INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 100
  • Minawo ŋuti Kpɔɖeŋu La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Minawo ŋuti Kpɔɖeŋu La
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lo Si Wòdo Ku Ðe Mina Ewoawo Ŋuti
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Srɔ̃ Nu Tso Mina Ewoawo Ŋuti Lododoa Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Veviedodonu Ŋuti Nufiame—Talentoawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 100

Ta 100

Minawo ŋuti Kpɔɖeŋu La

ÐEWOHĨ Yesu ganɔ Zaxeo ƒe aƒeme, afisi wòtɔ ɖo esime wòyina ɖe Yerusalem. Eƒe nusrɔ̃lawo susu be ne yewoɖo Yerusalem la, ele gbɔgblɔ ge be yee nye Mesia la eye wòaɖo eƒe Fiaɖuƒe la anyi. Be Yesu naɖɔ woƒe nukpɔsusu sia ɖo eye wòaɖee afia be ɣemaɣi Fiaɖuƒea le didiƒe ʋĩ hafi ava la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe na wo.

Egblɔ be: “Ame ŋkuta aɖe yi ɖe anyigba didi aɖe dzi be, yeaxɔ fiaɖuƒe na ye ɖokui, eye yeagatrɔ agbɔ.” Yesu ye nye “ame ŋkuta” la eye “anyigba didi” lae nye dziƒo. Ne Yesu va ɖo afima la, Fofoa atsɔ fiaɖuƒeŋusẽ nɛ.

Gake hafi ame ŋkuta la nadzo la, eyɔ eƒe dɔla ewo vɛ eye wòna klosalo mina (pounde) wo dometɔ ɖesiaɖe eye wògblɔ be: “Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ.” Le emevava gbãtɔ me la, dɔla ewoawo tsi tre ɖi na Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo. Ne wokeke emeɖeɖe ɖe enu la, wonye kpɔɖeŋu na amesiwo katã ava zu hadomenyilawo kplii le Dziƒofiaɖuƒea me.

Klosalo minawo nye ga xɔasiwo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe home anɔ abe agbledɔwɔla ƒe ɣleti etɔ̃ fetu ene. Gake nukae mina siawo tsi tre ɖi na? Eye dɔ ka ƒomevie wòle be dɔlawo nawɔ kpli wo?

Minawo tsi tre ɖi na nusiwo nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ate ŋu anɔ zazãm be woatsɔ akpɔ ame bubu siwo hã anye Dziƒofiaɖuƒea ƒe domenyilawo vaseɖe esime Yesu nava abe Fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo la ƒe Fia ene. Le eƒe tsitretsitsi kple eɖokui ɖeɖe fia eƒe nusrɔ̃lawo vɔ megbe la, etsɔ kpɔɖeŋuminawo na wo be woawɔ nusrɔ̃la bubuwo eye woato esia dzi adi ame bubuwo be woava nɔ Dziƒofiaɖuƒehabɔbɔa me.

Yesu yi edzi be: “Ke [ame ŋkuta la ƒe] dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Míelɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mía dzi o.” Eƒe dumetɔwoe nye Israel-viwo alo Yudatɔwo, ne woɖe eƒe nusrɔ̃lawo le eme. Le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe la, to alesi Yudatɔ siawo ti eƒe nusrɔ̃lawo yomee dzi la, wona wonyae be yewomedi be wòaɖu fia ɖe yewo dzi o. Le mɔ sia nu la, wole nu wɔm abe dumetɔ siwo dɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo la ɖo ɖa la ene.

Aleke dɔla ewoawo zã woƒe minawoe? Yesu ɖe eme be: “Eye wòva ve me, esi wòxɔ fiaɖuƒe la vɔ, eye wòtrɔ gbɔ la, bena ena woyɔ dɔla siawo, amesiwo si wòtsɔ ga la dee la, vɛ nɛ, bena wòanya amesi ɖe vi, kple vi, si wòɖe. Eye gbãtɔ va do gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde ewo ɖe edzi. Eye wògblɔ nɛ bena: Ehẽ, dɔla nyui, esi nèzu nuteƒewɔla le nu suetɔ me ŋuti la, ŋusẽ anɔ asiwò ɖe du ewo dzi. Eye evelia va gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde atɔ̃. Eye wògblɔ na eya hã bena: Wò hã ànɔ du atɔ̃ dzi.”

Dɔla si si mina ewo le la nye kpɔɖeŋu na nusrɔ̃lawo ƒe hatsotso, alo ƒuƒoƒo aɖe si nɔ anyi tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi vaseɖe fifia eye ema lɔ apostoloawo hã ɖe eme. Dɔla si kpɔ mina atɔ̃ ɖe edzi hã tsi tre ɖi na ƒuƒoƒo aɖe si nɔ anyi le ɣeyiɣi ma ke me, amesiwo dzi woƒe fia la ƒe anyigbadzinuwo ɖe edzi le woƒe mɔnukpɔkpɔwo kple ŋutete nu. Ƒuƒoƒo evea siaa ɖea gbe ƒã nyanyuiea, eye esia nana be ame geɖe siwo si dzi dzɔdzɔe le va trɔna zua Kristotɔwo. Dɔlawo dometɔ asieke tsa asi hekpɔ viɖe ɖe edzi eye wodzi nusiwo wode asi na wo la ɖe dzi.

Yesu yi edzi be: “[Gake] bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi; elabena mevɔ̃ wò, esi nènye ame sẽŋuta ŋuti, ètsɔa nusi mèda ɖi o, eye nèŋea nusi mèƒã o. Egblɔ nɛ bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Ènyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la, nukaŋuti mètsɔ nye ga na gasitsalawo, eye nye la le nye vava me la, ne maxɔe kple deme o mahã? Eye wògblɔ na amesiwo le tsitre le egbɔ la bena: Mixɔ pounde la le esi, eye mitsɔe na amesi pounde ewo le esi!”

Kpɔɖeŋumina la xɔxɔ le dɔla vɔ̃ɖi la si fia be makpɔ nɔƒe aɖeke le Dziƒofiaɖuƒea me o. Ẽ, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ebu fiaɖuɖu ɖe du ewo alo ɖe du atɔ̃ dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ la. De dzesii hã be menye nu gbegblẽ aɖee wòwɔ tae wogblɔ be enye dɔla vɔ̃ɖi o, ke boŋ alesi wòdo kpo eƒe aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe ƒe kesinɔnuwo dzidzi ɖe edzi tae.

Esi wotsɔ dɔla vɔ̃ɖi la ƒe mina la na dɔla gbãtɔa la, amewo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu be: “Aƒetɔ, pounde ewo le esi!” Gake Yesu ɖo eŋu be: “Amesiame, si nu le esi la, woana nui; ke amesi nu mele esi o la, nusi le esi hã la, woaxɔe le esi. Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, mikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.” Luka 19:11-27; Mateo 28:19, 20.

▪ Nukae na Yesu wɔ minawo ŋuti kpɔɖeŋu la?

▪ Amekae nye ame ŋkuta la, eye nukae nye anyigba si dzi wòyi la?

▪ Amekawoe nye dɔlawo, eye nukae minawo nye kpɔɖeŋu na?

▪ Amekawoe nye duametɔwo, eye aleke woɖe woƒe fuléle fiae?

▪ Nukatae wogblɔ be dɔlawo dometɔ ɖeka nye ame vɔ̃ɖi, eye nukae mina la xɔxɔ le esi fia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe