alo fia ka li, si, ne eyina aʋa kpe ge kple fia bubu la, mabɔbɔ nɔ anyi, eye wòade adaŋu, ne ate ŋu atsɔ akpe ewo akpe amesi tsɔ akpe blaave gbɔna edzi dze ge la, o mahã? Ke ne mele nenema o la, adɔ dɔlawo aɖo ɖe amesi le mɔ dzi ʋĩ gbɔna la gbɔ, be wòabia tomefafa.”
Yesu te gbe ɖe nya vevi si le eƒe kpɔɖeŋuawo me dzi azɔ hegblɔ be: “Azɔ nenema ke mia dome amesiame, si megbe nusiwo katã le esi la o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.” Emae nye nusi wòle be ameha siwo dze eyome, kple, ẽ, amesiame si nya nu tso Kristo ŋu la nalɔ̃ faa be yeawɔ. Ele be woalɔ̃ faa be yewoatsɔ nusianu si le yewo si—woƒe nunɔamesiwo katã, esi lɔ woƒe agbe gɔ̃ hã ɖe eme—asa vɔe ne wodi be yewoanye eƒe nusrɔ̃lawo. Ðe nèle lɔlɔ̃m faa be yeawɔ esia?
Yesu yi edzi be: “Dze la, nu nyui ye.” Le eƒe Todzimawunya la me la, egblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo nye “anyigba ƒe dze,” esi fia be woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kpɔa amewo ta tso gbegblẽ me abe alesi dze ŋutɔŋutɔ kpɔa nu ta tso gbegblẽ mee ene. Yesu ƒo nya ta be: “Ke ne dze hã bu eƒe vivi la, nuka woatsɔ ado vivi nɛ mahã? Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. Amesi to senu li nɛ la, nesee.”
Eyata Yesu ɖee fia be mele be amesiwo nye yeƒe nusrɔ̃lawo xoxo kura gɔ̃ hã nagbɔdzɔ woƒe tameɖoɖo be yewoayi edzi la me o. Ne wowɔ ema la, woatrɔ zu nusi ŋu viɖe mele o kple fewuɖunu na xexeame eye womadze le Mawu ŋkume o; le nyateƒe me la, woahe vlododo va Mawu dzie. Eyata abe dze si ŋu ŋusẽ mele o, eye wògblẽ ene la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe xexe, ẽ, woatsrɔ̃ wo. Luka 14:25-35; Mose I, 29:30-33; Mateo 5:13.
▪ Nukae wòfia be ‘woalé fu’ ame ƒe ƒometɔwo kple ame ɖokui?
▪ Kpɔɖeŋu eve kawoe Yesu wɔ, eye wo gɔme ɖe?
▪ Nya vevi kae le Yesu ƒe numeɖeɖea ƒe nyataƒonya si ku ɖe dze ŋu la me?