Ta 92
Yesu Da Gbe le Anyidzela Ewo ŋu le Eƒe Mɔzɔzɔ Mamlea yi Yerusalem Me
YESU gblẽ Sanhedrin la me tɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoawui me to alesi wòdzo le Yerusalem heyi du si nye Efrayim, si kple Yerusalem domee anɔ abe agbadroƒe 15 [24 km] ko ene le Yerusalem ƒe anyieheɣedzeƒekpa dzi la dzi. Afimae wònɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo ale be eƒe futɔwo megakpɔe o.
Gake ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea nɔ ɖoɖom, eye eteƒe medidi hafi Yesu gadze mɔ zɔzɔ o. Ezɔ mɔ to Samaria yi Galilea. Esiae nye zi mamlea si wòyi nuto sia me do ŋgɔ na eƒe ku. Esi wòɖo Galilea la, anɔ eme be wo kple eƒe nusrɔ̃lawo kpe ɖe ame bubu siwo hã nɔ mɔa dzi yina Yerusalem ɖe Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu ta la ŋu. Woto mɔ si to Perea-nutoa me, si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe.
Esi wodze mɔa teti eye Yesu nɔ gegem ɖe du aɖe me le Samaria alo Galilea la, ŋutsu ewo siwo nye anyidzelawo va kpee. Dɔ dziŋɔ sia nɔa ame ƒe ŋutinuwo—eƒe asibidewo, afɔbidewo, to, ŋɔti, kple nuyi—ɖum vivivi. Be wòanye takpɔkpɔ na ame bubuwo be womagaxɔe le wo ŋu o la, Mawu ƒe Se gblɔ ku ɖe anyidzela ŋu be: “Wòabla glã anɔ ɣli dom bena: Busue! busue! Ŋkeke alesi anyia le eŋu la, eŋu mekɔ o, eya ɖeka nanɔ aga.”
Anyidzela ewoawo wɔ ɖe Sea ƒe mɔxeɖenu si li na anyidzelawo la dzi eye wole adzɔge tso Yesu gbɔ. Gake wodo ɣli kple gbe sesẽ be: “Yesu, [Nufiala], kpɔ mía nublanui.”
Esi Yesu kpɔ wo le didiƒe la, egblɔ be: “Miheyi ɖatsɔ mia ɖokui fia nunɔlawo.” Yesu gblɔ esia elabena Mawu ƒe Sea na ŋusẽ nunɔlawo be woagblɔ be anyia vɔ le amesiwo haya tso dɔ sia léle me la ŋu. To mɔ sia nu la, wogalɔ̃na xɔa ame mawo be woaganɔ amesiwo le lãmesẽ me dome.
Anyidzela ewoawo ka ɖe edzi be nukunuwɔŋusẽwo le Yesu si. Eyata wowɔ kaba yi ɖakpɔ nunɔlawo, togbɔ be wo ŋuti mekɔ haɖe o hã. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, woɖo woƒe Yesu dzixɔse la teƒe na wo. Wodze ekpɔkpɔ gɔme be yewo ŋuti kɔ eye wosee le wo ɖokui me nenema!
Anyidzela siwo ŋuti kɔ dometɔ asieke yi woƒe azɔlia dzi, gake anyidzela mamlea si nye Samariatɔ trɔ va nɔ Yesu dim. Nukatae? Elabena akpedada yɔ eme fũ ɖe nusi wòwɔ nɛ la ta. Ekafu Mawu kple gbe sesẽ, eye esi wòkpɔ Yesu la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu heda akpe nɛ.
Yesu gblɔ be: “Menye ame ewo ŋutie kɔ o mahã? Ke afika wo ame asieke la le? Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?”
Emegbe egblɔ na Samariatɔa be: “Tsi tre, nadzo, wò xɔse la ɖe wò.”
Ne míexlẽ nu tso alesi Yesu da gbe le anyidzela ewoawo ŋu la, ele be nufiame si le eƒe nyabiabia sia me be: “Afika wo ame asieke la le?” la naɖo míaƒe dzi gbɔ. Akpemadamada si ame asiekea ɖe fia la nye gbɔdzɔgbɔdzɔ si nye ŋkubiãnya. Ðe míanɔ abe Samariatɔ la ene eye míaɖee afia be míenye akpedalawo ɖe nusiwo míexɔna tso Mawu gbɔ, siwo dome agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me hã le la ta? Yohanes 11:54, 55; Luka 17:11-19; Mose III, 13:16, 17, 45, 46; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
▪ Aleke Yesu gblẽ agbagba siwo wodze be woawui la mee?
▪ Afikae Yesu zɔ mɔ yi le esia megbe, eye afikae wòyina?
▪ Nukatae anyidzela ewoawo nɔ adzɔge, eye nukatae Yesu gblɔ na wo be woayi aɖakpɔ nunɔlawo?
▪ Nufiame kae wòle be míasrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?