INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 92 axa 216-axa 217 mm. 7
  • Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Da Gbe le Anyidzela Ewo ŋu le Eƒe Mɔzɔzɔ Mamlea yi Yerusalem Me
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Yesu Wɔ Nukunu Geɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ƒo Asa Na Susuhenuwo Le “Du Nyui Xɔgbe” Sia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 92 axa 216-axa 217 mm. 7
Anyidɔléla ewo siwo ŋu Yesu da gbe le la dometɔ ɖeka trɔ va da akpe nɛ

TA 92

Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

LUKA 17:11-19

  • YESU DA GBE LE ANYIDƆLÉLA EWO ŊU

Yesu gblẽ tame si Sanhedrin la ɖo be yewoawui la me esi wòdzo yi Efrayim, si le Yerusalem ƒe dzieheɣedzeƒe godzi. Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ afi ma, ale be eƒe futɔwo nagakpɔe o. (Yohanes 11:54) Ke hã, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia nɔ ɖoɖom, eya ta eteƒe medidi hafi Yesu gadze mɔ o. Eɖo ta dziehe yi ɖato Samaria yi Galilea. Esiae nye zi mamlɛtɔ si wòyi nuto sia me do ŋgɔ na eƒe ku.

Esi wodze mɔa teti eye wole mɔ zɔm tso kɔƒe aɖe me yina bubu me la, Yesu do go ŋutsu ewo siwo nye anyidɔlélawo. Dɔléle sia tea ŋu nana ame ƒe ŋutinuwo abe asibidɛwo, afɔbidɛwo, alo towo ene nɔa nyinyim vivivi. (4 Mose 12:10-12) Mawu ƒe Sea gblɔ be ele be anyidɔléla nanɔ ɣli dom be “Ŋunye mekɔ o hee, ŋunye mekɔ o hee!” eye wòaɖe ɖe aga hã.—3 Mose 13:45, 46.

Le esia ta, anyidɔléla ewoawo nɔ adzɔge tso Yesu gbɔ. Ke hã wodo ɣli sesĩe be: “Yesu, Nufiala, kpɔ nublanui na mí!” Esi Yesu kpɔ wo la, egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsɔ mia ɖokuiwo fia nunɔlawo.” (Luka 17:13, 14) Esia ɖee fia be ede bubu Mawu ƒe Sea ŋu, elabena le Sea nu la, nunɔlawoe gblɔnɛ nenye be ame siwo ŋu anyidɔ nɔ la haya vavã. Ne wohaya la, ekema woagate ŋu anɔ amewo dome.—3 Mose 13:9-17.

Yesu do go ŋutsu ewo siwo ŋu anyidɔ le

Anyidɔléla ewoawo ka ɖe edzi be Yesu ate ŋu ada gbe le yewo ŋu nukutɔe. Wodze mɔ be yewoaɖatsɔ yewo ɖokuiwo afia nunɔlawo, togbɔ be womeda gbe le wo ŋu haɖe o hã. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, woɖo ale si woxɔ Yesu dzi see la teƒe na wo. Wosee le wo ɖokui me hekpɔe hã be woda gbe le yewo ŋu!

Anyidɔléla siwo ŋuti kɔ la dometɔ asieke yi woƒe azɔlia dzi. Gake wo dometɔ ɖeka si nye Samariatɔ ya mewɔe nenema o. Etrɔ yi Yesu gbɔ boŋ. Nu ka tae? Ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu ale gbegbe. Ame sia si nye anyidɔléla tsã la le “Mawu kafum lélele,” elabena ekpɔe be Mawue na yehaya. (Luka 17:15) Esi wòkpɔ Yesu la, eva tsyɔ mo anyi ɖe eƒe afɔnu heda akpe nɛ.

Yesu gblɔ na ame siwo le eŋu la be: “Menye ame ewoawo katã ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe? Aleke wɔ wo dometɔ aɖeke megbugbɔ va tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, negbe dukɔ bubu me tɔ sia ko?” Azɔ Yesu gblɔ na Samariatɔ la be: “Tso nàdzo, wò xɔse na nèhaya.”—Luka 17:17-19.

Ale si Yesu te ŋu da gbe le anyidɔléla ewoawo ŋu la fia be Yehowa Mawu le megbe nɛ. Azɔ menye ɖeko Yesu da gbe le wo dometɔ ɖeka ŋu ko o, ke edze ƒãa be ele mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi hã. Ele eme be Mawu meto Yesu dzi le gbe dam na amewo nukutɔe nenema le míaƒe ŋkekea me ya o. Ke hã, ne míexɔ Yesu dzi se la, míate ŋu ava nɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi. Ðe míaɖee afia be míenye akpedalawo abe ale si Samariatɔ la wɔe enea?

  • Afi kae Yesu zɔ mɔ yi tsɔ gblẽ tame si Sanhedrin la me tɔwo ɖo be yewoawui la me?

  • Nu ka tae anyidɔléla ewoawo nɔ adzɔge, eye nu ka tae Yesu gblɔ na wo be woayi aɖakpɔ nunɔlawo?

  • Nufiame kae le nu si dzɔ ɖe Samaria ŋutsua dzi la me si ŋu wòle be míade ŋugble le?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe