Ta 102
Kristo ƒe Yerusalem Yiyi abe Fia Aʋadziɖula Ene
ESI ŋu ke, si nye Kwasiɖagbe, Nisan 9 lia la, Yesu dzo le Betania kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wòɖo ta Amitoa si le Yerusalem gome la dzi. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, wogogo Betfage, si le Amitoa dzi. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve be:
“Miyi ɖe kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake miakpɔ tedzi kple via le ka me; mitu wo, ne miakplɔ wo vɛ nam. Eye ne ame aɖe agblɔ nane na mi la, migblɔ bena: Aƒetɔ la le wo hiãm, eye enumake adɔ wo ɖa.”
Togbɔ be gbã la, nusrɔ̃lawo mese egɔme be mɔfiame siawo ku ɖe Biblia me nyagblɔɖi me vava ŋu o hã la, emegbe wova nyae be nyagblɔɖi me vavae. Nyagblɔɖila Zaxarya gblɔ ɖi be Fia si ŋugbe Mawu do la ado tedzi ayi Yerusalem, ẽ, ado ‘tedzinɔ ƒe vi.’ Fia Salomo hã do tedzi nenema ke le amisisi nɛ me.
Esi nusrɔ̃lawo yi Betfage eye wokplɔ tedzivia kple nɔa yinae la, ame aɖewo siwo tsi tre ɖe afima la gblɔ be: “Nuka wɔ, eye miele tedzivi la tum mahã?” Gake esi wogblɔ na ameawo be Aƒetɔ lae wokplɔ wo yina na la, woɖe mɔ wokplɔ wo yi na Yesu. Nusrɔ̃lawo ɖo woƒe awu ɖe tedzinɔa kple via dzi, gake tedzivia ye Yesu do.
Esi Yesu doe ɖo ta Yerusalem la, amehawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Wo dome ame akpa gãtɔ keke woƒe awuwo ɖe mɔa dzi, esime ame bubuwo hã lã atilɔwo kaka ɖe mɔa dzi. Wodo ɣli be: “Woayra amesi gbɔna le [Yehowa] ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ”!
Ɣlidodo siawo ve dɔme na Farisitɔ aɖewo siwo le ameha la dome eye wogblɔ na Yesu be: “Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.” Gake Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.”
Esi Yesu gogo Yerusalem la, ekpɔ dua ɖa eye wòdze avifafa gɔme ɖe eta hegblɔ be: “Wò hã, ɖe nènya nusi na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me; ke azɔ la eɣla ɖe wò ŋkuwo!” Esi Yerusalem ɖoe kplikpaa gbe toɖoɖo la, axɔ nusi wòwɔ la ƒe fetu, abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene be:
“Wò ketɔwo [Romatɔ siwo le Aʋafia Tito ƒe kpɔkplɔ te] aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò, siwo le mewò la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o.” Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ sia si ƒe nya Yesu gblɔ ɖi la va eme ŋutɔŋutɔ le ƒe 37 megbe le ƒe 70 M.Ŋ. me.
Ameha la me tɔ geɖe kpɔe esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ. Fifia amesiawo yi edzi le nu ƒom tso nukunu ma ŋu na ame bubuwo. Eyata esi Yesu ge ɖe Yerusalem la, dua me katã tɔ zi. Amewo le biabiam be: “Ameka nye esia?” Eye amehawo nɔ egbɔgblɔ dzi na wo be: “Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.” Esi Farisitɔwo kpɔ nusi le dzɔdzɔm la, woxa nu be yewole kpo dom nu, elabena abe alesi wogblɔe ene la: “Xexeame katã dze eyome.”
Abe alesi Yesu wɔna ne wòva Yerusalem ene la, eyi ɖe gbedoxɔa me be yeafia nu. Ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le afima eye wòda gbe le wo ŋu! Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nu wɔmoyaa siwo wɔm Yesu le eye esime wose ɖeviwo le ɣli dom le gbedoxɔa me be, “Hosana na Dawid vi la!” la, eku dzi na wo. Wotsi tre ɖe eŋu gblɔ be: “Èse nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ o mahã?”
Yesu yi nufiafia la dzi, eye wòtsa ŋku le nuwo katã dzi godoo le gbedoxɔa me. Eteƒe megadidi hafi zã do o. Eyata wo kple ame 12 la dzo eye wogazɔ mɔ abe agbadroƒe eve [3 km] ene trɔ yi Betania. Etsi afima dɔ le Kwasiɖagbe zã me, anye exɔlɔ̃ Lazaro gbɔ kokokoe wòtsi dɔ. Mateo 21:1-11, 14-17; Marko 11:1-11; Luka 19:29-44; Yohanes 12:12-19; Zaxarya 9:9.
▪ Ɣekaɣie Yesu yi Yerusalem abe Fia ene, eye nɔnɔme ka mee wòyi le?
▪ Aleke gbegbe wòle vevie be amehawo nakafu Yesue?
▪ Aleke Yesu se le eɖokui me esime wòkpɔ Yerusalem, eye nya kae wògblɔ ɖi?
▪ Nukae dzɔ esime Yesu yi ɖe gbedoxɔa me?