INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 85
  • Amesiwo Bu la Didi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiwo Bu la Didi
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔkpɔkpɔ Le Nu Vɔ̃ Wɔla Si Trɔ Dzi Me La Ŋuti
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mateo Yɔyɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Yɔ Mateo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 85

Ta 85

Amesiwo Bu la Didi

YESU di vevie be yeadi amesiwo asubɔ Mawu ɖokuibɔbɔtɔe eye be yeake ɖe wo ŋu. Eyata edi wo vevie eye wòƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu na amesiame, amesiwo wonya be wonye nuvɔ̃wɔla sesẽwo hã le eme. Ame mawo te va azɔ heɖo toe.

Esi Farisitɔwo kple agbalẽfialawo de dzesi nusia la, wohe nya ɖe Yesu ŋu be edea ha kple amesiwo yewosusu be womedze o. Woli liʋiliʋi be: “Amesia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye wòɖua nu kpli wo.” Ema nye nu ɖigbɔ le wo ŋkume ale gbegbe! Farisitɔwo kple agbalẽfialawo wɔa nu ɖe ame gbɔlowo ŋu abe ɖi si le woƒe afɔ te ene. Le nyateƒe me la, wozãa Hebrigbe me nyagbɔgblɔ ‛am ha·’aʹrets, si gɔmee nye “amesiwo le anyigba” la be woatsɔ afia alesi wonyɔ ŋu ame mawoe.

Le go bubu me la, Yesu ya wɔa nu ɖe amesiame ŋu le bubu, dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ me. Le esia ta la, amesiawo siwo dome amesiwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ wonya nyuie hã le la dina be vevie be yewoaɖo toe. Gake Farisitɔwo ƒe nyahehe ɖe Yesu ŋu be ele agbagba dzem ɖe amesiwo woawo bua ame madzemadzewoe ŋu ya ɖe?

Yesu ɖo woƒe tsitretsiɖeŋunya la ŋu to lo aɖe dodo dzi. Eƒo nu le Farisitɔwo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu be yewonye ame dzɔdzɔewo eye yewole dedie le Mawu ƒe alẽha me, esime ‛am ha·’aʹrets ɖigbɔawo tra mɔ eye wobu la nu. Ðo to esime wòbia be:

“Amekae le mia dome, ne alẽ alafa le esi, eye wo dometɔ ɖeka bu ɖee la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbeadzi, eye wòadi esi bu la, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, akɔe ada ɖe eƒe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eva aƒe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ, si bu la.”

Yesu gblɔ nusi eƒe ŋutinya la fia azɔ eye wòɖe eme be: “Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.”

Farisitɔwo bua wo ɖokui be yewonye ame dzɔdzɔewo eyata yewomegahiã dzimetɔtrɔ o. Esime wo dometɔ aɖewo he glãka kple Yesu abe ƒe eve do ŋgɔ ene be ele nu ɖum kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo la, egblɔ na wo be: “Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.” Farisitɔ siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe eye womekpɔ be ehiã be yewoatrɔ dzime o la mehea dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke vaa dziƒoe o. Gake nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime vavã la henɛ vɛ.

Be wòagate gbe ɖe edzi be nuvɔ̃wɔla siwo bu eye wogakpɔ wo la hea dzidzɔkpɔkpɔ vaa dziƒoe la, Yesu gado lo bubu. Egblɔ be: “Alo nyɔnu ka si klosalo ewo le, ne ebu ɖeka la, ɖe masi akaɖi, eye wòakplɔ xɔa me, eye wòadi vevie, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo, si mebu la.”

Yesu gblɔ nufiame si ɖii, hegblɔ be: “Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.”

Aleke gbegbe Mawu ƒe dɔlawo ƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe na nuvɔ̃wɔla siwo bu eye wogakpɔ wo la ɖe dzesie nye si! Esia le nenema vevietɔ le esi wònye be mlɔeba la, ‛am ha·’aʹrets siawo siwo bɔbɔ ɖe anyi tsã eye woɖi gbɔ wo la va le nɔnɔme si me woazu Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me nɔlawo me la ta. Le esia ta nɔƒe si kɔkɔ wu mawudɔlawo ŋutɔ tɔ le dziƒo la va sua wo si! Gake le esi teƒe be wòabiã ŋu na mawudɔlawo eye woasusu be wobɔbɔ yewo ɖe anyi la, woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖokuibɔbɔtɔe ɖe nyateƒe si wònye be amegbetɔ nuvɔ̃wɔla siawo do go agbe me nɔnɔme siwo adzra wo ɖo be woasubɔ abe dziƒofia kple nunɔla veveseɖeamenulawo kple nublanuikpɔlawo ene eye woɖu dzi le wo me la ŋu. Luka 15:1-10; Mateo 9:13; Korintotɔwo I, 6:2, 3; Nyaɖeɖefia 20:6.

▪ Nukatae Yesu dea ha kple amesiwo wonya be wonye nuvɔ̃wɔlawo, eye glãka kae Farisitɔwo he tso nusia ŋu?

▪ Aleke Farisitɔwo bua ame gbɔlowoe?

▪ Lo kawoe Yesu do, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo me?

▪ Nukatae mawudɔlawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔa ɖe dzesi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe