NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 19-20
Srɔ̃ Nu Tso Mina Ewoawo Ŋuti Lododoa Me
Nu kae nu vovovo siwo dze le lododoa me la le tsitre ɖi na?
Aƒetɔa le tsitre ɖi na Yesu
Kluviawo le tsitre ɖi na Yesu yomedzela amesiaminawo
Ga si aƒetɔ la tsɔ na kluviawo le tsitre ɖi na mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be woawɔ amewo nusrɔ̃lawo
Lododo sia le nu xlɔ̃m tso nu si adzɔ ne Kristo yomedzela amesiaminawo ɖe mɔ nɔnɔme si nɔ kluvi vɔ̃ɖia si la su wo si la ŋu. Yesu di tso eyomedzelawo si be woazã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã atsɔ awɔ ame geɖewo woanye nusrɔ̃lawo.
Mɔ ka nue mate ŋu asrɔ̃ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo le le amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawo ƒe dɔa me?